INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 12/1 axa 3
  • Ðe Mia Kple Mawu Dome Le Kplikplikplia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mia Kple Mawu Dome Le Kplikplikplia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ANYA WƆ BE MÍATE ÐE MAWU ŊU
  • Agbenɔnɔmɔ Bubu Aɖeke Megali Si Nyo Wu Esia O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ðe Nàte Ŋu ‘Ate Ðe Mawu Ŋu’ Nyateƒea?
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Èɖoa Dze Kple Mawua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Aleke Tututue Wò Kple Yehowa Dome Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 12/1 axa 3
Ŋutsu aɖe si le ŋugble dem le Mawu ŋu

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ATE ÐE MAWU ŊU

Ðe Mia Kple Mawu Dome Le Kplikplikplia?

“Ne wò kple Mawu dome le kplikplikpli la, ana nàse le ɖokuiwò me be yele dedie, naneke mehiã ye o, eye ana nàli ke. Ana nàse le ɖokuiwò me be Mawu ƒe ŋku le ye ŋu ɣesiaɣi be yeana nu nadze edzi na ye.”​—CHRISTOPHER, ÐEKAKPUI AÐE SI TSO GHANA.

“Mawu kpɔa wò fukpekpewo katã eye wòɖea lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme geɖe fia wò wu ale si wò ŋutɔ nàte ŋu asusui.”—ƑE 13 VI HANNAH SI TSO ALASKA LE U.S.A.

“Asixɔxɔ gã kple dziɖeɖi blibo aɖe ŋutɔe wònye be nànya be ye kple Mawu dome le kplikplikpli!”​—GINA, JAMAICA NYƆNU AÐE SI LE EƑE ƑE 40-AWO ME.

Menye Christopher, Hannah kple Gina ɖeɖe koe sena le wo ɖokui me alea o. Le xexea me godoo la, ame geɖewo li siwo hã xɔe se be Mawu bua yewo be yewonye exɔlɔ̃wo. Ke wò ya ɖe? Èsena le ɖokuiwò me be wò kple Mawu dome le kplikplikplia? Alo àdi be yeate ɖe eŋu alo mia dome naganɔ kplikplikpli wua? Ðewohĩ àbia be: ‘Ðe wòanya wɔ be amegbetɔ dzrowo nadze xɔlɔ̃ Mawu ŋusẽkatãtɔa? Ne anya wɔ la, ke aleke woawɔe?’

ANYA WƆ BE MÍATE ÐE MAWU ŊU

Biblia na míenya be anya wɔ be míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu. Biblia gblɔ be Mawu yɔ blemafofo Abraham si nye Hebritɔ la be “xɔ̃nye.” (Yesaya 41:8) De dzesi amekpekpe lédziname si le Yakobo 4:8. Egblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” Esia ɖee fia be anya wɔ be míate ɖe Mawu ŋu, si fia be míate ŋu adze xɔlɔ̃e. Gake esi wònye be míate ŋu akpɔ Mawu o la, aleke wòanya wɔ be ‘míate ɖe’ eŋu be mía dome nanɔ kplikplikpli?

Be míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo la, bu ale si amewo dzea xɔlɔ̃e ŋu kpɔ. Zi geɖe la, edzea egɔme kple ame nɔewo ŋkɔwo nyanya. Emegbe, ne wova te dzeɖoɖo, gblɔa woƒe susuwo kple seselelãmewo na wo nɔewo la, xɔlɔ̃wɔwɔa va nɔa ke lim. Eye ne wodzea agbagba kpena ɖe wo nɔewo ŋu la, xɔlɔ̃kadodoa me nɔa sesẽm ɖe edzi. Nenema tɔgbi xɔlɔ̃dzedze Mawu hã le. Na míakpɔ ale si wòdzɔnae la ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe