INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 1 axa 5-6
  • Nu Kae Nàwɔ Be Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nàwɔ Be Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tawo Kple Kpukpuiwo—Ame Kawoe De Wo Biblia Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Nu Si Nàwɔ Be Biblia Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 1 axa 5-6
Nyɔnu aɖe le numekugbalẽ vovovowo zãm esime wòle Biblia xlẽm

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ BIBLIA XEXLẼ NAÐE VI GEÐE NA WÒ

Nu Kae Nàwɔ Be Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò?

Ðe Biblia xexlẽ tia wòa? Alo evivia nuwò? Aleke wòle le gowòme? Gbɔwòe wòatso be exexlẽ navivi nuwò alo mavivi nuwò o. Na míakpɔ nu si nàte ŋu awɔ be Biblia xexlẽ navivi nuwò ɖe edzi la ɖa.

Tia esi gɔme sese le bɔbɔe si dzi woate ŋu aka ɖo. Ne èle agbalẽ aɖe si me nyawo tsi eye wo gɔme sese sesẽ xlẽm la, nuxexlẽa mavivi nuwò o. Eya ta di Biblia si me nyawo le bɔbɔe si awɔ dɔ ɖe dziwò. Azɔ hã ele be wòanye esi me nyawo de pɛpɛpɛ.a

Wɔ mɔ̃ɖaŋunu yeye aɖe ŋu dɔ. Egbea Biblia le internet dzi woate ŋu awɔ eƒe kɔpi ɖe mɔ̃ dzi azã. Woate ŋu axlẽ Biblia le internet dzi alo awɔ eƒe kɔpi ɖe kɔmpiuta, tablɛt alo fon dzi. Le Biblia aɖewo gome la, dɔwɔnu siwo akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu axlẽ kpukpui bubuwo le Biblia bubuwo me alo atsɔ Biblia vovovowo asɔ kple wo nɔewo gɔ̃ hã le wo me. Ne Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi sesee dzɔa dzi na wò la, ke esi wolé ɖe mɔ̃ dzi li nàte ŋu azã. Edzɔa dzi na ame geɖewo be yewoanɔ Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ƒom ne wole ʋu me, le nu nyam alo le nu bubu aɖe si aɖe mɔ na wo be woaɖo to la wɔm. Ðe nàte ŋu atia mɔnu si asɔ na wòa?

Zã nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia gɔme. Nanewo li siwo akpe ɖe ŋuwò be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò geɖe wu. Anyigba siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe tatawo li siwo akpe ɖe ŋuwò be nànya teƒe siwo woyɔ ahakpɔ nudzɔdzɔawo le susu me ne èle Biblia xlẽm. Nyatiwo abe esiwo le magazine sia me alo esiwo le “Biblia Ƒe Nufiafiawo” te le jw.org la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsẽ Biblia ƒe akpa vovovowo gɔme.

Trɔ asi le ale si nèxlẽnɛ la ŋu. Ne edze abe Biblia xexlẽ tso eƒe gɔmedzedze yi eƒe nuwuwu asesẽ na wò la, ke dze exexlẽ tso teƒe siwo vivia nuwò be wòanya axlẽ na wò. Ne èdi be yeanya nu tso ame xɔŋkɔ aɖewo ŋu le Biblia me la, àte ŋu atia wo dometɔ aɖe koŋ axlẽ nu tso eŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le aɖaka si le nyati sia me si ƒe tanyae nye “Ku Biblia Me Ne Nànya Ame Siwo Ŋu Wòƒo Nu Tsoe” la me. Alo àdi be yeaxlẽ nu tso tanya aɖe koŋ ŋu alo axlẽ nu tso ɖoɖo siwo nu nuwo dzɔ ɖo le Biblia me la ŋu. Anyo be nàte mɔnu siawo dometɔ ɖeka kpɔ.

a Ame geɖe kpɔe be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la me nyawo de pɛpɛpɛ, woate ŋu aka ɖe edzi eye exexlẽ le bɔbɔe hã. Biblia sia si Yehowa Ðasefowo ta la le gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le jw.org/ee alo awɔ JW Library dɔwɔnua ƒe kɔpi. Alo ne èlɔ̃ la, Yehowa Ðasefowo ate ŋu atsɔ Biblia avɛ na wò le aƒe me.

KU BIBLIA ME NE NÀNYA AME SIWO ŊU WÒƑO NU TSOE

Nyɔnu nuteƒewɔla aɖewo

Abigail

1 Samuel ta 25

Esta

Esta ta 2-5, 7-9

Hana

1 Samuel ta 1-2

Maria

(Yesu dada) Mateo ta 1-2; Luka ta 1-2; kpɔ Yohanes 2:1-12; Dɔwɔwɔwo 1:12-14; 2:1-4 hã

Rahab

Yosua ta 2 kple 6; kpɔ Hebritɔwo 11:30, 31; Yakobo 2:24-26 hã

Rebeka

1 Mose ta 24-27

Sara

1 Mose ta 17-18, 20-21, 23; kpɔ Hebritɔwo 11:11; 1 Petro 3:1-6 hã

Ŋutsu xɔŋkɔ aɖewo

Abraham

1 Mose ta 11-24; kpɔ 25:1-11 hã

David

1 Samuel ta 16-30; 2 Samuel ta 1-24; 1 Fiawo ta 1-2

Yesu

Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽawo

Mose

2 Mose ta 2-20, 24, 32-34; 4 Mose ta 11-17, 20, 21, 27; 5 Mose ta 34

Noa

1 Mose ta 5-9

Paulo

Dɔwɔwɔwo ta 7-9, 13-28

Petro

Mateo ta 4, 10, 14, 16-17, 26; Dɔwɔwɔwo ta 1-5, 8-12

NU SIWO YEHOWA ÐASEFOWO TA MÍATSƆ ASRƆ̃ BIBLIA

  • JW.ORG​—“Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo” kple nu siwo míatsɔ asrɔ̃ Biblia le nyatakakadiƒe sia. Mɔfiame si dzi míazɔ ɖo awɔ JW Library dɔwɔnua ƒe kɔpi hã le afi ma

  • ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’—Anyigbatatawo kple teƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ƒe fotowo le agbalẽ sia me

  • Insight on the Scriptures [Étude perspicace des Écritures]—Enye numekugbalẽ ƒe babla eve siwo ƒo nu tso amewo kple teƒewo ŋu eye eɖe nya aɖewo siwo le Biblia me la me

  • “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” [“ Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile ”]—Agbalẽ sia gblɔ ɣeyiɣi si woŋlɔ Biblia gbalẽawo, afi si woŋlɔ wo le kple nu si tae woŋlɔ wo ɖo eye wòƒo nu tso agbalẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu kpokploe

  • The Bible—God’s Word or Man’s? [La Bible : Parole de Dieu ou des hommes ?]—Woku nu me tsitotsito eye woŋlɔ kpeɖodzi siwo fia be Biblia nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ɖe agbalẽ sia me

  • The Bible—What Is Its Message? [La Bible—Quel est son message?]—Enye axa 32-gbalẽ si ƒo nu tso Biblia ƒe tanya ŋu kpokploe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe