INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 5/1 axa 15
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu Atsɔ Nye Nu Vɔ̃wo Akema?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Ne Mawu Tsɔ Nu Vɔ̃ Ke La, Ðe Wòŋlɔnɛ Bea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa, Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 5/1 axa 15

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mía?

Mesesẽ akpa be míadze Mawu ŋu o

Biblia na míenya be amegbetɔwo katã nye nu vɔ̃ wɔlawo. Míenyi nu vɔ̃ ƒe dome tso ame gbãtɔ, Adam, gbɔ. Esia wɔnɛ be míewɔa nu gbegblẽ ɣeaɖewoɣi eye nu si míewɔ la va vea mí emegbe. Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ku ɖe mía ta tsɔ xe fe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Eƒe tafevɔsaa wɔe be woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Mawu ƒe nunanae esia nye.​—Xlẽ Romatɔwo 3:23, 24.

Ame aɖewo wɔ nu vɔ̃ gãwo eye ewɔna na wo be ɖewohĩ Mawu matsɔe ake yewo o. Dzidzɔtɔe la, Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Via Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.” (1 Yohanes 1:7) Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã ake mí, ne míeɖee fia be míetrɔ dzi me vavã.​—Xlẽ Yesaya 1:18.

Nu kae wòle be míawɔ be Mawu natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí?

Ne míedi be Yehowa Mawu natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, ehiã be míasrɔ̃ nu tso eyama ŋu, si fia be míase eƒe mɔwo, eƒe aɖaŋuɖoɖowo kple eƒe nudidiwo gɔme. (Yohanes 17:3) Yehowa tsɔa ame siwo trɔ dzi me tso woƒe agbe baɖa nɔnɔ me eye wodze agbagba wɔ tɔtrɔ la ƒe nu vɔ̃wo kea wo faa.​—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 3:19.

Mesesẽ akpa be míadze Mawu ŋu o. Yehowa nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Enye nublanuikpɔla kple dɔmenyotɔ. Ðe eƒe amenuveve meʋã wo nèdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso ale si nàwɔ adze eŋu ŋu oa?​—Xlẽ Psalmo 103:13, 14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe