INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 1/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lãwo
    Nyɔ!—2015
  • Ðe Lãwo Yia Dziƒoa?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 1/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu kae ʋãa amewo wodina be yewonya ne Wɔla aɖe li?

Vidada aɖe le via kpɔm lɔlɔ̃tɔe

Ðe ale si wowɔ míi la mewɔ nuku ŋutɔ oa?

Ƒe 3,000 aɖewoe nye esia hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Meda akpe na wò le ale si wowɔm nukutɔe la ta.” (Psalmo 139:14) Ne ède ŋugble tso ale si ʋukɔe sue aɖe tsina va zua vidzĩ ŋu la, ɖe esia mewɔa ŋku na wò ŋutɔa oa? Ame geɖe daa akpe na Wɔlaa ɖe ale si wòwɔ nu gbagbewoe la ta.​—Xlẽ Psalmo 139:13-17; Hebritɔwo 3:4.

Ame si wɔ xexe bliboa eye wòwɔ anyigba le mɔ aɖe nu be agbe nanya nɔ le edzi la kee wɔ nu gbagbewo hã. (Psalmo 36:10) Eƒo nu kple amegbetɔwo eye wòna míenya ame si ƒomevi wònye.​—Xlẽ Yesaya 45:18.

Lãwo mee míedzɔ tsoa?

Míaƒe ŋutinuwo de sɔsɔ ge kple lãwo tɔ le mɔ geɖe nu. Gake esi wònye be ɖe Mawu wɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa be woanɔ agbe le anyigba dzi tae wòwɔ wo nenema ɖo. Menye lã aɖeke mee Mawu ɖe ame gbãtɔ la tsoe o, ke boŋ anyi ye wòtsɔ mèe.​—Xlẽ 1 Mose 1:24; 2:7.

Amegbetɔwo to vovo na lãwo le mɔ ɖedzesi eve nu. Gbã la, nunya le amegbetɔwo si, eye ŋutete hã le wo si be woalɔ̃ wo Wɔla la ahade bubu eŋu. Eveliae nye be wowɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee, gake womewɔ lãwo ya nenema o. Gake nu si ta amegbetɔwo katã kuna fifiae nye be míenyi ku ƒe dome tso ame gbãtɔ si gbe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi wɔwɔ la gbɔ.​—Xlẽ 1 Mose 1:27; 2:15-17.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 1 me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe