INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 1 axa 3
  • Ame Kae Nye Mawu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Mawu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kawoe Nàwɔ Be Nànya Mawu Nyuie?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ènya Fofowò Si Le Dziƒo La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ameka Tututue Mawu Nye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 1 axa 3
Ŋutsu aɖe le ŋku lém ɖe ale si anyigbaa nya kpɔe ŋu

Ame Kae Nye Mawu?

Ame geɖe gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se. Gake ne èbia wo be ame kae nye Mawu hã la, àse ŋuɖoɖo vovovowo. Le ame aɖewo gome la, Mawu nye ʋɔnudrɔ̃la sẽŋuta aɖe si dina be yeahe to na amewo ɖe woƒe nu gbegblẽwo ta. Eye ame bubuwo hã susu be enye Mawu lɔ̃ame si tsɔna kena ɣeawokatãɣi nu ka kee yewo ɖawɔ o. Gake ame aɖewo hã xɔe se be Mawu le adzɔge tso mía gbɔ eye metsɔa ɖeke le eme na mí o. Esi wònye susu vovovo siawoe le amewo si ɖe Mawu ŋu ta la, ame geɖe asusu be manya wɔ gbeɖe be woanya ame si Mawu nye o.

Ðe wòle vevie be woanya Mawua? Ɛ̃, ele vevie. Ne ènya Mawu nyuie la, ate ŋu ana tameɖoɖo kple gɔmesese nanɔ wò agbe ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Ne ète ɖe Mawu ŋu nyuie la, eya hã alɔ̃ wò eye wòakpe ɖe ŋuwò. (Yakobo 4:8) Ne Mawu ŋuti sidzedze vavã su asiwò la, ate ŋu ana nànɔ agbe tegbee.—Yohanes 17:3.

Aleke nàwɔ anya Mawu? De ŋugble le xɔwò aɖe si nènya nyuie la ŋu kpɔ. Aleke miewɔ va zu xɔlɔ̃wo? Anye be èva nya ame ma ŋkɔ, eƒe nɔnɔmewo, nu siwo dzɔa dzi nɛ kple nu siwo medzɔa dzi nɛ o, nu siwo wòte ŋu wɔ, nu siwo wòɖo be yeava wɔ kple bubuawo. Nu siawoe na nèdze xɔ̃e.

Nenema kee míate ŋu ava nya Mawu ne míedzro nu siwo gbɔna la me:

  • MAWU ƑE ŊKƆ ÐE?

  • AME KA TUTUTUE MAWU NYE?

  • NU KAWOE MAWU WƆ?

  • NU KAE MAWU AWƆ?

  • VI KAE WÒAÐE NA WÒ NE ÈVA NYA MAWU?

Wotrɔ asi le magazine sia ŋu be wòaɖo nya siawo ŋu tso Biblia me. Nyati siawo akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso ame si Mawu nye ŋu kple vi si esia aɖe na wò ne èva dze si Mawu eye nèzu exɔlɔ̃.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe