INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 4 axa 8-10
  • Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ðo Kudo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ðo Kudo Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXI AÐE SI LI EGBEA
  • WƆ ÐOÐO DO ŊGƆ
  • KPEKPEÐEŊU SI NÀTE ŊU ANA
  • LƆ̃ ÐE ALE SI NƆNƆMEAWO LE DZI
  • KPEKPEÐEŊUNALA GÃTƆ
  • Akɔfafa Na Ame Siwo Le Kudɔ Lém
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Alesi Nàɖu Seselelãmewo Dzi
    Nyɔ!—1997
  • Alesi Ƒomewo Wɔna Nɔa Te Ðe Dɔmavɔleameŋu Nu
    Nyɔ!—2000
  • Kuxi si Le Dɔnɔdzikpɔkpɔ Me
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 4 axa 8-10
Atsu kple asi aɖe le nu si woawɔ na woƒe ame vevi aɖe si ɖo kudo nu la me dzrom kplii

Dzeɖoɖo tso nyawo ŋu faa kaba le vevie

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ðo Kudo Nu

DOREEN ƒe nu ku esi wòse be wokpɔ nutete vɔ̃ɖi aɖe le yesrɔ̃ Wesley, si xɔ ƒe 54 pɛ ko la ƒe tago me.a Ðɔktawo gblɔ be dzinu ʋɛ aɖewo koe wòanɔ agbe. Doreen gblɔ be: “Nyemexɔe se o. Melulu kwasiɖa geɖe. Ðeko wòdze abe menye mía dzie wòle dzɔdzɔm ɖo o, ke boŋ ame bubu aɖe dzie wònɔ dzɔdzɔm ɖo ene. Nyemenɔ mɔ kpɔm nɛ kura o.”

Nublanuitɔe la, menye Doreen koe le nɔnɔme sia me o. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu alé dɔ aɖo kudo nu. Gake dzidzɔtɔea, ame geɖe lɔna faa be yewoalé be na yewoƒe ame vevi aɖe si ŋu wokpɔ dɔlémafɔe le. Ke hã, dɔ sesẽ aɖee dɔnɔ dzi kpɔkpɔ nye. Nu kae ƒometɔwo ate ŋu awɔ atsɔ alé be na woƒe ame vevi si le dɔ lém ɖo kudo nu eye woafa akɔ nɛ? Aleke ame siwo le be lém na dɔnɔa awɔ anɔ te ɖe woƒe seselelãmewo nu le amea ƒe dɔléɣia katã? Ne dɔnɔa ƒe kuɣi ɖo la, nu kae woate ŋu anɔ mɔ kpɔm na? Gake gbãa, na míaƒo nu tso nu si ta beléle na ame aɖe si le dɔ lém ɖo kudo nu nye nu sesẽ egbea ŋu.

KUXI AÐE SI LI EGBEA

Kɔdzitikewo wɔe be amewo megakuna kaba abe tsã ene o. Anɔ abe ƒe alafa ɖeka ene va yi la, amewo ƒe agbenɔƒewo nɔ kpuie le dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã me. Ɣemaɣia, dɔxɔleameŋuwo kple afɔkuwo tsoa amewo ƒe agbe dzi. Kɔdziwo mebɔ o, eye dɔnɔ geɖe siwo gbɔ wokpɔna le aƒe me la kuna.

Egbea, woyi ŋgɔ le atikewɔnyawo me si na be ɖɔktawo tea ŋu léa dɔléle sesẽwo gɔ̃ hã nu ale be amewo ganɔa agbe vie. Dɔléle siwo tea ŋu wua amewo tsã la megawua ame kaba nenema gbegbe le ŋkeke siawo me o. Ke hã, ne amewo le agbe vie gɔ̃ hã la, mefia be wohaya keŋkeŋ o. Zi geɖea dɔnɔawo tsia teƒe ɖeka eye wozua wɔnamanɔŋutɔwo. Dɔnɔ siawo tɔgbi dzi kpɔkpɔ va zu taɖui eye wònye dɔ sesẽ.

Dɔnɔ akpa gãtɔ kuna ɖe kɔdzi, menye le aƒe me o. Ame geɖe menya ale si tututu ame kunae o, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔ eteƒe ame ku kpɔ. Eya ta esi ame geɖe menya nu si ava dzɔ o taa, ɖewohĩ ana womatsɔ dzo ɖe beléle na ƒometɔ aɖe si le dɔ lém ŋu o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ame ŋu?

WƆ ÐOÐO DO ŊGƆ

Abe Doreen enea, ame geɖe tɔtɔna ne wokpɔ dɔmavɔleameŋu aɖe le woƒe ƒometɔ aɖe ŋu. Ne ètsi mavomavo, vɔvɔ̃ ɖo wò eye nèle nu xam la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mɔ na nu si le ŋgɔ? Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖe do gbe ɖa be: “Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nasu mía si.” (Psalmo 90:12) Eya ta do gbe ɖa tso dzi me na Yehowa Mawu be wòafia ale si ‘nàxlẽ wò ŋkekewo’ nyuie la wò ale be nàte ŋu azã ŋkeke susɔeawo atsɔ alé be na wò ame vevia.

Esia bia be miawɔ ɖoɖo nyui. Ne wò ame vevia ate ŋu aƒo nu eye wòlɔ̃ be miaɖo dze tso nyaa ŋu la, anyo be nàbiae be ame kae wòadi be wòatso nya me na ye ne eva dzɔ be magate ŋu aƒo nu o. Ne mieɖo dze tso nuwo abe nu si wòadi be woawɔ na ye ne yemegate ŋu le gbɔgbɔm o, ne adi be yeatsi kɔdzi alo woanɔ atike aɖe koŋ wɔm na ye ŋu la, esia ate ŋu aɖe nugɔmemasemase kple fɔbubu ƒometɔ siwo va tso nya me mlɔeba dzi akpɔtɔ. Ne mieɖo dze tso nyawo ŋu faa kaba la, ana ƒomea ƒe susu nanɔ nu si woawɔ be woalé be na dɔnɔa nyuie wu la ŋu. Biblia gblɔ be: “Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.”—Lododowo 15:22.

KPEKPEÐEŊU SI NÀTE ŊU ANA

Zi geɖe la, nu vevitɔ si wòle be dɔnɔdzikpɔla nawɔe nye be wòanɔ dzi dem ƒo na dɔnɔa. Ele be woana ame si ɖo kudo nu la nanya be wolɔ̃ ye eye be yemetsi asi o. Aleke nàwɔ esiae? Dzi ha aɖe alo nàxle agbalẽ aɖe si doa dzidzɔ na dɔnɔa si ade dzi ƒo nɛ la nɛ. Efaa akɔ na dɔnɔ geɖe ne woƒe ƒometɔ aɖe lé woƒe asi eye woƒo nu na wo blewuu.

Anyo be nàƒo nu tso ame sia ame si va be yeava kpɔe ɖa la ŋu nɛ. Numekuku aɖe gblɔ be: “Lãmesidzenu atɔ̃awo dometɔ mamlɛtɔ si megawɔa dɔ o ye nye toa. Togbɔ be adze abe [dɔnɔa] le alɔ̃me hãa, toa ya agate ŋu ase nu kokoko, eya ta mègagblɔ nya aɖe si màgblɔ le amea ŋkume o la gbeɖe o.”

Ne anya wɔ la, mido gbe ɖa ɖekae. Biblia gblɔ be, gbe ɖeka apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me eye womenya nu si ava dzɔ ɖe wo dzi o. Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Paulo ɖe kuku na exɔlɔ̃wo be: “Miawo hã miate ŋu akpe ɖe mía ŋu aƒo koko ɖe mía ta.” (2 Korintotɔwo 1:8-11) Ne dɔléle sesẽ aɖe na nu te ɖe mía dzi vevie eye míedo gbe ɖa tso dzi me la, eɖea vi.

LƆ̃ ÐE ALE SI NƆNƆMEAWO LE DZI

Ne ènya be yeƒe ame vevi aɖe ɖo kudo nu la, dzigbãnya gã aɖee wònye. Nyateƒee, ku mele dzɔdzɔme nu o. Womewɔ mí be ku nanɔ mía wum o. (Romatɔwo 5:12) Mewɔ nuku o be Mawu ƒe Nyaa yɔ ku be enye “futɔ.” (1 Korintotɔwo 15:26) Eya ta ne mímedi be míabu ku ɖe míaƒe ame vevi aɖe ŋu o la, esɔ.

Ke hã, mɔkpɔkpɔ na nu si ate ŋu adzɔ akpe ɖe ƒometɔwo ŋu be woaɖu vɔvɔ̃ dzi, eye woatsɔ susu aɖo nu si woawɔ be woƒe dzi nadze eme la ŋu. Woƒo nu tso nu siwo ate ŋu adzɔ dometɔ aɖewo ŋu le aɖaka si nye “Agbemeŋkeke Mamlɛawo” me. Le nyateƒe mea, menye dɔnɔwo katãe toa nɔnɔme siawo me o, eye menye ɖoɖo sia tututu nue wodzɔna ɖo hã o. Gake ne mede ɖeke oa, dɔnɔ geɖe toa nɔnɔme siawo dometɔ aɖewo me.

Le wò ame vevi aɖe ƒe ku megbe la, anyo be nàte ɖe xɔ̃wò vevi aɖe si gblɔ va yi be yealɔ̃ akpe ɖe ŋuwò la ŋu. Ele be dɔnɔdzikpɔlawo kple ƒometɔwo nalɔ̃ ɖe edzi be yewoƒe ame vevia ƒe fukpekpewo wu enu, eye megale veve sem o. Mía Wɔla lɔlɔ̃a ka ɖe edzi na mí be “kukuawo meganya naneke kura o.”—Nyagblɔla 9:5.

KPEKPEÐEŊUNALA GÃTƆ

Nyɔnu aɖe va srã dɔnɔ aɖe si ɖo kudo nu la kpɔ le kɔdzi

Mele be míagbe ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu o

Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu le vevie, menye le míaƒe ame vevia ƒe dɔléɣia ko o, ke le nuxaɣi siwo akplɔ eƒe kua ɖo hã me. Mawu ato amewo ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi akpe ɖe mía ŋu. Doreen gblɔ be: “Nyemegbea ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu o. Nyateƒeae nye be, kpekpeɖeŋu si amewo na mí la, wu gbɔgblɔ. Nyemaŋlɔe be akpɔ o. Nye kple srɔ̃nye míekpɔe be Yehowae nɔ gbɔgblɔm na mí be: ‘Meli be makpe ɖe mia ŋu.’”

Yehowa Mawue nye Kpekpeɖeŋunala gãtɔ nyateƒe. Esi wònye mía Wɔla taa, enya míaƒe vevesesewo kple nuxaxawo. Ate ŋui, eye wòdi vevie be yeana kpekpeɖeŋu si míehiã be míanɔ te ɖe nɔnɔmea nu la mí eye yeade dzi ƒo na mí. Gawua, edo ŋugbe be eteƒe madidi o, yeaɖe ku ɖa kura, eye yeafɔ ame biliɔn geɖe siwo le yeƒe susu me la ɖe tsitre. (Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ɣemaɣi la, mí katã míagblɔ apostolo Paulo ƒe nya siawo be: “Ku, wò dziɖuɖu ɖe? Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?”—1 Korintotɔwo 15:55.

a Míetrɔ ŋkɔawo.

AGBEMEŊKEKE MAMLƐAWO

Ebɔ be dzesi siwo gbɔna la dometɔ aɖewo alo wo katã nadze le dɔnɔ aɖe si le eƒe agbemeŋkeke mamIɛawo me ŋub:

  • Nuɖuɖu kple tsinono megadzroa dɔnɔa o. Woate ŋu atsɔ ɖetifu ade atike aɖe si nye glycerin me asisi ɖe nu to na dɔnɔa eye woade papahu dzadzɛ tsi me ada ɖe dɔnɔa ƒe ŋgonu be eƒe dzi nadze eme.

  • Dɔnɔa madi be ame aɖeke loo alo ame gbogbowo nanɔ ye gbɔ o. Miganɔ toɣli ɖem dɔnɔa o.

  • Dɔnɔa anɔ alɔ̃ dɔm fũu.

  • Dɔnɔa atsi mavomavo. Le esi nànɔ agbagba dzem be yealée ate ɖi sesẽe teƒe la, dze agbagba nànɔ enu blem ɖɔɖɔɖɔ eye nàde dzi ƒo nɛ boŋ.

  • Dɔnɔa magade dzesi ame tututu o. Yɔ wò ŋkɔ na dɔnɔa, eye nàɖo to dzigbɔɖitɔe ne edze abe dɔnɔa tɔtɔ ene hã.

  • Aɖuɖɔɖɔɖɔ alo mĩnyenye ɖe aba dzi. Kpɔ egbɔ be dɔnɔa ŋutɔ kple eƒe aba dzi le dzadzɛ ale si wòanya wɔ.

  • Gbɔgbɔ manɔ dɔnɔa sum o. Ne dɔnɔa le gbɔgbɔm eye wòle ŋeŋem la, ɖewohĩ eƒe vehlo si me gbɔdzɔ me ko tom ya le.

  • Dɔnɔa ƒe ŋɔti me axe. Ne ède suɖui dɔnɔa ƒe ta te la, akpe ɖe eŋu be eƒe ŋɔti me nagaxe o.

  • Dɔnɔa ƒe ŋutigbalẽ atrɔ. Esia dzɔna ne ametia le agbagba dzem be yeana ʋu nasi ayi ametia ƒe akpa vevi aɖewo.

b Nyatsoƒe: The Metropolitan Hospice of Greater New York

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe