Wɔ Dɔ Kple Yehowa Gbe Sia Gbe
“Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye.”—1 KOR. 3:9.
1. Mɔ kawo nue míate ŋu awɔ dɔ kple Yehowa le?
WƆLA la ɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔ deblibowo nawɔ dɔ kpli ye aduadu be yeƒe tameɖoɖowo nava eme. Egbea, togbɔ be amegbetɔwo mede blibo o hã la, nuteƒewɔlawo ate ŋu awɔ dɔ kple Yehowa gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, míeva nyea “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” ne míeɖea gbeƒã eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hewɔa amewo nusrɔ̃lawoe. (1 Kor. 3:5-9) Wò ya bu mɔnukpɔkpɔ si su mía si be xexea katã Wɔla ŋusẽkatãtɔ la bu mí be míedze be míawɔ dɔ aduadu kpli ye le dɔ si le vevie nɛ ŋutɔ la me ŋu kpɔ! Ke hã, menye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dzi koe míate ŋu ato awɔ dɔ kple Yehowa o. Le nyati sia me la, míakpɔe be mɔ siwo dzi míato awɔ esia ƒe ɖewoe nye be míakpe ɖe míaƒe ƒomea kple hamea me tɔwo ŋu, míawɔ amedzro na amewo, míakpe asi ɖe habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu eye míakeke míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ɖe enu.—Kol. 3:23.
2. Nu ka tae masɔ be nàtsɔ nu siwo nèwɔna na Yehowa la anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ o?
2 Esi míele nyati sia me dzrom la, mègatsɔ nu siwo nète ŋu wɔna na Yehowa la anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ o. Ðo ŋku edzi be ƒe si amewo xɔ, woƒe lãmesẽnyawo, nɔnɔme siwo me wole kple woƒe ŋutetewo le vovovo. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be: “Ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.”—Gal. 6:4.
KPE ÐE WÒ ƑOMEA KPLE HAXƆSETƆWO ŊU
3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ame sia ame si léa be na eƒe ƒomea la le dɔ wɔm aduadu kple Mawu?
3 Yehowa di tso esubɔla ɖe sia ɖe si be wòalé be na eƒe ƒomea. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ, ehiã be nàwɔ dɔ akpɔ ga atsɔ akpɔ wò ƒomea dzi. Vidada geɖewo nɔa aƒe me ale be woalé be na wo vi fẽwo. Eye eva hiãna be vi tsitsi aɖewo nakpɔ wo dzila siwo tsi alo le lãmesẽkuxiwo me tom la dzi. Esiawo katã le vevie. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔa eya ŋutɔ tɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ o, vevietɔ eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (1 Tim. 5:8) Ne agba siawo le dziwò la, anɔ eme be màte ŋu akpɔ ɣeyiɣi awɔ geɖe le teokrasidɔwo me abe ale si nèdii ene o. Gake wò dzi nedze eme! Edzea Yehowa ŋu ne èkpɔa wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.—1 Kor. 10:31.
4. Aleke dzilawo ate ŋu atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ, eye nu nyui kae dona tso esia me?
4 Dzila Kristotɔwo wɔa dɔ kple Yehowa ne wokpe ɖe wo viwo ŋu woɖo teokrasitaɖodzinuwo na wo ɖokuiwo. Nɔvi geɖe siwo wɔ esia la ƒe viwo va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo emegbe, eye wode dɔ asi na wo le anyigbamama siwo le teƒe didiwo la me. Wo dometɔ aɖewo nye dutanyanyuigblɔlawo; bubuwo nye mɔɖela siwo le subɔsubɔm le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le; eye bubuwo hã le subɔsubɔm le Betel. Esi wole adzɔge ʋĩi ta la, wo dzilawo mate ŋu anɔ wo kpɔm edziedzi abe ale si woadii ene o. Ke hã, dzila siwo lɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe la dea dzi ƒo na wo viwo be woayi dɔ si wode asi na wo la dzi. Nu ka tae? Nu si tae nye be, edzɔa dzi na wo ŋutɔ be yewo viwo tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. (3 Yoh. 4) Anɔ eme be dzila mawo sena le wo ɖokuiwo me abe Hana, si gblɔ be ‘yetsɔ’ ye vi Samuel ‘na’ Yehowa la ene. Dzila siawo bua dɔwɔwɔ aduadu kple Yehowa alea be enye mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe, eye esɔ nenema. Wodea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ale gbegbe!—1 Sam. 1:28.
5. Kpekpeɖeŋu kae nàte ŋu ana wò hamea me tɔwo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)
5 Ne ƒomegbanɔamedzi kpekpewo mele dziwò o la, ɖe nàte ŋu akpe ɖe nɔvi tsitsiwo alo nɔvi siwo lãmesẽkuxiwo alo kuxi bubuwo le fu ɖem na la ŋua? Alo ɖe nàte ŋu akpe ɖe haxɔsetɔ siwo le wo dzi kpɔm la ŋua? Ðe manyo be nàkpɔe ɖa be ame kawoe hiã kpekpeɖeŋu le miaƒe hamea me hã oa? Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ nɔvinyɔnu aɖe le edzila tsitsi dzi kpɔm. Ðe nàte ŋu anɔ edzilaa gbɔ esime nɔvinyɔnua yi nu bubuwo gbɔ kpɔ gea? Nu bubu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋue nye be nàkɔ wo ayi kpekpeawo, nàɖi asi na wo, atsɔ dɔ na wo, alo akplɔ wo woaɖakpɔ woƒe ame aɖe le kɔdzi. Ne èle nu siawo wɔm la, ànɔ dɔ wɔm aduadu kple Yehowa be wòaɖo haxɔsetɔ aɖe ƒe gbedodoɖa ŋu.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:24.
NYE AMEDZROWƆLA
6. Nu kae wòbia be míanye amedzrowɔlawo?
6 Wonya Mawu ƒe hadɔwɔlawo be wonye amedzrowɔlawo. Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, nya si gɔme woɖe be “amedzrowɔwɔ” la fia “dɔmenyonyo na amedzrowo.” (Heb. 13:2) Biblia me ŋutinyawo fiaa ale si míalɔ̃ amewoe la mí. (1 Mose 18:1-5) Míate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ anɔ kpekpem ɖe amewo ŋu edziedzi, ne womenye Ðasefowo o gɔ̃ hã, eye ele be míawɔe hã.—Gal. 6:10.
7. Nu ka tae wònyo be nàwɔ amedzro na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo va srãa miaƒe hamea kpɔna?
7 Ðe nàte ŋu awɔ dɔ kple Mawu to amedzrowɔwɔ na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo va srãa miaƒe hamea kpɔna la dzia? (Xlẽ 3 Yohanes 5, 8.) Sasrãkpɔ siawo nyea mɔnukpɔkpɔ na mí be “míade dzi ƒo na mía nɔewo.” (Rom. 1:11, 12) Bu Nɔviŋutsu Olaf ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be, ƒe geɖewoe nye esi va yi esi nutome sue dzikpɔla aɖe si nye tre la va srã yewoƒe hamea kpɔ la, hamea me tɔ aɖeke mete ŋu xɔe wòdze egbɔ o. Nɔviŋutsu Olaf si nye ɖekakpui la bia edzila siwo menye Ðasefowo o la be ɖe nutome sue dzikpɔlaa ate ŋu ava dze yewo gbɔ hã. Edzilawo lɔ̃, gake wogblɔ na Olaf be, esia abia be eya ŋutɔ namlɔ zikpui me. Asitɔtrɔ ma si wòwɔ la ɖe vi ŋutɔ. Olaf gblɔ be: “Kwasiɖa ma ɖe vi nam ale gbegbe! Nye kple nutome sue dzikpɔlaa míefɔna kaba gbe sia gbe eye míeɖoa dze tso nu vovovowo ŋu ne míele ŋdinu ɖum. Dzideƒonya siwo wògblɔ nam la de dzo menye ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu.” Ƒe 40 aɖewoe nye esia Olaf zu dutanyanyuigblɔla si subɔ le dukɔ vovovowo me.
8. Susu kawo tae míeyia edzi nyoa dɔme na amewo ne edze abe womekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu le gɔmedzedzea me o hã? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
8 Míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia amedzrowo le mɔ geɖe nu, ne edze abe womekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu le gɔmedzedzea me o gɔ̃ hã. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Gbe ɖeka, esime nɔvinyɔnu aɖe si le Spain la nɔ Biblia srɔ̃m kple Yesica si nye eƒe nusrɔ̃vi aɖe si tso Ecuador la, ede dzesii be avi dzi ko wònɔ. Nɔvinyɔnua biae be nu ka tae wòle avi fam ɖo hã. Yesica gblɔ nɛ be, hafi yeaʋu ava dukɔa me la, yeda ahe ale gbegbe be gbe ɖeka naneke menɔ aƒea me yewoaɖu o. Tsi koe nye nu si wòna vianyɔnuvia. Yesica dze agbagba be yeable ye via nu wòadɔ alɔ̃ esime eya ŋutɔ nɔ gbedodoɖa dzi na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Kasia, Ðasefo eve va ƒo ʋɔ nɛ, gake Yesica mexɔ wo nyuie o, eye edze magazine si nɔvinyɔnuawo nɛ la gɔ̃ hã. Eye wòbia wo be, “Esiae nye nuɖuɖu si miedi be mana vinyea?” Nɔvinyɔnuawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ, gake gbeɖegbeɖea koe. Emegbe, woyi ɖaƒle nuɖuɖu vovovowo wòyɔ kusi ɖeka va da ɖe eƒe ʋɔtru nu. Ale si wonyo dɔme na Yesica la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe, eye ete ɖe edzi ŋutɔ be yewɔ nu abe akpemadala ene esi Mawu ɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu na ye. Gake fifia la, eɖoe kplikpaa be yeasubɔ Yehowa. Nu nyui ka gbegbee nye esi do tso woƒe dɔmenyonyoa me!—Nyagb. 11:1, 6.
TSƆ ÐOKUIWÒ NA FAA NÀKPE ASI ÐE TEOKRASIDƆWO ŊU
9, 10. (a) Ɣekaɣiwoe wòva hiã le Biblia ŋlɔɣiwo be Mawu ƒe amewo natsɔ wo ɖokuiwo ana faa awɔ dɔ aɖewo? (b) Mɔ kawo nue nɔviŋutsuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le le hamea me egbea?
9 Le blema Israel-viwo ƒe ŋutinya me la, eva hiã ɣeaɖewoɣi be woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa awɔ dɔ aɖewo. (2 Mose 36:2; 1 Kron. 29:5; Neh. 11:2) Egbea, mɔnukpɔkpɔ vovovowo le ʋuʋu ɖi na wò hã be nàzã wò ɣeyiɣi, nunɔamesiwo kple ŋutetewo atsɔ akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu. Esia awɔe be nàkpɔ dzidzɔ kple yayra geɖe.
10 Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na ŋutsu siwo le hamea me be woaminya subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo kple agbanɔamedziwo ahato esia me awɔ dɔ kple Yehowa. (1 Tim. 3:1, 8, 9; 1 Pet. 5:2, 3) Ame siwo wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la dina be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. (Dɔw. 6:1-4) Ðe hamemetsitsiwo de dɔ asi na wò be nànye anyinɔƒegbɔkpɔla, alo nàkpe asi ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu, alo nàkpe asi ɖe hamea ƒe agbalẽwo alo anyigbamamawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu alo nàwɔ dɔ bubu aɖea? Ame siwo kpɔa dɔ siawo gbɔ la agblɔ na wò be dɔ siawo wɔwɔ nana yewokpɔa dzidzɔ ŋutɔ.
Ame siwo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa kpea asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋu la dzea xɔlɔ̃ nyui geɖe (Kpɔ memama 11 lia)
11. Aleke xɔlɔ̃ siwo nɔvinyɔnu aɖe dze le teokrasixɔtudɔwo me la ɖe vi nɛ?
11 Nɔvi siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa kpe asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋu la dzea xɔlɔ̃ yeyewo zi geɖe. Bu Margie, si nye nɔvinyɔnu aɖe si kpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu ƒe 18 sɔŋ la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le xɔtudɔ siawo me la, etsɔa ɖe le eme na nɔvinyɔnu ɖetugbiwo hefiaa dɔ wo. Ekpɔe be esia ʋua mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ɖi na yewo be yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo. (Rom. 1:12) Esi Margie va nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la, ame siwo wòdze xɔlɔ̃e le xɔtudɔwo wɔwɔ me la de dzi ƒo nɛ. Ðe wò hã ètsɔ ɖokuiwò na faa kpe asi ɖe xɔtudɔ aɖe ŋu kpɔa? Wò hã àte ŋu akpɔ gome le dɔ sia me, ne xɔtuɖaŋu aɖeke mele asiwò o gɔ̃ hã.
12. Aleke nàte ŋu akpe asi ɖe kpekpeɖeŋunana nɔviwo ŋu ne afɔkuwo dzɔ?
12 Ne afɔku aɖe dzɔ la, Mawu ƒe amewo wɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ wɔa dɔ kple Mawu to kpekpeɖeŋu vovovowo nana wo nɔvi Kristotɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, wodzɔa ga be woatsɔ akpe ɖe nɔvi siwo ŋu afɔkua gblẽ nu le ŋu. (Yoh. 13:34, 35; Dɔw. 11:27-30) Go bubu si me míate ŋu ana kpekpeɖeŋu lee nye be míakpe asi ɖe nu siwo afɔkua gblẽ la dzadzra ɖo kple nuwo ɖɔɖɔ ɖo ŋu. Nɔvinyɔnu Gabriela, si tso Poland, si ƒe aƒe ŋu tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le vevie la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi siwo tso hame siwo le nutoa me la va be yewoana kpekpeɖeŋui. Egblɔ be: “Nyemedi be maƒo nu tso nu siwo dome gblẽ nam la ŋu o—ŋutilãmenuwo ko wonye. Yayra siwo gbegbe mekpɔ la boŋ ŋue madi be maƒo nu tsoe. Nudzɔdzɔ sia na mekpɔe be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe wònye be ame nanye Kristo hamea me tɔ eye enye dzidzɔ kple dzidzemetsoƒe gã aɖe hã.” Nɔvi geɖe siwo ŋu afɔku gblẽ nu le eye wokpe ɖe wo ŋu la hã se le wo ɖokuiwo me nenema ke. Eye ame siwo wɔa dɔ kple Yehowa henaa kpekpeɖeŋu siawo la hã kpɔa dzidzeme geɖe.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:35; 2 Korintotɔwo 9:6, 7.
13. Aleke gomekpɔkpɔ le lɔlɔ̃nu faa dɔwo me doa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa domee? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.
13 Stephanie kple gbeƒãɖela bubuwo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yewowɔ dɔ kple Mawu esime wokpe asi ɖe Ðasefo sitsoƒedila siwo va Amerika la ŋu. Wokpe asi ɖe eŋu wodi xɔ kple xɔmenuwo na ƒome siwo ʋu tso dukɔ siwo me aʋawɔwɔ gblẽ nu le la me. Stephanie gblɔ be: “Wokpɔ dzidzɔ ɖe lɔlɔ̃ si xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ɖe fia la ŋu ŋutɔ eye wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Esia teƒe kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe.” Egblɔ kpee be, “Ƒome siawo se le wo ɖokuiwo me be míekpe ɖe yewo ŋu, gake le nyateƒe me la, woawo boŋue kpe ɖe mía ŋu wu. Lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu si ɖe dzesi le nɔviawo ŋu la do ŋusẽ míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa, eye esia na míegakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wònana mí to eƒe habɔbɔa dzi la ŋu geɖe wu.”
KEKE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ÐE ENU
14, 15. (a) Nɔnɔme kae nyagblɔɖila Yesaya ɖe fia? (b) Aleke Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ate ŋu awɔ nu abe Yesaya ene egbea?
14 Ðe nàdi be yeawɔ dɔ kple Yehowa geɖe wua? Ðe nàlɔ̃ faa aʋu ayi aɖasubɔe le afi si dɔwɔla geɖe wu hiã le le eƒe habɔbɔa mea? Mehiã kokoko be Mawu subɔlawo nazɔ mɔ ayi teƒe didiwo hafi ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu o. Ke hã, nɔvi aɖewo ƒe nɔnɔmewo tea ŋu ɖea mɔ na wo be woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa aʋu ayi teƒe didiwo. Woƒe nɔnɔmea sɔ kple nyagblɔɖila Yesaya tɔ. Esi Yehowa bia be, “Ame kae madɔ, eye ame kae ayi na mí?” la, eɖo eŋu be: “Nyee nye esi! Dɔm!” (Yes. 6:8) Ðe didia le mewò eye wò nɔnɔmewo hã aɖe mɔ na wò be nàna kpekpeɖeŋu siwo hiã le Yehowa ƒe habɔbɔa mea? Ke hiahiã kawoe li fifia?
15 Yesu gblɔ tso gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Ðe nàte ŋu ayi aɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le, ɖewohĩ to mɔɖeɖedɔa wɔwɔ mea? Alo ɖe nàte ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu be wòawɔea? Nɔvi geɖewo kpɔe be mɔ nyuitɔ si dzi yewoato aɖe lɔlɔ̃ afia Mawu kple yewo havi ye nye be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa le anyigbamama siwo me gbeƒãɖela geɖe wu hiã le la me. Ðe mɔ bubuwo li siwo dzi nàto akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu alo awɔ geɖe wua? Àkpɔ dzidzɔ geɖe ne èwɔe nenema.
16, 17. Mɔnukpɔkpɔ bubu kawoe le ʋuʋu ɖi ne èdi be yeawɔ geɖe wu le Yehowa subɔsubɔ me?
16 Àlɔ̃ faa be yeasubɔ le Betel alo akpɔ gome le teokrasixɔtudɔwo me ahanye ame si tsoa aƒe me ɖawɔa dɔ le Betel alo xɔtudɔa me ɣeyiɣi aɖe alo ŋkeke ɖeka eve aɖewo le kwasiɖaa mea? Yehowa ƒe habɔbɔa hiã ame siwo adi be yewoasubɔe le afi sia afi si woaɖo wo ɖo eye yewoawɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode yewo si. Esia ate ŋu abia be woakpe asi ɖe dɔ aɖewo koŋ ŋu, togbɔ be ɖewohĩ menye dɔ mae wosrɔ̃ o hã. Ke hã, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo lɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe be yewoasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le la ŋu.—Ps. 110:3.
17 Ðe nàdi be yeagaxɔ hehe geɖe wu ale be nàte ŋu asu te nyuie awɔ wò subɔsubɔdɔ kɔkɔea? Ne nenemae la, anyo be nàde Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua. Le suku sia me la, wonaa hehe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu eye wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la be woagawɔ geɖe wu le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Ele be ame siwo di be yewoade suku sia la nanye ame siwo alɔ̃ faa be yewoasubɔ le afi sia afi si woaɖo yewo ɖo le sukua nu wuwu vɔ megbe. Ðe nàdi be yeawɔ mɔnukpɔkpɔ sia si le ʋuʋu ɖi la ŋu dɔ awɔ dɔ geɖe wu na Yehowa?—1 Kor. 9:23.
18. Yayra kawoe nàkpɔ ne èwɔa dɔ kple Yehowa gbe sia gbe?
18 Mí Yehowa subɔlawo míelɔ̃na faa kpena ɖe amewo ŋu—esia nye nyuiwɔwɔ, dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ ɖeɖe fia—eye míetsɔa ɖe le eme na amewo gbe sia gbe. Esia nana míekpɔa dzidzɔ, ŋutifafa kple dzidzeme geɖe. (Gal. 5:22, 23) Aleke kee wò nɔnɔmeawo ɖale o, àte ŋu akpɔ dzidzɔ ne èsrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmenyonyo eye nènye eƒe hadɔwɔla siwo ŋu wòdea asixɔxɔe la dometɔ ɖeka!—Lod. 3:9, 10.