INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 12/1 axa 3
  • Nu Ka Tae Amewo Ðua Kristmas?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Amewo Ðua Kristmas?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Kristmas O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Egbegbe Kristmas ƒe Dzɔtsoƒewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nuka Koŋ ƒe Azãe Kristmas Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Kristmas—Nukata Woɖunɛ le Ɣedzeƒe Gɔ̃ Hã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 12/1 axa 3

Nu Ka Tae Amewo Ðua Kristmas?

“Ele bɔbɔe be ame nava nɔ hloloe tsom le nu siwo azãa ɖuɖu bia ta. Nu siwo me amewo ƒoa wo ɖokui ɖo le azãa ɖuɖu me la va zu kɔnu dzro aɖe ko, hloloetsotsowo wɔnɛ be amewo metea ŋu kpɔa vovo ɖe woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋu o. Eye ɣeaɖewoɣi la, nutikɔname va xɔna ɖe dzidzɔ si wòle be míakpɔ la teƒe.”—OKLAHOMA [U.S.A.] ƑE NUTOMEDZIÐULA TSÃTƆ BRAD HENRY, DECEMBER 23, 2008.

NE Kristmas ɖuɣi le aƒe tum la, hadzidziwo, videowo kple television dzi wɔnawo nana amewo tsɔa dzidzɔ nɔa mɔ kpɔm na azã sia ɖuɖu. Nu kae nèsusu be eyae wòle be wòanye taɖodzinu vevitɔ na azã sia ɖuɖu? Ðe wòle be wòanye

  • Ŋkuɖoɖo Yesu Kristo dzia?

  • Dzidzɔ Si Tsoa Nunana Mea?

  • Kpekpeɖeŋunana ame siwo hiã tua?

  • Nuwɔwɔ ɖekae kple ƒometɔwoa?

  • Ŋutifafawɔwɔa?

Nutomedziɖula Henry ƒe nya siwo dze le miame la ɖee fia be esesẽna na ame geɖe siwo ɖua Kristmas la be woaɖo taɖodzinu siawo gbɔ le azãa ɖuɣi. Nu si koŋ va ɖe dzesi le Kristmas ɖuɣia ŋue nye asitsatsa, hloloetsotsowo kple dagbadagbawo. Ðe taɖodzinu si koŋ tae amewo ɖua Kristmas ɖo la zu dze bu ɖe ama mea?

Biblia de dzi ƒo na mí katã be míaɖo ŋku Yesu Kristo dzi, míalɔ̃ faa ana nu ame, míakpe ɖe amewo ŋu, eye míakpɔ vovo ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu. Efia mí hã be míanye ŋutifafamewo. Eya ta le esi míaƒo nu tso nu si tae ame aɖewo meɖua Kristmasa o ŋu teƒe la, míadzro biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo me le nyati siwo kplɔ esia ɖo me:

  • Nu kae ame aɖewo gblɔna be eyae nye taɖodzinu si tae wòle be woaɖu Kristmas?

  • Nu ka tae wòsesẽna be woaɖo taɖodzinu siawo gbɔ le Kristmas ɖuɣia?

  • Biblia me gɔmeɖose kawoe na ame miliɔn geɖe ke ɖe nane si nyo wu Kristmas ŋu?

a Ne èdi be yeaxlẽ nu tso nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ si tae ame aɖewo meɖua Kristmas o ŋu la, kpɔ nyati si nye “Exlẽlawo Bia Be—Nu Ka Tae Ame Aɖewo Meɖua Kristmas O?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe