INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 3/1 axa 13-15
  • Nunana siwo sɔ na fia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nunana siwo sɔ na fia
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WOTSƆNƐ TOA ARABIA-GBEDZI
  • “ASITSATSA ME NYA SI WOƔLA NYUIE WU LE ŊUTINYA ME”
  • Lekewɔnu Siwo Wozã Le Biblia Ŋlɔɣiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Gilead Balsam—Ami Si Daa Gbe Le Ame Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 3/1 axa 13-15
Gbe ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe vovovowo

Nunana Siwo Sɔ Na Fia

‘Ɣletivimefakala aɖewo tso ɣedzeƒenutowo me va; woʋu nu le woƒe nu xɔasiwo nu, eye wotsɔ nunanawo nɛ: sika, lifi, kple kotoklobo.’—Mateo 2:1, 11.

NE ÈDI be yeana nu ame ŋkuta aɖe la, nu kae nànae? Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, gbe ʋeʋẽe, alo atike ʋeʋẽe aɖewo xɔa asi abe sika ene—woxɔa asi ale gbegbe be wonɔa nunana siwo sɔ na fia la dome.a Esia tae nunana siwo ɣletivimefakalawo na “Yudatɔwo ƒe fia” la dometɔ eve nye atike ʋeʋẽewo.—Mateo 2:1, 2, 11.

Balsam-mi

Balsam-mi

Biblia gblɔ hã be Seba-fianyɔnu la yi ɖasrã Salomo kpɔ, eye “wòna sika talento alafa ɖeka blave kple atike ʋeʋẽe [alo balsam-mi] geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe [alo balsam-mi] vɛ wòde esi Seba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o.”b (2 Kronika 9:9) Fiawo hã ɖo balsam-mi ɖe Salomo wònye woƒe nyuidiname ƒe nunana.—2 Kronika 9:23, 24.

Nu ka tae gbe ʋeʋẽewo kple nu vovovo siwo woɖena tso wo me la xɔa asi le Biblia-ŋlɔɣiwo nenema gbegbe? Nu si tae nye be wonye nu vevi siwo wozãna le mɔ vovovowo nu; le kpɔɖeŋu me, wotsɔa wo wɔa leke, wozãa wo le subɔsubɔwɔnawo me, eye wosia wo na ame kukuwo hã hena ɖiɖi. (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Wozãa Atike Ʋeʋẽe Kple Gbe Ʋeʋẽewo Le Biblia-ŋlɔɣiwo.”) Esia tae amewo dia gbe siawo vevie ɖo, eye nu si na wogaxɔa asi ŋutɔe nye be teƒe didiwoe wotsɔa wo tsonɛ, eye wozãa ga geɖe ɖe wo ŋu.

WOTSƆNƐ TOA ARABIA-GBEDZI

Kasia

Kasia

Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, gbe ʋeʋẽe aɖewo miena le Yordan-bali me. Gake wotsɔa gbe ʋeʋẽe bubuwo ya tsoa duta. Woyɔ gbe ʋeʋẽe vovovowo ŋkɔ le Biblia me. Esiwo ŋkɔ woyɔ zi geɖee nye safron (dzogbenya), aloe, balsam, sinamɔn (gbekee alo botsyo), kotoklobo, kple mire. Tsɔ kpe ɖe esiawo ŋu la, nu ʋeʋĩ siwo wotsɔ ɖaa nu hã li, abe sikɔni, ahamɛ, kple dill (Aneth) ene.

Afi kae wotsɔa gbe ʋeʋẽe siawo tsona? Egbea la, wokpɔa aloe, kasia, kple sinamɔn le China, India, kple Sri Lanka. Wokpɔa mire kple kotoklobo tsoa ati kple nu miemie siwo tsina le gbegbenuto siwo tso Arabia yi ɖe keke Somalia ke, le Afrika, la me. Eye Indiatɔwo ƒe gbe ʋeʋẽe siwo tsoa Himalaya-nutowo me la dometɔ ɖekae nye nardo.

Dzogbenya

Dzogbenya

Ele be woatsɔ atike kple gbe ʋeʋẽe siawo tso keke Arabia ke ava Israel. Esia hã wɔe be, le ƒe alafa evelia kple gbãtɔ Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Arabia va zu “Ɣedzeƒenuto si koŋ me wotsɔa adzɔnuwo tsona yia Ɣetoɖoƒenutowo me,” abe ale si agbalẽ si nye The Book of Spices (Gbe Ʋeʋẽewo Ƒe Agbalẽ) ɖe eme ene. Blemaduwo, mɔ́ sesẽwo, kple asitsalawo ƒe dzeƒe siwo ŋu woke ɖo le Negev le Israel ƒe anyiehe la ɖee fia be afi mawoe gbe-ʋeʋẽe-sitsalawo tona. Dzeƒe siawo ɖee fia hã be ‘asitsala siwo tsɔa adzɔnuwo tso Arabia yina ɖe Mediterranea-nutowo me la kpɔa viɖe geɖe ŋutɔ,’ abe ale si UNESCO ƒe habɔbɔ si nye World Heritage Centre ka nya ta ene.

“Gbe ʋeʋẽewo nye adzɔnu veviwo, woblaa wo sue, woxɔa asi ŋutɔ, eye wonye nu si amewo dina vevie.”​—The Book of Spices

Mɔzɔʋu siwo wodoa gbe-ʋeʋẽe-gba na segesege la zɔa mɔ si didi kilometa 1,800 la edziedzi toa Arabia nutoa me. (Hiob 6:19) Biblia ƒo nu tso Ismael-sitsaha siwo ‘tsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo’ tso Gilead yina ɖe Egipte, la ŋu. (1 Mose 37:25) Yakob viŋutsuwo tsɔ wo nɔviŋutsu Yosef dzra kluvii na asitsala mɔzɔla siawo.

“ASITSATSA ME NYA SI WOƔLA NYUIE WU LE ŊUTINYA ME”

Dill (Aneth)

Dill (Aneth)

Arabia-sitsalawo koŋ ƒe asi mee gbe ʋeʋẽewo ƒe asitsatsaa nɔ hena ƒe alafa geɖe. Woawo koe tsɔa gbe ʋeʋẽewo, abe kasia kple sinamɔn ene, tsoa Asia. Esi Arabiatɔwo medi be Mediterraneatɔwo nanya afi si yewoƒlea gbe ʋeʋẽewo tsonɛ le Ɣedzeƒenutowo me o bene woawo ŋutɔwo nagava nɔ teƒea yim o ta la, wokpa gliwo gblɔna be afɔku geɖe le mɔa dzi. Esia tae agbalẽ si nye Gbe Ʋeʋẽewo Ƒe Agbalẽ gblɔ be afi si tututu gbe ʋeʋẽewo tsona lae “anya nye asitsatsa me nya si woɣla nyuie wu le ŋutinya me.”

Sikɔni

Sikɔni

Nyakpakpa kawoe Arabiatɔwo gblɔna? Herodotus, si nye Helatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla, si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia D.Y. me la, ƒo nu tso nyakpakpa siwo nye be xe ɖivɔvɔ̃wo tsɔa sinamɔn-tikpawo wɔa atɔ ɖe to kɔkɔ siwo menya liana o la tame ŋuti. Eŋlɔ bena nu si amewo wɔna hafi woƒe asi sua gbe ʋeʋẽe sia dzie nye be, wotsɔa lãkɔ gagãwo va dana ɖe toa gɔme. Xeawo va fɔa lãkɔ gbogbo aɖe ŋukeklẽtɔe yia woƒe atɔwo me, si wɔnɛ be atɔawo kpena ale gbegbe be wogena hekakana ɖe anyigba. Eye amewo fɔa sinamɔn-tikpawo alɔtsɔtsɔe heyi ɖadzrana na asitsalawo. Nyakpakpa siawo ƒomevi de keke didiƒe ke. Eya tae agbalẽ si nye Gbe Ʋeʋẽewo Ƒe Agbalẽ gblɔ be “nya siwo wogblɔ be afɔku geɖe le gbe ʋeʋẽewo didi me tae wodzraa [sinamɔn] wòxɔa asi nenema gbegbe ɖo.”

Mint

Mint

Arabiatɔwo ƒe nya ɣaɣlaa va dze go mlɔeba, eye ame geɖewo hã va dze asia tsatsa. Kaka ƒe alafa gbãtɔ D.Y. naɖo la, Alexandria, si le Egipte, va zu tɔdziʋudzeƒe gã aɖe kple teƒe vevi si wokpɔa gbe ʋeʋẽewo le. Esi tɔdziʋukulawo va fɔ aye na ale si ya ƒona le India Ƒugã la dzi ko la, Romatɔwo ƒe tɔdziʋuwo tsoa Egipte ʋudzeƒea yia India. Esia wɔe be gbe ʋeʋẽe siwo xɔa asi ale gbegbe tsã la va bɔ ale be woƒe asi hã bɔbɔ.

Egbea, gbe ʋeʋẽewo ƒe asi megogo sika tɔ kura le mɔ aɖeke nu o. Eye gbe ʋeʋẽewo, alo atike ʋeʋẽewo meganye nu si woatsɔ awɔ nunanae na fia o. Ke hã le xexea me godoo la, ame miliɔn geɖe gakpɔtɔ zãa atike ʋeʋẽewo kple dɔyɔgbewo kokoko, eye wogazãa nu ʋeʋĩ siwo nana nuɖuɖu vivina la tsɔ ɖaa nui. Le nyateƒe me la, ʋeʋẽ lilili siwo nana ame miaa ta ɖe nuɖuɖu ŋu la gakpɔtɔ le gbe ʋeʋẽewo si kokoko, abe ale si ko wònɔ le ƒe akpe geɖe siwo va yi me la ene.

Sinamɔn-tikpa bablɛ

Sinamɔn

a Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, nya siwo gɔme woɖena be “gbe ʋeʋẽe” alo “gbe ʋeʋẽewo” le gbegbɔgblɔ gbãtɔa me la fiaa gbe siwo nye atike ʋeʋẽewo koŋ, ke menye nu ʋeʋĩ siwo wotsɔ ɖaa nu o.

b “Balsam-mi” nye ami ʋeʋĩ siwo woɖena tso atiwo kple atikpawo me.

Ale Si Wozãa Atike Ʋeʋẽe Kple Gbe Ʋeʋẽewo Le Biblia-ŋlɔɣiwo

Ami kɔkɔe kple dzudzɔdonu ʋeʋẽe kɔkɔe. Yehowa gblɔ ale si woawɔ ami kɔkɔe alo ami sisi la, kple dzudzɔdonu ʋeʋẽe kɔkɔe la na Mose. Atike ʋeʋẽe vovovo ene ye wotsaka tsɔ wɔ amia kple dzudzɔdonua siaa. (2 Mose 30:22-25, 34-38) Nunɔla aɖewo ƒe dɔ koŋue wònye be woawɔ ami kɔkɔea eye woawoe kpɔa nu vevi siawo dzi.—4 Mose 4:16; 1 Kronika 9:30.

Ami ʋeʋẽewo kple ami sisiwo. Ame siwo si alɔme le la wua pɔɖa ʋeʋẽewo ɖe woƒe aƒewo me, awuwo me, kple aba dzi, eye wosia wo ɖe ŋuti hã. (Ester 2:12; Lododowo 7:17; Hawo Ƒe Ha 3:6, 7; 4:13, 14) Lazaro nɔvinyɔnu Maria trɔ “nardomi akuakua, si xɔ asi ŋutɔ la” kɔ ɖe Yesu ƒe tame kple eƒe afɔwo ŋu. Wodzraa “nardomi akuakua” goe ɖeka wòxɔa asi abe ƒe ɖeka ƒe dɔwɔfetu ene.—Marko 14:3-5; Yohanes 12:3-5.

Ame kukuwo dzadzraɖo hena ɖiɖi. Nikodemo tsɔ “mire kple aloe si wotsaka” la na be woatsɔ adzra Yesu ƒe kukua ɖo hena ɖiɖi. (Yohanes 19:39, 40) Eye Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo dzra “atike ʋeʋĩwo kple ami ʋeʋĩwo” ɖo hetsɔ wo ɖe asi yi yɔdoa gbɔ.—Luka 23:56–24:1.

Wotsɔnɛ ɖaa nu. Anɔ eme be Israel-viwo zãa gbe ʋeʋẽewo alo nu ʋeʋĩwo abe tadi, sabala, kple bubuawo ene tsɔ ɖaa tɔmelã kple ʋulɛ̃wo ale be nuɖuɖua navivi ahanɔ ʋeʋẽm lilili. Wodea atike ʋeʋẽe aɖewo hã wain me ale be enu nasẽ.—Hawo Ƒe Ha 8:2.

Atike Ʋeʋẽe Eve Siwo Wona Yesu La Ŋuti Nyatakaka Aɖewo

Wokpɔa kotoklobo, alo olibanum, kple mire tso atimitsi si dona tso atikpa me ne wokpa ati siwo me wokpɔa wo tsoe la ŋu; wokpɔa wo tso ŋutiwo me.

Ati si me wokpɔa kotoklobo tsoe la tsina le Arabia ƒe anyieheƒuta, eye ŋuti si me wokpɔa mire tsonɛ la miena le gbegbenuto siwo le egbegbe Somalia kple Yemen la me. Wodea asixɔxɔ gã aɖe atike ʋeʋẽe eveawo ŋu le woƒe ʋeʋẽ lililia ta. Yehowa ŋutɔ tia atike siawo be woazã wo le subɔsubɔwɔnawo me na ye—mire hã nɔ atike ʋeʋẽe siwo wotsɔ wɔ ami ʋeʋẽe kɔkɔe la dome, eye kotoklobo hã nɔ atike ʋeʋẽe siwo wotsɔ wɔ dzudzɔdonu ʋeʋẽe la dome. (2 Mose 30:23-25, 34-37) Gake wozãa wo le mɔ vovovowo nu.

Zi geɖe la, wotɔa dzo kotoklobo si wozãna abe dzudzɔdonu ʋeʋẽe ene la be wòaʋẽ lilili. Wozãa atimitsi si woɖena tsoa mire ƒe ati me la ya nenema. Woyɔ mire ŋkɔ zi etɔ̃ le Yesu ŋuti nuŋlɔɖiwo me: abe nunana ene esime Yesu nye ɖevi dzaa (Mateo 2:11), abe nu si wotsɔ tɔtɔ wain ene esime Yesu nɔ fuwɔametia ŋu (Marko 15:23), mlɔeba, abe atike ʋeʋẽe si wotsɔ dzra Yesu ƒe kukua ɖo hena ɖiɖi ene. (Yohanes 19:39)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe