INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 7/1 axa 3
  • Dzimaɖitsitsi Le Afi Sia Afi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzimaɖitsitsi Le Afi Sia Afi!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzimaɖitsitsi Le Afɔkuwo Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Aleke Mawɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Dzi?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Yehowa Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Dzimaɖitsitsi Le Ƒomea Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 7/1 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI | DZIMAÐITSITSI—ALE SI NÀWƆ AÐU EDZI

Dzimaɖitsitsi Le Afi Sia Afi!

“Meyi nuɖuɖu ƒle ge le fiase me, gake akpɔnɔviviwo koe mekpɔ—eye homea dzi ɖe edzi teƒe 10,000 sɔŋ! Esi metrɔ yi ŋufɔke la, nuɖuɖu aɖeke megale fiaseawo me o.”—Paul, si le Zimbabwe.

“Srɔ̃nye na mebɔbɔ nɔ anyi, eye wògblɔ nam be yele dzo- dzom le mía gbɔ. Aleke mawɔ ado dzi le nɔnɔme sia me? Aleke agbea anɔ na vinyewo?”—Janet, si le United States.

“Ne kpẽawo te ɖiɖi ko la, mesia du yia bebeƒe ɖamlɔa anyi ɖe anyigba esime bɔmbawo le wowóm. Gaƒoƒo geɖe megbe la, nye asiwo ganɔa ƒoƒom kokoko.”—Alona, si le Israel.

Ŋutsu aɖe si tsi dzimaɖi le aʋawɔwɔ, ahedada, dɔléle kple agbemekuxiwo ta

Dzimaɖitsitsi ƒe ɣeyiɣiwo mee míele, wonye ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.’ (2 Timoteo 3:1) Gakuxiwo, ƒomekuxiwo, aʋawɔwɔ, dɔléle yeyewo ƒe dodo kple dzɔdzɔmefɔkuwo alo esiwo amegbetɔwo he vɛ la katã na be ame geɖe tɔtɔ. Gakpe ɖe eŋu la, ame ŋutɔ ƒe dzitsitsiwo hã li; le kpɔɖeŋu me: ‘Ðe nutete si wokpɔ le lãme nam la ava zu kansa?’ ‘Aleke xexea me ava nɔ na vinyewo kple wo viwo?’

Menye dzimaɖitsitsiwo katã ye gblẽ o. Le dzɔdzɔme nu la, míetsia dzimaɖi ne míele dodokpɔ wɔ ge alo míeyi dɔ di ge eye wòhiã be woabia gbe mí. Eye vɔvɔ̃ na afɔku hã kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa nɛ be nu vevi nagawɔ mí o. Gake vɔvɔ̃ alo dzimaɖitsitsi atraɖii ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa le ame tsitsi siwo wu 68,000 ŋu la ɖee fia be dzimaɖitsitsi si nu mesẽ o gɔ̃ hã ate ŋu aɖe ame ƒe agbenɔƒewo dzi akpɔtɔ. Eya ta susu nyui aɖe tae Yesu bia be: “Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?” Nyateƒee, dzimaɖitsitsi medidia ame aɖeke ƒe agbenɔƒe ɖe edzi o. Eya tae Yesu ɖo aɖaŋu be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi.” (Mateo 6:25, 27) Gake aleke gɔ̃e míate ŋu awɔ esiae?

Ŋuɖoɖoae nye be míazɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le dzi, axɔ Mawu dzi ase, eye mɔkpɔkpɔ vavã nanɔ mía si. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom fifia o hã la, ɖewohĩ woava mía dzi le etsɔme. Eya ta na míakpɔ ale si aɖaŋuɖoɖo siawo dzi wɔwɔ kpe ɖe Paul, Janet kple Alona ŋu wodzudzɔ dzimaɖitsitsii ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe