INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w17 June axa 32
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Yesu Kɔ Gbedoxɔa Ŋu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Egakɔ Gbedoxɔa Ŋu Ake
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Kɔ Gbedoxɔ La Ŋu
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
w17 June axa 32
Yesu le asitsala siwo le nu ƒlem hele nu dzram le gbedoxɔa me la nyam

Ènyaa?

Nu ka tae wòsɔ be Yesu yɔ ame siwo dzraa lãwo le Yerusalem gbedoxɔa me be “adzodalawo”?

MATEO ƒe Nyanyuigbalẽa gblɔ be: “Yesu ge ɖe gbedoxɔa me, eye wònya nudzrala kple nuƒlela siwo le gbedoxɔa me la katã do goe, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe zikpuiwo ƒu anyi. Eye wògblɔ na wo be: ‘Woŋlɔe ɖi be, “Woayɔ nye aƒe la be gbedoɖaƒe,” ke miawo mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.’”—Mat. 21:12, 13.

Yudatɔwo ƒe blemanuŋlɔɖiwo ɖee fia be gbedoxɔ me nudzralawo doa asi gã ɖe nu siwo dzram wonɔ ŋu tsɔ baa nuƒlelawo. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le Yudatɔwo ƒe agbalẽ si nye Mishnah (Keritot 1:7) me be, ɣeaɖeɣi le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli la, ahɔnɛ eve siwo woatsɔ asa vɔe la ƒe home de dzi va ɖo sika denar ɖeka. Ga ma sɔ kple dɔwɔfetu si apaɖila axɔ ɖe ŋkeke 25 ƒe dɔ ta. Ahɔnɛ alo akpakpa nye lã si nu se ɖe mɔ ɖo be ame dahewo natsɔ asa vɔe; ke hã, xe siawo gɔ̃ hã ƒe asi va de dzi bobobo ale gbegbe be ame dahewo megatea ŋu ƒlea wo o. (3 Mose 1:14; 5:7; 12:6-8) Esia do dziku na Rabbi Simeon ben Gamaliel vevie, eye wòna wodzudzɔ vɔsa siwo se bia tso Yudatɔwo si la dometɔ aɖewo, si wɔe be ahɔnɛ eve ƒe home ɖiɖi enumake ale gbegbe be woate ŋu atsɔ gaƒoƒo etɔ̃ ƒe dɔwɔfetu aƒle wo.

Edze kɔtɛ be Yesu tɔ dzɔ be wòyɔ gbedoxɔa me nudzralawo be “adzodalawo” le woƒe ametafatafa kple ŋukeklẽ ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe