INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 11/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsitretsitsi Li!
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Wò Ame Vevi Siwo Ku La Agate Ŋu Ava Nɔ Agbe Ake!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Yesu Ƒe Tsitretsitsia​—Yayra Si Wònye Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 11/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre nyateƒea?

Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre esi wòyɔe be wòado go va tso yɔdo me

Yesu fɔ Lazaro si ku ŋkeke ene sɔŋ la ɖe tsitre

Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be Yesu gbɔ agbe ame kukuwo. Menye nyakpakpawoe ŋutinya mawo nye o; wonye nu siwo dzɔ le teƒe siwo li ŋutɔŋutɔ kple le ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 31 ƒe dzomeŋɔli la, ameha gã aɖe dze Yesu yome tso Kapernaum yina Nain. Esi woɖo Nain la, wodo go ameha bubu aɖe tso dua me gbɔna. Ɣemaɣie Yesu fɔ ɖekakpui aɖe ɖe tsitre. Àte ŋu aka ɖe ŋutinya sia dzi elabena woŋlɔe ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia me, eye gakpe ɖe eŋu la, ameha gbogbo aɖe nɔ eteƒe hafi wòfɔe ɖe tsitre.​—Xlẽ Luka 7:11-15.

Yesu fɔ exɔlɔ̃a Lazaro si ku ŋkeke ene sɔŋ la hã ɖe tsitre. Àte ŋu axɔ nu si Yesu wɔ gbe ma gbe la ŋuti nyatakaka dzi ase, elabena ame geɖe kpɔ tsitretsitsi ma hã teƒe.​—Xlẽ Yohanes 11:39-45.

Nu ka tae Yesu fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre?

Veveseseɖeamenue ʋã Yesu wòfɔ ame siwo ku la ɖe tsitre. Gakpe ɖe eŋu la ewɔ esia tsɔ ɖee fia be ye Fofo, si nye Agbenala la, na ŋusẽ ye ɖe ku dzi.​—Xlẽ Yohanes 5:21, 28, 29.

Esi Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, esia na míeka ɖe edzi be awɔ nu siwo katã ƒe ŋugbe wòdo be yeawɔ na mí le etsɔme. Afɔ ame miliɔn geɖe ɖe tsitre, afɔ ame madzɔmadzɔ siwo menya naneke tso Mawu vavã la ŋu o la hã ɖe tsitre. Woana mɔnukpɔkpɔ wo be woadze si Yehowa Mawu ahalɔ̃ eyama.​—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe