INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 5/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Adzɔ Le Ʋɔnudrɔ̃gbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Kae Nye Ʋɔnudrɔ̃gbe La?
    Nyɔ!—2010
  • Ʋɔnudrɔ̃gbe La—Nukae Wònye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 5/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu kae nye Ʋɔnudrɔ̃gbe la?

Ƒome aɖe gava wɔ ɖeka le tsitretsitsia me le ƒe akpe ɖeka la me, eye wole dzidzɔ kpɔm

Nu ka tae ʋɔnudrɔ̃gbea anye dzidzɔɣi ɖo?

Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, Mawu zã ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ ɖe eƒe amewo tso ame siwo nɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo ŋu la si me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:18) Biblia gblɔ be dzidzɔɣie Ʋɔnudrɔ̃gbe si gbɔna la anye. Ɣemaɣi la, Yehowa, anyigba bliboa ƒe Ʋɔnudrɔ̃laa, aɖe ameƒomea tso nu madzɔmadzɔ siwo me tom wole la me.—Xlẽ Psalmo 96:12, 13; Yesaya 26:9.

Mawu ɖo Yesu agbagbeawo kple kukuawo siaa ƒe ʋɔnudrɔ̃lae. (Dɔwɔwɔwo 10:42; 17:31) Ame gbogbo aɖewo ku evɔ womenya naneke tso Mawu ŋu o. Le Ʋɔnudrɔ̃gbea la, Yesu afɔ ame mawo ɖe tsitre ale be woate ŋu anya Mawu vavã la ahalɔ̃e.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15.

Nu ka tae Ʋɔnudrɔ̃gbea axɔ ƒe akpe ɖeka?

Woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre le ƒe akpe ɖeka la me. (Nyaɖeɖefia 20:4, 12) Woahiã ɣeyiɣi be woatsɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe mɔwo ŋu ahaɖo to eyama. Biblia gblɔ be nu siwo amewo awɔ le woƒe tsitretsitsia megbe la nue woadrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo, ke menye ɖe nu si wowɔ hafi ku la nu, abe ale si ame geɖe susuna ene o.—Xlẽ Romatɔwo 6:7.

Biblia gaƒo nu tso ʋɔnudrɔ̃ŋkeke aɖe si ava le vo me hafi ƒe akpe ɖekaa nadze egɔme la hã ŋu. Wogayɔa ŋkeke ma be nuwuwu la, abe ale si wodzro emee le magazine sia ƒe nyati gbãtɔwo me ene. Le ŋkeke ma dzi la, Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi, siwo mevɔ̃a Mawu o la ɖa. (2 Petro 3:7) Esia tae wòle vevie be míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu.—Xlẽ 2 Petro 3:9, 13.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 213 lia. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe