INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 6 axa 12-14
  • Biblia—Nu Ka Tae Wòbɔ Alea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia—Nu Ka Tae Wòbɔ Alea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • BIBLIA GBÃTƆ
  • HELAGBE ME SEPTUAGINT
  • LATIN VULGATE
  • BIBLIA GƆMEÐEÐE YEYEWO VA BƆ
  • “Septuagint” La Viɖe Nɔ Eŋu Tsã eye Wògale Eŋu Fifia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Alesi Biblia Wɔ Va Ka Mi̇́a Si—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Wòle Be Nàsrɔ̃ Hebrigbe Kple Helagbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yehowa, Mawu Si Lɔ̃na Faa Ƒoa Nu Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 6 axa 12-14
Biblia vovovowo, esiwo wota, asinuŋɔŋlɔtɔ kple esiwo wolé ɖe mɔ̃ dzi

Biblia​—Nu Ka Tae Wòbɔ Alea?

Nu ka tae Biblia gɔmeɖeɖe vovovowoe li egbea? Ðe nèbua Biblia gɔmeɖeɖe yeyewo be woakpe ɖe ye ŋu yease Biblia gɔme loo alo woana yeatɔtɔ boŋua? Ne ènya ame siwo ɖe egɔme kple nu si tae woɖe egɔme la, akpe ɖe ŋuwò nàɖo nya ma ŋu.

Gake gbãa, ame kae nye Biblia ŋlɔla, eye ɣekaɣie woŋlɔe?

BIBLIA GBÃTƆ

Woma Biblia ɖe akpa eve me. “Mawu ƒe nya kɔkɔeawo” ye le akpa gbãtɔ si nye agbalẽ 39 la me. (Romatɔwo 3:2) Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã ŋutsu nuteƒewɔlawo woŋlɔ agbalẽ siawo le ɣeyiɣi ƒe didime si nye ƒe 1,100 lɔƒo, eye wodze eŋɔŋlɔ gɔme tso ƒe 1513 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.), eye wowu enu le ƒe 443 D.Y. megbe lɔƒo. Hebrigbe koŋ mee woŋlɔe ɖo, eya ta míeyɔa akpa sia be Hebri Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxo.

Agbalẽ 27 ye le akpa evelia me, eye “Mawu ƒe nya” ye le esia hã me. (1 Tesalonikatɔwo 2:13) Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo wotsɔ ƒe 60 lɔƒo ŋlɔ agbalẽ siawo tso ƒe 41 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) lɔƒo va ɖo ƒe 98 K.Ŋ., eye ɣeyiɣi si wotsɔ ŋlɔe la le kpuie wu gbãtɔ. Helagbe koŋ mee woŋlɔe ɖo, eya ta míeyɔa akpa sia be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Yeye.

Agbalẽ 66 siawo siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ lae ƒo ƒu nye Biblia, si nye Mawu ƒe gbedeasi si wòtsɔ na amegbetɔwo. Gake nu ka tae wogava ɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me? Susuawo dometɔ etɔ̃e nye esiawo.

  • Be wòakpe ɖe amewo ŋu woaxlẽ Biblia le wo degbe me.

  • Be woaɖe vodada siwo ame siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ wɔ la ɖa, ale be wòasɔ kple gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔe ɖo la.

  • Be emenyawo nasɔ kple ale si wodoa gbea egbea.

Na míade ŋugble le ale si wozã mɔnu siawo le Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔwo dometɔ eve me ŋu kpɔ.

HELAGBE ME SEPTUAGINT

Anɔ ƒe 300 do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, Yudatɔ agbalẽnyawo dze Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖeɖe ɖe Helagbe me. Wova yɔ Biblia gɔmeɖeɖe sia be Helagbe Me Septuagint. Nu ka tae woɖe egɔme? Be wòakpe ɖe Yudatɔ gbogbo siwo doa Helagbe wu Hebrigbe ɣemaɣi la ŋu be woaxlẽ “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,” ase wo gɔme eye woawɔ ɖe edzi.—2 Timoteo 3:15.

Septuagint la kpe ɖe ame gbogbo siwo menye Yudatɔwo o, siwo doa Helagbe la ŋu be woanya Biblia ƒe nufiafiawo. Le mɔ ka nu? Nufialagã W. F. Howard blɔ beg: “Tso ƒe alafa gbãtɔ ƒe domedome la, eva nye Biblia si koŋ Kristo Sɔlemehawo ƒe mawunyadɔgbedelawo zã tsɔ fia nu amewo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, eye ‘wonɔ kpe ɖom edzi na wo tso ŋɔŋlɔawo me be Yesue nye Mesia la.’” (Dɔwɔwɔwo 17:3, 4; 20:20) Esia nye susu ɖeka aɖe si ta eteƒe medidi hafi Yudatɔ gbogbo aɖewo, “megava kana ɖe Septuagint” la dzi o, abe ale si Biblia ŋuti nunyala F. F. Bruce gblɔe ene.

Esi gbɔgbɔ ʋã Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wonɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔm vivivi la, wotsɔ wo kpe ɖe Septuagint la si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu, eye wòva zu Biblia blibo si le mía si egbea.

LATIN VULGATE

Anɔ ƒe 300 megbe esi wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu la, subɔsubɔ ŋuti nunyala Jerome ɖe Biblia gɔme ɖe Latingbe me, eye wova yɔe be Latin Vulgate. Esi wònye Latingbe me Biblia geɖe li xoxo ɖe, ke nu ka tae wòhiã be woagaɖe bubu gɔme? The International Standard Bible Encyclopedia gblɔ be, “esi Jerome di be yeaɖɔ nya siwo gɔme womeɖe nyuie o, vodadawo kple nya bubu siwo mehiã o siwo wotsɔ kpe ɖe emenyawo ŋu kple nya siwo woɖe le eme ɖo tae wòwɔe ɖo.”

Jerome ɖɔ vodada mawo dometɔ geɖe ɖo. Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, sɔlemehakplɔlawo wɔ nane si va gblẽ nu ale gbegbe! Wode se be Latin Vulgate Biblia koe nye esi wòle be woazã, eye wowɔ esia ƒe gbogbo aɖewo! Le esi Vulgate la nakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia gɔme teƒe la, mekpe ɖe amewo ŋu o, elabena ame akpa gãtɔ mese Latingbe kura o.

BIBLIA GƆMEÐEÐE YEYEWO VA BƆ

Le ɣeyiɣi mawo katã me la, amewo nɔ Biblia gɔme ɖem ɖe gbe bubuwo me. Esia dometɔ ɖekae nye Syriac Peshitta si gɔme woɖe anɔ ƒe alafa atɔ̃lia K.Ŋ. Gake keke ƒe alafa 14 lia me ke hafi wodze agbagba na Biblia va ka amewo si le wo degbewo me.

John Wycliffe, si nɔ England le ƒe alafa 14 lia me la, dze afɔ aɖe ɖeɖe gɔme be yeatsɔ akpe ɖe ame siwo metea ŋu xlẽa gbe si me Biblia nɔ ɣemaɣi o la ŋu. Edze Biblia gɔme ɖeɖe ɖe Eŋlisigbe, si nye gbe si gɔme amewo ate ŋu ase la me. Le esia megbe kpuie la, agbalẽtata ƒe mɔnu yeye si Johannes Gutenberg to vɛ na wòva nɔ bɔbɔe na Biblia ŋuti nunyalawo be woata Biblia gɔmeɖeɖe yeyewo, eye wona woɖo gbe vovovo dola siwo le Europa katã la gbɔ.

Esi wova nɔ Biblia gɔme ɖem ɖe Eŋlisigbe me geɖe wu la, ɖeklemiɖelawo meda asi ɖe edzi be Biblia vovovo nanɔ anyi le gbegbɔgblɔ ɖeka ma ke me o. Eŋlisiawo ƒe nunɔla John Lewis si nɔ anyi le ƒe alafa 18 lia me ŋlɔ bena: “Gbegbɔgblɔ trɔna eye amewo megava sea nya aɖewo gɔme o, eya ta eva hiã be woagbugbɔ ato Biblia gɔmeɖeɖe xoxowo me ale be womenyawo nasɔ kple ale si wodoa gbea, be wòanɔ bɔbɔe na amewo be woase egɔme.”

Egbea ele bɔbɔe na Biblia ŋu nunyalawo be woagbugbɔ Biblia gɔmeɖeɖe xoxowo me ato. Fifia wova se gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gɔme wu, eye Biblia xoxotɔ siwo woŋlɔ kple asi siwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa la li. Esia na wòle bɔbɔe be woate ŋu anya nu siwo tututu dze le Biblia ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔwo me la me.

Eya ta Biblia gɔmeɖeɖe yeyewo ɖea vi. Gake le nyateƒe me la, ele be míakpɔ nyuie le wo dometɔ aɖewo ŋu.a Ke hã, ne lɔlɔ̃ na Mawu ye ʋã amewo wogbugbɔ to Biblia me eye woɖe Biblia gɔmeɖeɖe yeye aɖe ɖe go la, ke woƒe dɔa aɖe vi geɖe na mí.

Ne èdi be yeaxlẽ Biblia le mia degbe me le Internet dzi alo le wò fon dzi la, ekema ʋu www.jw.org/ee. Àkpɔe le AGBALẼWO > BIBLIA.

a Kpɔ nyati si nye “Aleke Nàwɔ Atia Biblia Gɔmeɖeɖe Nyuitɔ?” si dze le magazine sia ƒe tata si nye May 1, 2008, tɔ me.

MAWU ƑE ŊKƆ KƆKƆE SI LE BIBLIA ME

Mawu ƒe ŋkɔ si dze le Septuagint ƒe asinuŋɔŋlɔgbãle aɖe dzi le Yesu ŋɔli

Mawu ƒe ŋkɔa si dze le Septuagint ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe dzi le Yesu ŋɔli

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la zã Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe si nye Yehowa le Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me. Eŋlisigbe me Biblia akpa gãtɔ siwo li egbea mezã ŋkɔa o. Wozã nya “Aƒetɔ” ɖe Mawu ƒe ŋkɔa teƒe. Susuawo dometɔ ɖeka si gbegɔmeɖela aɖewo ɖe gblɔe nye be, Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene (YHWH), siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔa la medze le Helagbe me Septuagint si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo la me o. Gake nyateƒea?

Le ƒe alafa 20 lia ƒe domedome lɔƒo la, wova ke ɖe Septuagint xoxotɔ siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli la ƒe kakɛ aɖewo ŋu. Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe si wotsɔ Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ la dze le wo dzi. Edze abe ame siwo gbugbɔ ŋlɔ agbalẽawo la ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa, eye wotsɔ Helagbe me nya Kyʹri·os—si nye “Aƒetɔ”—la ɖo eteƒe ene. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa de teƒe siwo wòdze le le Ŋɔŋlɔawo me la.

ÐE BIBLIA ME NYAWO TRƆA?

Yesaya Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa Aɖe Si Wofɔ Le Ƒu Kukua Me

Yesaya Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa Aɖe Si Wofɔ Le Ƒu Kukua Me, si xɔ ƒe 2,000. Vovototo mele ema kple Biblia si le mía si egbea dome o

Ame siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ la wɔ vodadawo. Gake vodada mawo ƒe ɖeke mena Biblia me nyawo trɔ o. “Kristotɔwo ƒe nufiafia vevi aɖeke meli si ŋu wohea nya le o.”—Our Bible and the Ancient Manuscripts.

Vodada ʋɛ aɖewo koe Yudatɔ siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ la wɔ. “Yudatɔ agbalẽfiala siwo nɔ anyi le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli gbugbɔ Hebri Biblia ŋlɔ edziedzi kple ŋuɖɔɖo blibo.”—Second Thoughts on the Dead Sea Scrolls.

Le kpɔɖeŋu me, Yesaya ƒe agbalẽ si le Ƒu Kukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsa siwo ŋu woke ɖo dome la tsi ƒe 1,000 wu esiwo li xoxo. Vovototo kae le ema kple esiwo le mía si egbea dome? “Ƒãa hafi wotsɔa nya aɖe kpenɛ alo ɖea ɖe le eme.”—The Book. A History of the Bible.

Ele bɔbɔe fifia be woade dzesi vodada siwo nugbugbɔŋlɔla siwo meɖɔ ŋu ɖo tututu o wɔ la, eye woaɖɔ wo ɖo. Esiawo ƒe ɖewoe nye ŋɔŋlɔdzesiwo, nyagbewo kple nyawo ƒe ƒuƒoƒo siwo woɖɔli teƒe na. “Blemagbalẽ siwo li egbea dometɔ aɖeke meli si ŋu woɖi ɖase nyui le de Nubabla Yeyea nu o.”—The Books and the Parchments.

“Ale si vovototo boo mele Biblia me nuŋlɔɖi xoxotɔ siwo woŋlɔ ɖe aƒlagbalẽwo dzi tso Egipte ke, siwo wogbugbɔ ŋlɔ heta zi geɖe le Europa me nyawo kple esiwo le mía si egbea dome o la, wɔa dɔ ɖe xɔsetɔ dovevienuwo dzi ale gbegbe.”—The Book. A History of the Bible.

Eya ta ɖe Biblia me nyawo trɔa? Míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be, ao!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe