INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 2 axa 16
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame kae nye Abosam?
  • Ðe Abosam ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzia?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • “Mitsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu” Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Abosam—Menye Ðe Wokpa Eŋuti Nya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 2 axa 16
Yesu ɖu Satana ƒe tetekpɔwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ame kae nye Abosam?

ÐE NÀGBLƆ BE . . .

  • Gbɔgbɔ aɖee wònyea?

  • Alo vɔ̃ɖinyenye si le ame me yea?

  • Alo amegbetɔwoe susuna be elia?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Abosam ƒo nu kple Yesu ‘hetee kpɔ’ gɔ̃ hã. (Mateo 4:1-4) Eya ta menye nane si amegbetɔwo susuna be eli ye Abosam nye o, eye menye vɔ̃ɖinyenye si le ame me hãe wònye o. Gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖee wònye.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Mawudɔla kɔkɔeawo dometɔ ɖekae Abosam nye tsã, gake “meli ke ɖe nyateƒe la me o.” (Yohanes 8:44) Eva zu aʋatsokala eye wòdze aglã ɖe Mawu ŋu.

  • Mawudɔla bubuwo hã dze aglã kpe ɖe Satana ŋu.—Nyaɖeɖefia 12:9.

  • Abosam blea ame geɖe be woagaxɔe ase be yeli o.—2 Korintotɔwo 4:4.

Ðe Abosam ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzia?

AME AÐEWO GBLƆNA BE Abosam mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi o, ke ame bubuwo ya vɔ̃na be gbɔgbɔ vɔ̃wo ava ge ɖe yewo me. Nu kae nye wò susu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Abosam kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ameƒomea dzi, gake mekpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ ɖe sia ɖe dzi o.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Amebeble dzie Abosam tona gakpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi geɖe wu.—2 Korintotɔwo 11:14.

  • Gbɔgbɔ vɔ̃wo tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi ɣeaɖewoɣi.—Mateo 12:22.

  • Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu “[atsi] tsitre ɖe Abosam ŋu” dzidzedzetɔe.—Yakobo 4:7.

Meɖe kuku, miɖo agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ɖeka ɖem. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia ƒe ta 10 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe