INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 1 axa 4-5
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TA MAWU ƑE ŊKƆA LE VEVIE
  • NU SI ŊKƆA ÐE FIA
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • De Bubu Yehowa Ƒe Ŋkɔ Gã La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 1 axa 4-5

Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?

Ne èdi be yeanya ame aɖe la, nu gbãtɔ si nàbiae nye be, “Ŋkɔwò ɖe?” Ne èbia nya ma Mawu la, aleke wòaɖo eŋui?

“Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee.”—Yesaya 42:8.

Ðewohĩ ŋkɔ ma nye nu yeye na wò, elabe Biblia gɔmeɖela geɖe mezã Mawu ƒe ŋkɔa ale o, eye bubuwo ya mezãe kura o. Zi geɖe la, wotsɔa dzesideŋkɔ “AƑETƆ” ɖoa Mawu ƒe ŋkɔa teƒe. Ke hã Mawu ƒe ŋkɔa dze le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo la me abe zi 7,000 ene. Wotsɔ Hebrigbe me xaxagbeɖiɖi ene siwo sɔ kple YHWH ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔa eye zi geɖe la, woyɔnɛ be “Yehowa,” le Eʋegbe me.

Mawu ƒe ŋkɔ si le Hebrigbe me si dze le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo dzi

Psalmowo Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa Si Tso Ƒu Kukua Me alafa gbãtɔ K.Ŋ., HEBRIGBE

Mawu ƒe ŋkɔ si dze le Tyndale ƒe Biblia si le Eŋlisigbe me la me

Tyndale ƒe Biblia Ƒe 1530, EŊLISIGBE

Mawu ƒe ŋkɔ si dze le Reina-Valera ƒe Biblia si le Spaingbe me la me

Reina-Valera version Ƒe 1602, SPAINGBE

Mawu ƒe ŋkɔ si dze le Union Version Biblia si le Chinagbe me la me

Union Version Ƒe 1919, CHINAGBE

Mawu ƒe ŋkɔ dze le Hebri ŋɔŋlɔ bliboa me eye wodze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe hã me

NU SI TA MAWU ƑE ŊKƆA LE VEVIE

Ŋkɔa le vevie na Mawu ŋutɔ hã. Menye ame aɖekee tsɔ ŋkɔa na Mawu o, eya ŋutɔe tsɔe. Yehowa gblɔ be: “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, eye esiae woatsɔ aɖo ŋku dzinye tso dzidzime yi dzidzime.” (2 Mose 3:15) Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia me wosɔ gbɔ wu eƒe dzesideŋkɔwo abe Ŋusẽkatãtɔ, Fofo, Aƒetɔ, alo Mawu ene, eye esɔ gbɔ wu ŋkɔ bubuwo abe Abraham, Mose, David, alo Yesu ene. Azɔ hã, Yehowa di be amewo nanya yeƒe ŋkɔa. Biblia gblɔ be: “Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—Psalmo 83:18.

Ŋkɔa le vevie na Yesu. Le gbedodoɖa si woyɔna be mía Fofo Si Le Dziƒo alo Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa me la, Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na Mawu be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Yesu ŋutɔ do gbe ɖa na Mawu be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” (Yohanes 12:28) Mawu ƒe ŋkɔa dodo ɖe dzi nɔ vevie na Yesu le eƒe agbe me, eya ta edo gbe ɖa be: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae.”—Yohanes 17:26.

Ŋkɔa le vevie na ame siwo nya Mawu. Mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema nya be hafi yewoakpɔ agbe eye yewoanɔ dedie la, ele be Mawu ƒe ŋkɔa nanɔ vevie na yewo. “Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ́ sesẽ. Afi mae ame dzɔdzɔe la sina yina eye wònɔa dedie.” (Lododowo 18:10) “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” (Yoel 2:32) Biblia ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔ ana ame siwo subɔnɛ la naɖe dzesi. “Dukɔwo dometɔ ɖe sia ɖe azɔ le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me, ke míawo ya míazɔ le Yehowa mía Mawu ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mika 4:5; Dɔwɔwɔwo 15:14.

NU SI ŊKƆA ÐE FIA

Mawu ɖeka koe tɔ ŋkɔ ma. Agbalẽnyala geɖe gblɔ be ŋkɔ Yehowa gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Yehowa Mawu ŋutɔ na gɔmesese deto si le ŋkɔa ŋu dze esime wògblɔ nya siawo tso eɖokui ŋu na Mose be: “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye.” (2 Mose 3:14) Mawu ƒe ŋkɔa mefia be Wɔla, ame si wɔ nuwo katã koe wònye o. Eƒe ŋkɔa ɖe ŋutete si le esi be wòana eya ŋutɔ kple eƒe nuwɔwɔwo nava nye nu sia nu si hiã ale be eƒe tameɖoɖo nava eme la fia. Togbɔ be Mawu ƒe dzesideŋkɔwo ate ŋu aɖɔ eƒe ɖoƒe, ŋutete, alo ŋusẽ hãa, eƒe ŋkɔ Yehowa ɖeɖe koe na míekpɔ ame si tututu wònye kple nu si wòate ŋu ava nye.

Ŋkɔa na míekpɔ ale si Mawu tsɔ ɖe le eme na mí. Gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu ɖe ale si wòtsɔ ɖe le eme na eƒe nuwɔwɔwo, siwo dome míawo hã míele la fia. Azɔ hã, esi Mawu na míenya eƒe ŋkɔa ta la, efia be edi be míadze si ye. Eya ŋutɔe tso le eɖokui si na míenya eƒe ŋkɔa, hafi wòava va tame na mí gɔ̃ hã be míabia. Eme kɔ ƒãa be Mawu di be míanya be Ame ŋutɔŋutɔ si ŋu míate ŋu ate ɖo ye yenye ke menye abe mawu aɖe si le adzɔge ʋĩi si wosubɔna la ene o.—Psalmo 73:28.

Ne míezãa Mawu ƒe ŋkɔa la, ke efia be míedi be míadze sii. Le kpɔɖeŋu me, àdi be ame aɖe si nèdi be yeadze xɔ̃e la nanɔ wò ŋkɔ yɔm na wò. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne amea gbe be yemayɔ wò ŋkɔa na wò o? Ne amea le ewɔm nenema la, awɔ na wò be ɖewohĩ medi be yeanye xɔ̃wò o. Nenemae wòle le Mawu hã gome. Yehowa na míenya eƒe ŋkɔa eye wòde dzi ƒo na mí be míazãe. Ne míezãe la, ana Yehowa nakpɔe be míedi be míate ɖe ye ŋu. Susuae nye be ekpɔa “ame siwo dea ŋugble le [alo “dea asixɔxɔ,” etenuŋɔŋlɔ] eƒe ŋkɔ ŋu la ŋu” gɔ̃ hã!—Malaki 3:16.

Afɔɖeɖe gbãtɔ si akpe ɖe mía ŋu be míadze si Mawue nye be míanya eƒe ŋkɔ. Gake mele be wòase ɖe afi ma o. Ele be míadze agbagba be míadze si Ame si tɔ ŋkɔa. Ele be míanya ame si tututu wònye.

MAWU ƑE ŊKƆ ÐE? Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Ŋkɔ ma na míekpɔe be Mawu ɖeka si tɔ ŋkɔ ma koe nye Ame si ate ŋu ana eƒe tameɖoɖo nava eme

ALEKE MAWU WƆ VA DZƆ?

Nya ma ɖea fu na ame geɖe.Ðewohĩ eɖea fu na wò hã. Míate ŋu atrɔ biabia ma ale: Ne ame aɖee wɔ xexea kple nu siwo katã le eme la, ke aleke Mawu wɔ va dzɔ?

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔna be gɔmedzedze li na xexea. Biblia ƒe mawunyakpukpui gbãtɔ gblɔ tso nya sia ŋu be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—1 Mose 1:1.

Xexea ŋutɔ mewɔ eɖokui o; afi aɖe kokokoe wòdzɔ tso. Naneke mate ŋu adzɔ tso nu si meli o me o. Ne naneke meli do ŋgɔ hafi xexea va dzɔ o la, anye ne xexe aɖeke meli egbea o. Togbɔ be asesẽ be míase egɔme bliboe hã la, nane si li tegbee si menye xexea ƒe akpa aɖeke o lae na xexea va dzɔ. Yehowa Mawu, ame si nye ŋusẽtɔ si si nunya le eye wònye gbɔgbɔ lae nye Ame si na xexea va dzɔ.—Yohanes 4:24.

Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be: “Hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ xexea kple anyigbaa la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Psalmo 90:2) Esia fia be Mawu ya li tso gbe aɖe gbe ke. Eya ta “le gɔmedzedzea me” la, eyae wɔ xexe sia.—Nyaɖeɖefia 4:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe