INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 5 axa 4-5
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawudɔlawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawudɔlawo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Mawudɔlawo
    Nyɔ!—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 5 axa 4-5
Mawudɔla gãtɔ kple Mawudɔla akpeakpe gbogbo bubuawo

NYATI SI LE AKPAA DZI | MAWUDƆLAWO—WOLI ŊUTƆŊUTƆA? NU SI TA NYA SIA LE VEVIE

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawudɔlawo Ŋu

Àdi be yeanya nyateƒe si ku ɖe mawudɔlawo—ame siwo wonye, ale si wowɔ va dzɔ kple dɔ siwo wowɔna ŋua? Ŋuɖoɖoawo mele afi aɖeke tsɔ wu Mawu ƒe Nya Biblia me o. (2 Timoteo 3:16) Nya kae Biblia gblɔ?

  • Ale si ko Mawu nye Gbɔgbɔe la, nenema kee mawudɔlawo hã nye gbɔgbɔ, “ŋutilã kple ƒu” mele wo si o. Dziƒoe mawudɔla wɔnuteƒewo le eye wodona ɖe Mawu ŋkume.—Luka 24:39; Mateo 18:10; Yohanes 4:24.

  • Le blema la, Mawu dɔa wo ɖe anyigba dzi wova wɔa dɔwo eye wotrɔa wo ɖokuiwo zua amegbetɔwo, eye ne wowu woƒe dɔdeasiawo nu vɔ la wogatrɔa wo ɖokuiwo mawudɔlawoe.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11-23; 13:15-20.

  • Togbɔ be Biblia ƒoa nu tso mawudɔlawo ŋu abe ŋutsuwoe wonye ene, eye ɣesiaɣi si wotrɔ wo ɖokuiwo la wodzena ŋutsuwo hã la, womenye ŋutsuwo loo alo nyɔnuwo o. Womeɖea srɔ̃ dzia mawudɔla bubuwo o. Azɔ hã, mawudɔlawo medo ŋgɔ nɔ anyigba dzi gbã nye vidzĩwo, ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Yehowae wɔ mawudɔlawo, esia tae Biblia yɔa wo be “Mawu vavã la ƒe viwo.”—Hiob 1:6; Psalmo 148:2, 5.

  • Biblia ƒo nu tso “amegbetɔwo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo” ŋu, si fia be gbegbɔgblɔ le mawudɔlawo si eye woƒoa nu. Togbɔ be Mawu ƒo nu na amegbetɔwo to mawudɔlawo dzi hã la, meɖe mɔ na mí be míasubɔ wo alo ado gbe ɖa na wo o.—1 Korintotɔwo 13:1; Nyaɖeɖefia 22:8, 9.

  • Mawudɔla akpe ewo teƒe akpe ewowoe li, ɖewohĩ woade biliɔn gbogbo aɖewo.—Daniel 7:10; Nyaɖeɖefia 5:11.

  • Mawudɔlawo nye ‘kalẽtɔ sesẽwo,’ ŋusẽ le wo ŋu boo wu amegbetɔwo, eye woƒe susu de ŋgɔ sãsãsã wu amegbetɔwo tɔ. Edze ƒãa be woɖea abla ŋutɔ, woƒe duƒuƒu mele gbɔgblɔ me o, ewu nu sia nu si le anyigba dzi.—Psalmo 103:20; Daniel 9:20-23.

  • Togbɔ be mawudɔlawo ƒe susu de ŋgɔ eye wonye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋuwo hã la, seɖoƒe li na wo eye menye nu sia nue wonya o.—Mateo 24:36; 1 Petro 1:12.

  • Wowɔ mawudɔlawo be woaɖe nɔnɔme nyuiwo afia eye ŋutetewo kple tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe hã le wo si. Eya ta woawo hã woate ŋu atiae be yewoawɔ nu nyui alo nu vɔ̃ abe amegbetɔwo ke ene. Nublanuitɔe la, mawudɔla aɖewo tiae be yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu.—Yuda 6.

Ðoɖo Ka Nue Mawudɔlawo Le?

Mawudɔla gãtɔ, Mikael ye nye mawudɔlawo ƒe tatɔ si ƒe ŋusẽ kple ɖoƒe kɔ wu bubuawo tɔ. Ŋɔŋlɔawo na míenya kɔtɛ be ŋkɔ bubu si woyɔna na Yesu Kristoe nye Mikael.—1 Tesalonikatɔwo 4:16; Yuda 9.

Serafiwo le ɖoƒe si kɔkɔ ŋutɔ eye mɔnukpɔkpɔ kple bubu geɖe le wo ŋu wu mawudɔla mamlɛawo, eye woawoe subɔna le Mawu ƒe fiazikpuia ŋu.—Yesaya 6:1-3.

Kerubiwo hã le ɖoƒe si kɔkɔ eye wokpɔa dɔ vevi siwo do ƒome kplikplikpli kple Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ. Zi geɖea, woƒoa nu tso wo ŋu be wole Mawu ŋkume.—1 Mose 3:24; Ezekiel 9:3; 11:22.

Mawudɔla akpeakpe gbogbo bubuawo nye Dziƒoʋĩtɔ la teƒenɔlawo eye edɔa wo ɖa be woava wɔ eƒe lɔlɔ̃nu.a—Hebritɔwo 1:7, 14.

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso mawudɔlawo ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 10 lia me. Àte ŋu axlẽ nu tso “Mawudɔla Gãtɔ Mikael” ŋu le Dzesidenya 23 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe