INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 1/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ènya Mawu Ƒe Ŋkɔa, Èzãnaea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 1/1 axa 16

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Mawu ƒe ŋkɔ ɖe?

Ŋkɔ le míaƒe ƒometɔwo katã si. Amewo tsɔa ŋkɔ na aƒemelãwo gɔ̃ hã! Ke ɖe mele be míakpɔ mɔ be ŋkɔ nanɔ Mawu hã si oa? Woyɔ dzesideŋkɔ geɖewo na Mawu le Biblia me, abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Aƒetɔ Dziɖulagã kple Wɔla ene, gake ŋkɔ ŋutɔŋutɔ hã le esi.—Xlẽ Yesaya 42:8.

Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa dze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me le Psalmo 83:18. Le Eʋegbe Biblia me la, edze le kpukpui 19 lia, afi si gblɔ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”

Nu ka tae wòle be míazã Mawu ƒe ŋkɔa?

Míeyɔa míaƒe ame lɔlɔ̃wo kple mía xɔlɔ̃ veviwo ƒe ŋkɔwo na wo ne míele nu ƒom kpli wo

Mawu di be míazã yeƒe ŋkɔa. Míeyɔa míaƒe ame lɔlɔ̃wo kple mía xɔlɔ̃ veviwo ƒe ŋkɔwo na wo ne míele nu ƒom kpli wo, vevietɔ ne woɖe mɔ na mí be míawɔe nenema. Ke ɖe mele be wòanɔ alea ne míele nu ƒom kple Mawu hã oa? Gawu la, Yesu Kristo de dzi ƒo na mí be míazã Mawu ƒe ŋkɔa.—Xlẽ Mateo 6:9; Yohanes 17:26.

Gake be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la, ebia nu geɖe wu eƒe ŋkɔa ɖeɖe ko nyanya. Le kpɔɖeŋu me, ame ka ƒomevie Mawu nye? Ðe wòanya wɔ be míate ɖe Mawu ŋua? Àte ŋu akpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe