INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 11/1 axa 4-5
  • Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Tameɖoɖo Ðɔʋu Nanɔ Wò Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 11/1 axa 4-5

Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?

ROSALIND, si tsi le England la di vevie be sidzedze geɖe wu nasu ye si le agbe me. Edi be yeakpe ɖe amewo ŋu hã. Esi wòwu suku nu la, ekpɔ dɔ gã aɖe si bia be wòanɔ kpekpeɖeŋu nam aƒemanɔsitɔwo, eye wòkpena ɖe nuwɔametɔwo hã ŋu. Togbɔ be ekpɔ dɔ nyui nɔ wɔwɔm, eye nuwo de edzi hã la, egblɔ be, “Tso ɣeaɖeɣi ke mebiana be, ‘Nu ka tae míele agbe ɖo?’ eye ‘Taɖodzinu kae le agbea ŋu?’”

Nu ka tae wòsɔ be woabia nya sia?

Amegbetɔwo mele abe lã siwo mebua tame la ene o. Ŋutete le míawo ya si be míasrɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ va yi la me, awɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu, eye míadi taɖodzinu si le agbea ŋu.

Aleke ame aɖewo ɖoa eŋui?

Ame geɖe gblɔna be taɖodzinu si koŋ le agbea ŋue nye be nàkpɔ kesinɔnuwo alo axɔ ŋkɔ, si awɔe be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me.

Nu kae ŋuɖoɖo ma fia?

Míawo ŋutɔwoe atso nya me le nu siwo le vevie wu le agbe me ŋu. Míaƒe didiwo le vevie wu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.

Nu kae nye Biblia ƒe nufiafia?

Kesinɔnu geɖe nɔ Fia Salomo si, eye wòti dzidzɔkpɔkpɔ yome vevie, gake eva de dzesii be nu siawo menana viɖe nɔa ame ƒe agbe ŋu ɖaa o. Eva de dzesi nu si koŋ nana taɖodzinu nɔa agbea ŋu esi wògblɔ be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagblɔla 12:13) Nu kae wòbia be míalé Mawu ƒe sewo me ɖe asi?

Tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu dometɔ ɖekae nye be míase vivi le agbe me. Salomo ŋlɔ bena: “Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe ale si mekpɔe ene.”—Nyagblɔla 2:24.

Mawu di hã be míalɔ̃ míaƒe ƒomea me tɔwo ahalé be na wo. De dzesi mɔfiame kpui siawo siwo wɔa dɔ, si wòna ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe.

  • “[Ele] be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.”—Efesotɔwo 5:28.

  • “Ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—Efesotɔwo 5:33.

  • “Ðeviwo, miɖo to mia dzilawo.”—Efesotɔwo 6:1.

Ne míewɔ ɖe Biblia me mɔfiame siawo dzi la, míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme aɖe si nu. Gake nu vevitɔ si míate ŋu awɔe nye be míasrɔ̃ nu sia nu si wòanya wɔ be míasrɔ̃ tso mía Wɔla la ŋu, eye míate ɖe eŋu anye exɔlɔ̃wo. Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míate ɖe Mawu ŋu.’ Eye wògblɔ kakaɖedzinya siawo kpee be: “Ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ne èwɔ ɖe amekpekpe sia dzi la, taɖodzinu vavã anɔ wò agbe ŋu.

Rosalind, si ŋu nya míegblɔ va yi la, va se le eɖokui me fifia be yenya taɖodzinu si le agbea ŋu. Àte ŋu axlẽ nu si wògblɔ be eyae kpe ɖe ye ŋu yetrɔ yeƒe susu la le magazine sia ƒe axa 10 lia.

Ðe manyo be nàxlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 12 lia be nàkpɔ ale si nànɔ agbee be wò nu nadze Mawu ŋu oa? Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org

Nu Kae Yesu Gblɔ Tso Agbemetaɖodzinu Ŋu?

Ðikeke aɖeke menɔ Yesu me ku ɖe taɖodzinu si le eƒe agbe ŋu la ŋu o. Egblɔ be: “Elabena nu si tae wodzim ɖo, si tae meva xexea me ɖo ye nye esi: be maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Nyateƒea fiafia amewo tso Mawu kple Eƒe tameɖoɖowo ŋue Yesu tsɔ wɔ agbemedɔe.

Taɖodzinu vavã anɔ míaƒe agbe ŋu ne míeto Yesu ƒe afɔtoƒewo. Le nyateƒe me la, Yesu kpe mí be míasrɔ̃ nu tso ye gbɔ. (Mateo 11:29) Bu mɔ siwo dzi míate ŋu ato awɔ esia la dometɔ eve pɛ ko ŋu kpɔ.

Yesu fia nu be hafi míakpɔ dzidzɔ la, ele be “[míanyae] be gbɔgbɔmenuwo hiã” mí. (Mateo 5:3) Be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ, si fia be míanɔ ƒomedodo me kple Mawu la, ele be míanya ‘Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si wòdɔ ɖa la.’—Yohanes 17:3.

Yesu de se na eyomedzelawo be woafia nu siwo wosrɔ̃ la ame bubuwo. Egblɔ na wo be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la.”—Mateo 28:19, 20.

Ame siwo toa Biblia sɔsrɔ̃ kple emenyawo dzi wɔwɔ dzi ɖenɛ fiana be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo la dea dzesii be yewoƒe agbe va ɖɔ ʋu wu. Eye ne wole kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la, wova kana ɖe edzi be taɖodzinu le yewoƒe agbe ŋu vavã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe