INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 6/1 axa 6-7
  • Seɖoƒe Li Na Dzɔdzɔmeŋutinunya

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Seɖoƒe Li Na Dzɔdzɔmeŋutinunya
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Dzɔdzɔmeŋutinunya Ðea Vi Na Wòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2002
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ Ŋudɔwɔwɔ Ðekae
    Nyɔ!—2002
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya—Mɔ si Dzi Ameƒomea To Le Nyateƒea Dim
    Nyɔ!—1993
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 6/1 axa 6-7
Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe le nuwo dom kpɔ

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA VA XƆ ÐE BIBLIA TEƑEA?

Seɖoƒe Li Na Dzɔdzɔmeŋutinunya

Nyitsɔ laa la, wota agbalẽ gbogbo aɖewo siwo me woŋlɔ mawudzimaxɔsela yeyewo ƒe susuwo ɖo. Amewo kpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽawo ŋu eye woƒo nu tso wo ŋu hewɔ numedzodzro le wo ŋu ale gbegbe be eteƒe mekɔ o. David Eagleman si nye ahɔhɔ̃ŋutinunyala gblɔ tso esia ŋu be: “Ame siwo xlẽ agbalẽawo la dometɔ aɖewo susu be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya nu sia nu azɔ.” Eye egblɔ kpee be: “Gake dzɔdzɔmeŋutinunya vavãtɔ ya kpɔa mɔ be woake ɖe nu yeyewo ŋu ɣesiaɣi, eye eŋuti nuŋlɔɖiwo yɔ fũu kple nu wɔnukuwo.”

Ɣletiviŋununyala aɖe le didiƒekpɔmɔ̃ zãm

Enye nyateƒe be tso blema ke la, dzɔdzɔmeŋutinunyala bibiwo ke ɖe nu wɔnukuwo ŋu eye wokpɔ ŋuɖoɖo na nya ɖefuname siwo amewo biana tso dzɔdzɔmenuwo ŋu. Ke hã wo dometɔ aɖewo wɔ vodada gãwo le woƒe numekukuwo wɔwɔ me. Isaac Newton nye dzɔdzɔmeŋutinunyala gãwo dometɔ ɖeka. Eɖe ale si nuheŋusẽ na ɣletinyigbawo, ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo le ɖoɖo nu nyuie le xexe gbahooa me la me. Eyae to akɔntabubu si va zu akɔntabubu ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe si wozãna le kɔmpiutaɖaŋu, yamenutomemɔzɔzɔ kple nukliaŋutinunya me la vɛ. Ke hã Newton zã numekuku aɖe hã si woyɔ be yeaɖidzɔdzɔmeŋutinunya, si me wòwɔ ɣletivimefakaka kple akunyawɔwɔ ƒe aɖaŋu ŋu dɔ le tsɔ tee kpɔ be yeatrɔ tumi kple ga bubuwo woazu sika.

Ƒe 1,500 kple edzivɔ do ŋgɔ na Newton la, Helatɔ ɣletiviŋutinunyala Ptolemy zã eƒe ŋku gbɔlo ko tsɔ lé ŋku ɖe dziƒonuwo ŋu. Ede dzesi ɣletinyigbawo le yame le zã me, eye wònye nutala bibi aɖe si ta anyigba ƒe nɔnɔmetata hã. Gake exɔe se be míaƒe anyigba lae le xexe gbahooa titina. Ɣletiviŋutinunyala Carl Sagan ŋlɔ tso Ptolemy ŋu be: “Nyateƒe si wònye be amewo lɔ̃ ɖe eƒe susu totroa dzi ƒe 1,500 sɔŋ la ɖo kpe edzi be, ne ame ƒe tagbɔ kɔ alekeleke hã, ate ŋu ada ƒu kura.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe le Biblia xlẽm

Kuxi ma kee dzea ŋgɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo li egbea hã le woƒe numekukuwo wɔwɔ me. Ðe woava se ale si tututu xexe gbahooa le la gɔme bliboe gbe ɖeka? Togbɔ be esɔ be míalɔ̃ ɖe ŋgɔyiyi si wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me kple ale si wòɖea vi na míi dzi hã la, ele vevie be wòanɔ susu me na mí hã be dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu aɖe nanewo gɔme gbeɖe o. Dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyala Paul Davies gblɔ be: “Manya wɔ be woaɖe ale si tututu xexe gbahooa le la me gɔmesese blibo nanɔ eŋu le goawo katã me gbeɖe o.” Nya mawo ɖee fia ɖikekemanɔmee be: Amegbetɔwo mate ŋu ase dzɔdzɔmenuwo gɔme bliboe gbeɖe o. Eya ta ne wogblɔ be mɔkpɔkpɔ li be dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu aɖe dzɔdzɔmenu ɖe sia ɖe gɔme la, nunya anɔ eme be míagatsɔ dzi aku ɖe ŋugbedodo mawo ŋu bliboe o.

Eme kɔ ƒãa be Biblia naa mɔfiame siwo dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu ana o la mí

Biblia ƒo nu tso nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu ale: “Kpɔ ɖa! Esiawoe nye [Mawu ƒe] mɔwo ƒe nugbɔ ko.” (Hiob 26:14) Nu gbogbo manyaxlẽ aɖewo gali siwo amegbetɔwo mekpɔ nya kaka ahayi wo gɔme se ge o. Kakaɖedzitɔe la, nya si apostolo Paulo gblɔ ƒe 2,000 kloe enye esi va yi la gakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko, esi wògblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ale!”—Romatɔwo 11:33.

Mɔfiame Si Dzɔdzɔmeŋutinunya Mate Ŋu Ana O

Esi dzɔdzɔmeŋutinunya kpena ɖe mía ŋu míesea dzɔdzɔmenuwo gɔme la, Biblia ya naa mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe amegbetɔwo ŋu be woanɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me, woakpɔ dzidzɔ, eye agbea nadze edzi na wo. Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ.

  • Asi si nye dzesi be woadzudzɔ

    Nu Vlo Wɔwɔ Nu Léle

    De bubu agbe ŋu

    “Mègawu ame o.”—2 Mose 20:13.

    “Ame sia ame si léa fu nɔvia la, amewulae wònye.”—1 Yohanes 3:15.

    Wɔ ŋutifafa eye nàlé eme ɖe asi

    “Trɔ ɖa le vɔ̃ ŋu, ne nàwɔ nyui; di ŋutifafa, eye nàti eyome.”—Psalmo 34:14.

    “Woƒãa dzɔdzɔenyenyekutsetse ƒe ku le ŋutifafa me ɖe ame siwo wɔa ŋutifafa dome.”—Yakobo 3:18.

    Ƒo asa na ŋutasẽnuwɔwɔ

    “Yehowa doa ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa kpɔna; eléa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.”—Psalmo 11:5.

    “Mègaʋã ŋu ŋutasẽnuwɔla o, eye eƒe mɔ aɖeke meganyo ŋuwò o, elabena Yehowa nyɔa ŋu ameflula.”—Lododowo 3:31, 32.

  • Ƒome

    Ƒome Ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ

    Ðo to dziwòlawo

    “Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò,’ esia nye sedede gbãtɔ si ŋu ŋugbedodo kpe ɖo: ‘Ne eme nanyo na wò, eye nànɔ anyigba la dzi eteƒe nadidi.’”—Efesotɔwo 6:1-3.

    He viwòwo nyuie

    “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.”—Efesotɔwo 6:4.

    “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.

    Lɔ̃ srɔ̃wò eye nàde bubu eŋu

    “Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—Efesotɔwo 5:33.

  • Ati

    Beléle na dzɔdzɔmenuwo

    Biblia gblɔ na ame siwo gblẽa dzɔdzɔmenu ƒomevi ɖe sia ɖe dome le blema Israel la be: “Anyigba la dzi nɔlawo ƒo ɖi anyigba la . . . Eye edzinɔlawo ɖi fɔ.” (Yesaya 24:5, 6) Mawu abia akɔnta ame siwo le anyigba dzi nuwo gblẽm yakatsyɔ la. ‘Atsrɔ̃ ame siwo le anyigba la gblẽm.’ (Nyaɖeɖefia 11:18) Ahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta godoo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe