INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 6/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O
    Nyɔ!!—2023
  • Nunana Mavɔ Si Tso Wɔla La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Le Nyɔ! Ƒe Tata Sia Me
    Nyɔ!!—2023
  • Ðe Amegbetɔwo Agblẽ Anyigbaa Gbidiia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 6/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Tameɖoɖo aɖe tae míaƒe anyigba li ɖoa?

Ðekakpui aɖe le ŋku lém ɖe ale si nuwɔwɔwo le amadede vovovowo mee la ŋu

Ðe wowɔ anyigbaa be wòanye dzidzɔteƒe na amegbetɔwo katã

Míaƒe anyigba sia koe sɔ na agbenɔnɔ. Tsi wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe agbe lelé ɖe te me, eye esɔ gbɔ ɖe anyigba dzi fũu. Anyigba ƒe viaviã, eƒe totro kple xlãƒoƒo ɣe la siaa nye nu siwo sɔ pɛpɛpɛ ale be atsiaƒuwo nagabla azu tsikpe alo woaxɔ dzo gbãgbãgbã ahamie o. Eye ya si ƒo xlã anyigba la kple nuheŋusẽ siaa kpɔa eta tso ɣe ƒe keklẽ wuamewo si me. Kadodo si le nu miemiewo kple lãwo dome si wɔe be wotea ŋu léa agbe ɖe te le anyigba dzi la wɔ nuku ŋutɔ. Le esia ta, ame geɖe va ƒo nya ta be, tameɖoɖo aɖe tae wowɔ míaƒe anyigbaa ɖo.​—Xlẽ Yesaya 45:18.

Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ hã nye tameɖoɖo ma ƒe akpa aɖea?’​—Xlẽ 5 Mose 32:4, 5.

Ðe tameɖoɖo si ta wowɔ anyigba ɖo la ava emea?

Ðe wowɔ anyigba la be wòanye aƒe kple dzidzɔteƒe na ame siwo dea bubu wo nɔewo ŋu eye wolɔ̃ wo Wɔla la. Eya ta, tameɖoɖo le amegbetɔ ƒe agbe ŋu sãsãsã wu atiwo, alo lãwo ƒe agbe. Míate ŋu adze si mía Wɔlaa eye eƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ate ŋu alé dzi mí, eye míate ŋu asrɔ̃e hã.​—Xlẽ Nyagblɔla 12:13; Mixa 6:8.

Mía Wɔlaa ate ŋu ana eƒe tameɖoɖo ɖe sia ɖe nava eme pɛpɛpɛ. Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa, eye wòawɔ míaƒe anyigbaa wòazu dzidzɔteƒe deblibo na ameƒomea.​—Xlẽ Psalmo 37:11, 29; Yesaya 55:11.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?,ƒe ta 3 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe