INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 2 axa 5-7
  • Nu Ka Tae Yesu Kpe Fu Heku?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Yesu Kpe Fu Heku?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI GBƆ KUXIA TSO
  • NU SI MAWU WƆ TSO KUXIA ŊU
  • NU SI TA YESU KPE FU HEKU
  • ALE SI EƑE KUA ATE ŊU AÐE VI NA WÒ
  • Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nu Ka Tae Yesu Ku?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Yesu Ƒe Ku Kple Eƒe Tsitretsitsi La—Vi Siwo Woate Ŋu Aɖe Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Ake—Kakaɖedzi Le Eŋu!
    Nyɔ!—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 2 axa 5-7
Ame ƒomevi vovovowo le dzidzɔ kpɔm le Paradiso me

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Ka Tae Yesu Kpe Fu Heku?

“To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.”—Romatɔwo 5:12

Adam kple Xawa le ŋku lém ɖe atikutsetse si nu wode se ɖo la ŋu; Adam kple Xawa le woƒe tsitsime; wokɔ amekukuɖaka aɖe yina ameɖibɔ me

“Ðe nàdi be yeanɔ agbe tegbeea?” Ne wobia nya ma wò la, aleke nàɖo eŋui? Ame akpa gãtɔ aɖo eŋu be ɛ̃, gake awɔ na wo be esia manya wɔ o. Wogblɔna be esi míele agbe ko la, míele kuku ge godoo, elabena ku li na ame sia ame.

Gake tsɔe be wogbugbɔ bia wò be, “Èle klalo be yeakua?” Ne nu sia nu le edzi yim nyuie la, ame akpa gãtɔ aɖo eŋu be ao. Nu kae esia ɖe fia? Efia be, togbɔ be míele xaxawo kple kuxi geɖewo me tom hã la, le dzɔdzɔme nu la, míedina be míanɔ agbe. Biblia ɖee fia be esi Mawu wɔ amegbetɔwo la, ede agbenɔnɔ ƒe didi wo me. Biblia gblɔe kɔtɛ be, “ede mavɔmavɔ gɔ̃ hã dzi me na wo.”—Nyagblɔla 3:11.

Gake nyateƒea ye nye be, amegbetɔwo menɔa agbe tegbee o. Nu ka gbɔe wòtso? Ðe Mawu wɔ nane be yeatsɔ akpɔ kuxia gbɔa? Ale si Biblia ɖo nya siawo ŋui la awɔ dɔ ɖe dziwò, eye woana nàse nu si tae Yesu kpe fu heku ɖo la gɔme.

NU SI GBƆ KUXIA TSO

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta etɔ̃ gbãtɔawo gblɔ na mí be Mawu na mɔnukpɔkpɔ atsu kple asi gbãtɔ, siwo nye Adam kple Xawa, be woanɔ agbe tegbee eye wògblɔ nu si wòle be woawɔ be woanɔ agbe tegbee la na wo. Eyome nuŋlɔɖia na míenya be womeɖo to Mawu ƒe gbe o eye mɔnukpɔkpɔ nyui ma bɔ wo. Ale si womeɖe nya sia nya me tsitotsito le nuŋlɔɖia me o la wɔe be ame aɖewo gblɔna be nyakpakpa aɖe koe wònye. Ke hã abe ale si wòle le Nyanyuigbalẽawo gome ene la, edze kɔtɛ le nuŋlɔɖiawo me be Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa hã nye ŋutinyagbalẽ si me nyawo nye nyateƒe.a

Nu kae do tso Adam ƒe tomaɖomaɖoa me? Biblia ɖo nya sia ŋu ale: “Ale si ko to ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Esi Adam meɖo to Mawu o ta la, ewɔ nu vɔ̃. Ale wɔ wòbu mɔnukpɔkpɔ si nɔ ʋuʋu ɖi nɛ be wòanɔ agbe tegbee la, eye wòva ku mlɔeba. Esi míenye eƒe dzidzimeviwo ta la, míenyi nu vɔ̃ ƒe dome tso egbɔ. Esia tae míedzea dɔ, kua amegã hekuna ɖo. Nu si ta míekuna me ɖeɖe alea wɔ ɖeka kple nu si míenya egbea tso ale si ɖeviwo nyia dɔléle aɖewo dome tso wo dzilawo gbɔe ŋu. Gake ɖe Mawu wɔ nane be yeatsɔ akpɔ kuxia gbɔa?

NU SI MAWU WƆ TSO KUXIA ŊU

Ɛ̃, Mawu wɔ ɖoɖo be nu si Adam bu na eƒe dzidzimeviwo, si nye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ, la nagasu wo si ake. Aleke Mawu wɔ esiae?

Biblia gblɔ le Romatɔwo 6:23 be: “Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku.” Esia fia be nu si nu vɔ̃ hena vɛ ye nye ku. Adam wɔ nu vɔ̃, eye esia tae wòku ɖo. Míawo hã míewɔa nu vɔ̃, eye esia tae míawo hã míexɔa nu vɔ̃ ƒe fetu si nye ku la ɖo. Gake ɖe wodzi míawo ya ɖe nu vɔ̃ me, menye míawo gbɔe vodadaa tso o. Eya ta lɔlɔ̃ ʋã Mawu wòdɔ Via, Yesu, ɖa be wòaxɔ ‘nu vɔ̃ ƒe fetu’ si nye ku la ɖe mía nu. Aleke esia anya wɔe?

Ame ƒomevi vovovowo le dzidzɔ kpɔm le Paradiso me

Yesu ƒe kua ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míanɔ agbe le dzidzɔ me tegbee

Esi wònye be ame deblibo ɖeka, si nye Adam, ƒe tomaɖomaɖo ye he nu vɔ̃ kple ku va mía dzi ta la, ame deblibo ɖeka, si aɖo to yi ɖe keke ku me, dzie woato aɖe mí tso nɔnɔme wɔnublanui sia me. Biblia ɖe eme ale: “Ale si ko ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawoe la, nenema kee to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me hã woana ame geɖewo nazu ame dzɔdzɔewo.” (Romatɔwo 5:19) “Ame ɖeka” mae nye Yesu. Ame debliboeb wònye tso dziƒo va, eye wòva ku ɖe mía ta. Esia ana wòanya wɔ azɔ be Mawu nabu mí abe ame dzɔdzɔewo ene eye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa nasu mía si.

NU SI TA YESU KPE FU HEKU

Gake nu ka tae wòhiã kokoko be Yesu naku hafi woaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me? Ðe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la mate ŋu ade se agblɔ ko be Adam ƒe dzidzimeviwo nanɔ agbe tegbee oa? Ele eme baa be ŋusẽ le Mawu si be wòawɔ esia ya. Gake esia wɔwɔ anye dada le eya ŋutɔ ƒe se si nye be nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku la dzi. Menye se tsɛ aɖe si dzi woate ŋu aŋe aɖaba aƒu alo atrɔ be wòade ame dzi ye wònye o. Ke boŋ se si le vevie ŋutɔ le dzɔdzɔenyenye vavãtɔ me ye wònye.—Psalmo 37:28.

Ne ɖe Mawu ŋe aɖaba ƒu nu si dzɔdzɔenyenye bia la dzi le nya sia me la, amewo asusu be ate ŋu awɔ nenema ke le nya bubuwo hã gome. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòatso afia dzɔdzɔe le Adam ƒe dzidzimevi siwo adze na agbe mavɔ nɔnɔ la gomea? Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzia? Esi Mawu lé eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe nyaa me ta la, esia na míeka ɖe edzi be awɔ nu si le dzɔdzɔe ɣesiaɣi.

Mawu to Yesu ƒe vɔsakua dzi ʋu agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ameƒomea. De dzesi nya si Yesu ŋutɔ gblɔ le Yohanes 3:16; egblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Eya ta menye ɖeko Yesu ƒe kua nye kpeɖodzi be Mawu wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi ko o, ke vevietɔ wu la, eɖo kpe ale si gbegbe wòlɔ̃ amegbetɔwoe la dzi.

Gake nu ka tae wòhiã be Yesu nakpe fu ahase veve helĩhelĩ hafi aku abe ale si Nyanyuigbalẽawo gblɔe ene? Esi Yesu lɔ̃ faa to dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me gake wòyi edzi wɔ nuteƒe la, eɖee fia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be nya si Abosam tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu be womayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔwo me o la nye aʋatso. (Hiob 2:4, 5) Esi Satana na Adam wɔ nu vɔ̃ la, eƒe nutsotso ma adze abe nyateƒee wònye ene. Gake Yesu, ame si de blibo abe Adam ke ene, la yi edzi wɔ nuteƒe, togbɔ be ekpe fu vevie ŋutɔ hã. (1 Korintotɔwo 15:45) Eto esia dzi ɖee fia be ne ɖe Adam ɖoe be yeaɖo to Mawu la, anye ne ate ŋui hafi. Yesu ƒe dzidodo le dodokpɔwo me hã nye kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃. (1 Petro 2:21) Esi Mawu ƒe Vi, Yesu, ɖo to Fofoa bliboe ta la, Mawu hã tsɔ makumakugbenɔnɔ le dziƒo ɖo eteƒe nɛ.

ALE SI EƑE KUA ATE ŊU AÐE VI NA WÒ

Yesu ƒe kua nye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ. Agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi. Àdi be yeanɔ agbe tegbeea? Yesu na míenya nu si wòle be míawɔ be esia nava eme na mí esi wògblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Magazine sia talawo le dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa, Mawu vavã la, kple Via, Yesu Kristo, ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe hã le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye, www.jw.org/ee.

a Kpɔ nyati si nye “Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?,” si dze le January 1, 2011, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 4 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

b Mawu trɔ Via ƒe agbe tso dziƒo de Maria ƒe vidzidɔ me, si na wòfɔ fu, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la kpɔ Yesu ta ale be menyi blibomademade aɖeke ƒe dome tso Maria gbɔ o.—Luka 1:31, 35.

Wotsɔ amɔwɔ maʋamaʋã bolo le amewo dzi tsam le Ŋkuɖodziwɔnaa me

“Minɔ Esia Wɔm”

Hafi Yesu natsɔ eƒe agbe asa vɔe la, eƒo eƒe apostolo wɔnuteƒeawo nu ƒu le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me, eye wòɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔna anyi. Egblɔ na wo be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Le se ma si Yesu de ta la, Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo la ƒoa ƒu ƒe sia ƒe le ɣletiŋkeke si wòku la dzi heɖoa ŋku eƒe kua dzi. Le ƒe si va yi me la, ame 19,862,783 sɔŋ ye de wɔna sia teƒe.

Le ƒe sia me la, Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia dze Kuɖa, March 23 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Míetsɔ dzidzɔ le wò ŋutɔ kple wò ƒomea kpakple xɔ̃wòwo kpem be miava se nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi. Nuƒoa aɖe nu si tae Yesu ƒe kua le vevie kple ale si wòaɖe vi na wòe la me. Womaxɔ ga ɖe vava ta o; womadzɔ ga le amewo si hã o. Míeɖe kuku, bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ne woagblɔ gamea kple teƒea na wò. Alo nàdii le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye, www.jw.org/ee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe