INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp18 No. 3 axa 12
  • Ame Kae Nana Míekpea Fu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nana Míekpea Fu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Fukpekpe Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
wp18 No. 3 axa 12
Ame gbãtɔ siwo yi be yewoakpe ɖe ame siwo dze ʋufɔku la ŋu

Ame Kae Nana Míekpea Fu?

Ne menye Mawue nana míekpea fu oa, ke nu ka gbɔe wòtso be dɔ le ame gbogbowo wum, ahedada nu gbe tsotso, aʋa dziŋɔwo dzɔna, dɔléle vɔ̃ɖiwo lea amewo ƒua anyi eye dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna? Mawu ƒe Nya Biblia, na míenya be nu vevi etɔ̃ aɖewo koŋ gbɔe wòtso. Woawoe nye:

  1. Ðokuitɔdidi, Ŋukeklẽ kple Fuléle. “Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.” (Nyagblɔla 8:9) Amegbetɔ madeblibo siwo nye ɖokuitɔdilawo kple tagbɔsẽlawo gbɔe wòtso be ame bubuwo kpea fu.

  2. Azãgbe kple Nuɖiɖeame. Zi geɖea amewo kpea fu elabe “azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Nyagblɔla 9:11) Esia fia be amewo nɔa teƒe aɖe evɔ womenya be afɔku aɖe ate ŋu adzɔ le vome le teƒe ma o, alo etsoa ame bubuwo ƒe ɖekematsɔleme alo nane si womewɔ nyuie o gbɔ.

  3. Vɔ̃ɖitɔ Si Le Xexea Dzi Ðum. Biblia na míenya nu si gbɔ amegbetɔwo ƒe fukpekpewo tso eme kɔ. Egblɔ be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Satana Abosam, “vɔ̃ɖitɔ” la, ye nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu ma; enye mawudɔla tsã gake “meli ke ɖe nyateƒe la me o.” (Yohanes 8:44) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo wɔ ɖeka kplii eye wodze aglã ɖe Mawu ŋu le ɖokuitɔdidi ta, si na wowɔ wo ɖokuiwo gbɔgbɔ vɔ̃wo. (1 Mose 6:1-5) Tso esime Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dze aglã la, wova kpɔ ŋusẽ vɔɖivɔ̃ɖi ɖe xexea dzi. Ele alea vevietɔ le míaƒe ŋkekea me. Fifia, dzi le Abosam kum vevie eye wòle “anyigbadzinɔlawo katã blem” si wɔe be wodo “baba na anyigba.” (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Dziɖula tagbɔsesẽtɔe Satana nye nyateƒe. Ne amewo le fu kpem la, edzɔa dzi nɛ ŋutɔ. Satanae nana amewo kpea fu, menye Mawu o.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Tagbɔsẽla si wɔa nu vɔ̃ɖi koe ana amewo nakpe fu. Gake Biblia gblɔ be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Eya ta esi lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ ta la, “Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!”—Hiob 34:10.

Togbɔ be ele alea hã, ànɔ ɖokuiwò biam be, ‘Va se ɖe ɣekaɣie Mawu aɖe mɔ na Satana wòayi edzi anɔ dzi ɖum tagbɔsesẽtɔe?’ Abe ale si míekpɔe ene la, Mawu lé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye míaƒe fukpekpewo tena ɖe edzi ŋutɔ. Azɔ hã, eƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí be: ‘Míadro míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mí.’ (1 Petro 5:7) Mawu lɔ̃ mí eye ŋusẽ le esi be wòaɖe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔ esia ɖo mee ene.a

a Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nu si tae fukpekpe bɔ ɖo alea gbegbe ŋua, kpɔ agbalẽ si nye, Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ƒe nusɔsrɔ̃ 26 lia. Yehowa Ðasefowoe tae, eye àte ŋu awɔ eƒe kɔpi femaxee le www.jw.org/ee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe