Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Mexico
ENYE dzidzɔ ŋutɔ be míakpɔe be Ðasefo ɖekakpui kple ɖetugbui geɖewo le agbagba dzem be yewoanɔ agbe tsɛ ale be yewoakeke yewoƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. (Mat. 6:22) Tɔtrɔ kawo wɔm wole? Kuxi kawoe wodoa goe? Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, mina míase nya siwo wo dometɔ aɖewo siwo le subɔsubɔm le Mexico fifia la gblɔ.
“EHIÃ BE MÍAWƆ TƆTRƆ AÐEWO”
Dustin kple Jassa
Dustin kple Jassa siwo tso United States la ɖe wo nɔewo le January 2007 me. Le ema megbe kpuie la, woƒe didi vevi aɖe va eme na wo—si nye be yewoaƒle tɔdziʋu sue aɖe si yewoatsɔ awɔ yewoƒe aƒee. Wode seke woƒe tɔdziʋu suea ɖe teƒe aɖe si gogo Astoria, Oregon, U.S.A.; enye du dzeani aɖe, afi si togbɛ siwo dzi ati kɔkɔ damawo kple to siwo tame sno xɔ la le; medidi boo tso Pasifik Ƒugã la gbɔ o. Dustin gblɔ be, “Afi sia afi si nàtrɔ ɖo la, àkpɔe be nuto bliboa nya kpɔ ale gbegbe!” Srɔ̃tɔ siawo susu be yewole agbe tsɛ nɔm hele ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu. Wogblɔna na wo ɖokuiwo be, ‘Tɔdziʋu sue si ƒe didime nye meta 7.9 la koe nye míaƒe aƒe, míewɔa ɣeyiɣi aɖe ko ƒe ŋutilãmedɔ, míedea kpekpe le dutagbe hame aɖe me eye míewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi.’ Gake emegbe wova kpɔe be ɖe yewole yewo ɖokuiwo flum. Dustin gblɔ be: “Le esi teƒe be míanɔ kpekpem ɖe hamea ŋu la, ɖeko míezãa míaƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ nɔa asi trɔm le tɔdziʋua ŋu. Míenyae be ne míedi be míatsɔ Yehowa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me vavã la, ke ehiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo.”
Jassa hã gblɔ be: “Hafi mava ɖe srɔ̃ la, menɔ Eŋlisigbe hame aɖe me le Mexico. Subɔsubɔdɔa wɔwɔ le afi ma doa dzidzɔ nam, eye edzroam be matrɔ ayi.” Esi Dustin kple Jassa di be yewoatu dzodzro si le yewo me be yewoasubɔ le duta ɖo ta la, wodzroa nɔvi siwo ʋu yi ɖale subɔsubɔm le dukɔ bubuwo me, afi si agbleawo dzi ƒu hena ŋeŋe le, la ƒe ŋutinyawo me le woƒe ƒometadedeagu me. (Yoh. 4:35) Dustin gblɔ be: “Míedi be míakpɔ dzidzɔ ma tɔgbi.” Esi Dustin kple Jassa see tso wo xɔlɔ̃ aɖewo gbɔ be ƒuƒoƒo yeye aɖe si woɖo le Mexico hiã kpekpeɖeŋu la, woɖoe be yewoaʋu ayi afi ma. Woɖe asi le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu, wodzra woƒe tɔdziʋu suea eye woʋu yi Mexico.
“AFƆÐEÐE NYUITƆ KEKEAKE SI MÍEWƆ”
Dustin kple Jassa yi ɖanɔ Tecomán—si hã te ɖe Pasifik Ƒugã la ŋu, gake didi kilometa 4,345 tso Astoria gbɔ, le eƒe anyiehe gome. Dustin gblɔ be: “Ya fafɛ si ƒona ɖe mí tsã kple togbɛ dzeaniwo mele afi sia o, ke boŋ yame xɔa dzo gbagbagbã eye voŋutiti sɔŋ ko nàkpɔ.” Le gɔmedzedzea la, womenɔ dɔwɔɖui aɖeke kpɔm o. Esi ga menɔ wo si o ta la, mɔli kple ayi koe woɖuna zi eve gbe ɖeka kwasiɖa ɖe sia ɖe. Jassa gblɔ be: “Ɣesiaɣi si wòwɔ na mí be nu ɖeka ɖuɖu ti mí ko la, míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo va naa mango, akɔɖu, aɖiba, kple voŋuti gbogbo aɖewo mí!” Emegbe srɔ̃tɔ siawo va kpɔ dɔ; wofiaa wo degbe sukuviwo le Taiwan to Internet dzi. Ga si wokpɔna la kpɔa woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ na wo azɔ.
Aleke Dustin kple Jassa se le wo ɖokui me tso ale si woƒe agbe va trɔe ŋu? Wogblɔ be: “Afi sia si míeʋu va lae nye afɔɖeɖe nyuitɔ kekeake si míewɔ. Mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me sẽ ɖe edzi wu, eye míaƒe srɔ̃ɖeɖea hã va nyo ɖe edzi wu. Míewɔa nu geɖe ɖekae gbe sia gbe—míedea gbeadzi, míeɖoa dze tso ale si míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu, eye míedzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu ɖekae. Azɔ hã míegatsia dzimaɖi fifia abe tsã ene o.” Wogblɔ kpee be: “Fifia míeva kpɔ ŋugbedodo si le Psalmo 34:9 la ƒe nyateƒenyenye dze sii nyuie wu, afi si gblɔ be, ‘Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.’”
NU KAE ƲÃ AME AKPE GEÐE WOTSƆ WO ÐOKUIWO NA FAA?
Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 2,900 sɔŋ—srɔ̃tɔwo kple trewo siaa, siwo dometɔ geɖewo xɔ tso ƒe 20 va se ɖe ƒe 30 alo wu nenema—la ʋu yi ɖale subɔsubɔm le Mexico ƒe nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖewo hiã le wu. Nu ka tae Ðasefo siawo katã lɔ̃ be yewoawɔ dɔ sia si bia be woatsɔ nu geɖe asɔ vɔe? Esi wobia nya sia wo dometɔ aɖewo la, wotɔ asi susu vevi etɔ̃ aɖewo dzi. Woawoe nye kawo?
Leticia kple Hermilo
Be woaɖe lɔlɔ̃ na Yehowa kple wo haviwo afia. Leticia xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 18. Egblɔ be: “Esi metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa la, mese egɔme be efia be masubɔe tso dzi kple luʋɔ blibo me. Eya ta medi be mazã nye ɣeyiɣi kple ŋusẽ le subɔsubɔdɔa me atsɔ aɖee afia be melɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me.” (Marko 12:30) Hermilo, si ɖe Leticia fifia la, xɔ wu ƒe 20 esi wòʋu yi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖewo hiã le. Egblɔ be: “Mekpɔe be kpekpe ɖe hanyeviwo ŋu be woadze si Yehowa ye nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi mato aɖee afia be melɔ̃ wo.” (Marko 12:31) Eya ta eʋu le Monterrey, si nye dugã si me wònɔ dɔ wɔm le le gadzraɖoƒe aɖe eye agbe nɔ edzi dzem nɛ ŋutɔ la heyi du sue aɖe me.
Essly
Be woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Esi Leticia xɔ nyɔnyrɔ megbe teti la, woa kple nɔvinyɔnu mɔɖela bibi aɖe ʋu yi kɔƒedu aɖe me heva ɖe gbeƒã le afi ma ɣleti ɖeka. Leticia gblɔ be: “Ale si ameawo xɔ Fiaɖuƒegbedeasia nyuie la wɔ nuku nam ŋutɔ, eye wòna mekpɔ dzidzɔ geɖe. Le ɣleti ma ƒe nuwuwu la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Nu si tututu medi be mawɔ le agbe mee nye esia!’” Nenemae wònɔ le Essly, ɖetugbui si le eƒe ƒe 20-awo me hã gome; ekpɔe be ame siwo le dɔ sia wɔm la le dzidzɔ geɖe kpɔm, eye esiae ʋãe wòƒo eɖokui ɖe eme. Esi wònɔ sekɛndrisuku (lycée) la, edo go Ðasefo veviedola geɖe siwo le subɔsubɔm le afi si hiahiã geɖe wu le. Egblɔ be: “Dzidzɔ si mekpɔ le mo na nɔvi mawoe na wòdzrom be manɔ agbe sia tɔgbi.” Menye nɔvinyɔnu Essly ɖeɖe ko dzie esia kpɔ ŋusẽ ɖo o. Le nyateƒe me la, nɔvinyɔnu tre siwo wu 680 sɔŋ ye le subɔsubɔm le Mexico ƒe teƒe siwo hiahiã geɖe wu le fifia. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi woɖo ɖi na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa!
Be woanɔ agbe si me taɖodzinu kple dzidzeme le. Esi Essly wu suku nu la, wokpee be wòava de yunivɛsiti femaxee. Ehatiwo ƒoe ɖe enu be wòayi ne wòate ŋu ava nɔ “agbe si sɔ” le etsɔme—yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ asu esi, akpɔ dɔ gã, aƒle ʋu eye wòaɖi tsa aɖe modzaka. Ke hã meɖo to wo o. Essly gblɔ be: “Xɔ̃nye Kristotɔ geɖewo ti nu mawo yome eye mekpɔe be gbɔgbɔmetaɖodzinuwo megava le vevie na wo o. Mekpɔe hã be kuxi siwo vaa wo dzi esi woƒo wo ɖokuiwo ɖe xexemenuwo didi me fũu la na wova tsi dzimaɖi. Nye ya medi be mazã nye sɔhɛmenɔɣi atsɔ asubɔ Yehowa bliboe.”
Racquel kple Phillip
Essly srɔ̃ nu bubu aɖewo le suku siwo akpe ɖe eŋu be wòakpɔ dɔ awɔ atsɔ akpɔ eɖokui dzi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye emegbe wòʋu yi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖewo hiã vevie le. Edze Otomi kple Tlapaneco tɔ siwo le afi ma la ƒe gbewo hã sɔsrɔ̃ gɔme. Esi wòwɔ gbeƒãɖeɖedɔa le saɖeaganuto mawo me ƒe etɔ̃ megbe la, egblɔ be: “Subɔsubɔdɔa wɔwɔ le afi si hiahiã geɖe wu le la na taɖodzinu va le nye agbe ŋu eye mele dzidzeme geɖe kpɔm. Vevietɔ wu la, ena nye kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu.” Phillip kple Racquel, srɔ̃tɔ siwo tso United States, siwo le woƒe ƒe 30-awo me la hã lɔ̃ ɖe nya siawo dzi. Wogblɔ be: “Xexea le tɔtrɔm kabakaba ale gbegbe be ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me be yewomele dedie o. Gake esi míele subɔsubɔm le afi si ame geɖe ɖoa to Biblia me gbedeasia le la, ena be taɖodzinu vavã aɖe va le míaƒe agbe ŋu. Míele dzidzeme geɖe kpɔm!”
KUXIAWO—ALE SI MÍAKPƆ WO GBƆE
Verónica
Gake subɔsubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu la ƒe kuxiwo li. Ðekae nye ale si nàkpɔ ga atsɔ akpɔ ɖokuiwò dzi. Ahiã be nàtrɔ ɖe nutoa me ƒe nɔnɔmewo ŋu. Verónica, si nye mɔɖela bibi aɖe la, gblɔ be: “Le teƒe aɖe si mesubɔ le va yi la, meɖaa nuɖuɖu siwo mexɔ asi fũu o dzrana. Le teƒe bubu la, medzra awuwo eye mekpaa ɖa na amewo hã. Fifia medzraa aƒe me ɖo na amewo eye mefiaa nu dzila siwo di be yewoasrɔ̃ ale si yewoaɖo dze nyuie kple yewo viwo.”
Ne èʋu yi ɖale ame siwo ƒe dekɔnu to vovo dome la, tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ate ŋu asesẽ. Nenemae wònɔ le Phillip kple Racquel siwo subɔ le Nahuatl-gbedolawo dome la gome. Phillip gblɔ be: “Vovototo gã aɖe le míaƒe dekɔnu kple wo tɔ dome.” Nu kae kpe ɖe wo ŋu wotrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu? Phillip yi edzi be: “Míena míaƒe susu nɔ nu nyui siwo míede dzesii le Nahuatl-gbedolawo ŋu la ŋuti—ale si ƒometɔwo dome le kplikplikpli, ale si woɖia anukware na wo nɔewo kple ale si wonyoa dɔme na ame.” Racquel gblɔ kpee be: “Míesrɔ̃ nu geɖe le afi ma, míesrɔ̃ ale si míasubɔ ɖekae kple mía nɔvi siwo le nuto ma me.”
ALE SI NÀDZRA ÐO
Ne èdi be yeasubɔ le saɖeaganuto aɖe si me wohiã kpekpeɖeŋu le me la, nu kae nàte ŋu awɔ fifia atsɔ adzra ɖo? Nɔvi siwo subɔ alea kpɔ la gblɔ be: Hafi nàʋu la, srɔ̃ agbe tsɛ nɔnɔ, eye nàna nu siwo le asiwò nadze ŋuwò. (Flp. 4:11, 12) Nu bubu kawo hãe nàgate ŋu awɔ? Leticia gblɔ be: “Nyemelɔ̃ wɔ ŋutilãmedɔ siwo abia be mawɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe ɣeyiɣi didi o. Medi be mate ŋu aʋu ayi afi sia afi si hiahiã le la ɣesiaɣi.” Hermilo gblɔ be: “Mesrɔ̃ nuɖaɖa, nunyanya, kple nudziɖoɖo.” Verónica hã gblɔ be: “Esi menɔ dzinyelawo kple nɔvinyewo gbɔ la, mekpe asi ɖe aƒemedzadzraɖo ŋu, eye mesrɔ̃ nuɖuɖu siwo me nunyiame le evɔ womegblẽa ga fũu o la ɖaɖa. Mesrɔ̃ ale si madzra ga ɖo hã.”
Amelia kple Levi
Levi kple Amelia siwo tso United States, siwo ɖe wo nɔewo ƒe enyie nye esia la gblɔ ale si gbedodoɖa tso woƒe didiwo ŋu kpe ɖe wo ŋu le dzadzraɖo ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Mexico ŋu me. Levi gblɔ be: “Míebu ga si míahiã be míate ŋu asubɔ le dukɔ bubu me ƒe ɖeka la ƒe home, eye míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ga ma tututu.” Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, wote ŋu dzra ga si tututu wobia le gbedodoɖa me la ɖo eye woʋu enumake. Levi gblɔ be: “Yehowa na nu si tututu míebiae la su mía si, eya ta fifia susɔea kpo ɖe mía gbɔ.” Srɔ̃a Amelia gblɔ kpee be: “Míeɖoe be míava nɔ afi sia ƒe ɖeka, gake ƒe adre sɔŋue nye esia míele afi sia, eye meva susu me na mí be míatrɔ adzo o! Afi sia nɔnɔ na míekpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋui. Míekpɔa eƒe dɔmenyonyo teƒe gbe sia gbe.”
Adam kple Jennifer
Le Adam kple Jennifer, atsu kple asi siwo tso United States hele subɔsubɔm le Eŋlisigbe hame siwo le Mexico me hã gome la, gbedodoɖa wɔ akpa vevi aɖe. Woɖo aɖaŋu be: “Mèganɔ lalam be nɔnɔmeawo nasɔ pɛpɛpɛ abe ale si nèdii ene hafi o. Tsɔ didi si le mewò be nàsubɔ le nuto bubu me la de gbedodoɖa me, eye nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple wò gbedodoɖa la. Nɔ agbe tsɛ, ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ si nèdi be yeaɖasubɔ le la me, eye ne èbu eŋu kɔnta vɔ la, nàʋu!”a Ne èwɔ esia la, àkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe le wò subɔsubɔdɔa me.
a Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ nyati si nye “Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?” si dze le August 2011 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.