INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 5/1 axa 8-9
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nye dzi nɔ veve sem eye menye ŋutasẽnuwɔla
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 5/1 axa 8-9

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Medi Vevie Be Mava Zu Nunɔla”

Abe ale si Roberto Pacheco gblɔe ene

  • ƑE SI ME WODZII: 1957

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: MEXICO

  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: EDE NUNƆLASUKU; ENYE DZIKUME

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Wodzim le Texcoco, si nye du sue aɖe me. Ɣemaɣi la, womedo mɔ siwo to dua me la dometɔ akpa gãtɔ o, eye ʋuʋu nɔa wo dzi. Zi geɖe la, amewo doa agbawo ɖe woƒe tedziwo dzi tso kɔƒe siwo tsɔ mía gbɔ la me va dzrana. Míaƒe ƒomea da ahe ŋutɔ; mí ame asiekee wodzi, eye nyee nye adrelia. Atokotawo dzadzraɖoe nye dɔ si fofonye wɔna tsɔ kpɔa ƒomea dzi. Gake eku esime mexɔ ƒe adre. Tso ekema dzi la, danye dagbana hafi kpɔa ƒomea dzi.

Tɔgbuinye nye kasaŋkuƒola eye wònye haƒoha aɖe si ƒoa ha le sɔlemewo me la ƒe ŋgɔnɔla. Nye ƒometɔwo katã kloe nya haƒonu aɖe ƒoƒo. Danye nye sɔlemehadziha me tɔ, eye nyruinye nye saŋkuƒola kple hadzila le opera-fefewo me. Míenye Katolikotɔ dovevienuwo—menye misasubɔvi, eye edzrom vevie be mava zu mawunyadɔgbedela. Le ɣeyiɣi ma ke me la, karat-videowo kpɔkpɔ doa dzidzɔ nam. Zi ale si mekpɔ video mawo la, zi nenemae melɔ̃ adãnuwɔwɔe.

Meva nɔ nunɔlasuku aɖe dem le Puebla. Nye taɖodzinue nye be mava zu Katolikotɔwo ƒe nunɔla. Gake le nye ƒe mamlɛtɔ me la, Katolikohaa ƒe nu megava nɔ ŋunye dzem o. Nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo dometɔ ɖeka do gbɔdɔnyawo ɖe gbɔnye. Meɖu tetekpɔ ma dzi, gake eƒe nuwɔnaa nyɔ dzodzroa ɖe menye be maɖe srɔ̃. Gakpe ɖe eŋu la, mede dzesii be nunɔla geɖewo nye alakpanuwɔlawo. Mlɔeba, metso nya me be nyemaganye nunɔla o.

Esi menye misasubɔvi la, edzrom vevie be mava zu Katoliko mawunyadɔgbedela, ke hã karat-videowo kpɔkpɔ doa dzidzɔ nam, si wɔe be melɔ̃ adãnuwɔwɔ

Meva srɔ̃ haƒoƒo le haƒoƒosrɔ̃suku aɖe (National Conservatory of Music) le Mexico City. Esi mewu sukua nu la, meɖe srɔ̃, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, míedzi vi ene. Medzia ha le Katolikohaa ƒe Misa-wɔɣiwo tsɔ kpɔa nye ƒomea dzi.

Tso esime míeɖe srɔ̃ teti koe kuxiwo ge ɖe míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Nye kple srɔ̃nye míewɔa nu ɖe mía nɔewo ŋu adãtɔe le ŋuʋaʋã ta. Le gɔmedzedzea me la, míenɔa nyaʋa wɔm, ke emegbe la, míeva nɔ asi dom ɖe mía nɔewo gbɔ. Mlɔeba, le ƒe 13 megbe la, mía dome klã eye míeva gbe mía nɔewo emegbe.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Yehowa Ðasefowo dzro nu me kplim kpɔ hafi mía kple srɔ̃nyea dome va klã. Ðasefo eve va ƒo ʋɔ na mí be yewoadzro Biblia me kpli mí. Mesusu be menya nu geɖe tso mawusubɔsubɔ ŋu, eya ta mete kpɔ be maɖee afia wo be womele nyateƒea fiam o. Metsɔ biabia sesẽ siwo mesusu be ŋuɖoɖo meli na o la tu wo. Gake ewɔ nuku nam be wozã Biblia tsɔ ɖo nye biabiawo katã ŋu nam ɖe eteƒe. Meva kpɔe be nyemenya nu boo aɖeke o. Ke hã srɔ̃nye mekɔa ŋkume ɖe Ðasefoawo o, eye vovo menɔa nye hã ŋunye kura o, eya ta wodzudzɔ vava.

Ƒe atɔ̃ megbe la, mía kple Yehowa Ðasefowo míegado go ake esime mía kple nyɔnu bubu aɖe si ŋkɔe nye Elvira míeva li. Elvira ya metsi tsitre ɖe Ðasefoawo ŋu o, eya ta wotea ŋu srɔ̃a Biblia kplim edziedzi. Ke hã exɔ ƒe geɖe hafi mete ŋu trɔ nye agbenɔnɔ.

Mekpɔe be ne medi be masubɔ Yehowa kple dzi blibo la, ahiã be mawɔ tɔtrɔ gã aɖewo. Gbã la, ahiã be madzudzɔ hadzidzi le Katolikohaa ƒe Misa-wɔɣiwo, eye esia fia be ele be madi dɔwɔɖui bubu. (Nyaɖeɖefia 18:4) Ele hã be maɖe Elvira le se nu.

Tɔtrɔ siwo wɔwɔ sesẽ nam wu la dometɔ ɖekae nye be, maɖu ɖokuinye dzi be nyemaganɔ dziku dom helĩhelĩ o. Mawunyakpukpui eve aɖewo koŋue kpe ɖe ŋunye; woawoe nye: Psalmo 11:5, afi si ɖee fia be Yehowa lé fu ŋutasẽnuwɔwɔ, kple 1 Petro 3:7, si fiam be, ne medi be Yehowa naɖo to nye gbedodoɖawo la, ele be mawɔ nu ɖe srɔ̃nye ŋu bubutɔe.

Biblia fiam be, ne medi be Yehowa naɖo to nye gbedodoɖawo la, ele be mawɔ nu ɖe srɔ̃nye ŋu bubutɔe

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Mele dzidzɔ kpɔm le nye ƒomea me azɔ. Mele agbagba dzem be madzra mía kple vinyeŋutsu siwo srɔ̃nye gbãtɔ dzi nam la dome ɖo ahakpe ɖe nye ƒome yeyea ŋu be woali ke le xɔse me.

Esime menye ɖevi la, medi vevie be mava zu nunɔla eye makpe ɖe amewo ŋu. Fifia mekpɔe be viɖe le nye agbe ŋu vavã. Mefiaa haƒoƒo amewo tsɔ kpɔa nye ƒomea dzi. Medaa akpe na Yehowa hã be egbɔ dzi ɖi nam hena mɔnukpɔkpɔm be metrɔ nye agbenɔnɔ heva zu ame ɖɔʋu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe