INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 2 axa 4-5
  • Ne Afɔku Aɖe Dzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Afɔku Aɖe Dzɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NE ÈNYA BIBLIA ME NYATEƑEA LA ANA MƆKPƆKPƆ WÒ
  • Ðe Nèdzra Ðoa?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Yehowa Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ŋɔdzinudzɔɖeamedziwo Nu Ava Yi!
    Nyɔ!—2001
  • Ale Si Míawɔ Anɔ Te Ðe Dzimaɖitsitsi Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 2 axa 4-5
Ŋutsu eve aɖewo nɔ anyi ɖe gli gbagbãwo dzi le teƒe si afɔku aɖe dzɔ le

Ne Afɔku Aɖe Dzɔ

“Gbã la, mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí. Ba kple tsiɖɔɖɔ gblẽ nu siwo katã nɔ mía si la dome.”—Andrew, Sierra Leone.

“Le ahom sesẽa megbe la, míetrɔ va míaƒe aƒea me. Naneke mesusɔ o. Míaƒe nu ku. Ðeko vinyenyɔnua tu klo anyi eye wòwó avi doo.”—David, Virgin Islands.

NE AFƆKU dzɔ ɖe dziwò kpɔ eye nètsi agbe la, àse ale si ame siwo hã tsi agbe le afɔku aɖe me la sena le wo ɖokuiwo me la gɔme: ana wò mo nada tu, màxɔe ase o, àtɔtɔ, àtsi dzi eye àku drɔ̃e baɖabaɖawo. Agbetsila siwo ƒo dzi ɖe le eye nu te wo ŋu la megadina be yewoanɔ agbe o.

Ne afɔku aɖe gblẽ nu le ŋuwò kpɔ la, ke wò hã àse le ɖokuiwò me be ewu tsɔtsɔ na ye. Àte ŋu ase le ɖokuiwò me be ne yeku la enyo wu. Ke hã, Biblia na eme kɔ be susu nyuiwo li siwo ta wòle be nàyi edzi anɔ agbe eye nànɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe.

NE ÈNYA BIBLIA ME NYATEƑEA LA ANA MƆKPƆKPƆ WÒ

Nyagblɔla 7:8 gblɔ be: “Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze.” Mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame ne afɔku dzɔ ɖe ame dzi teti eye wòle agbagba dzem be yeaŋlɔe be. Gake ne ègbɔ dzi ɖi be nuwo naɖɔ ɖo vivivi la, nɔnɔmea ava ka ɖe eme.

Biblia gblɔe ɖi be, ɣeyiɣi aɖe ava si me “womagase avifafa alo konyifafa . . . azɔ o.” (Yesaya 65:19) Esia ava eme ne Mawu Fiaɖuƒea va trɔ anyigbaa wòzu paradiso. (Psalmo 37:11, 29) Afɔkuwo magadzɔ azɔ o. Vevesese kple dzodzodzoetsitsiwo katã nu ayi tegbee elabe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la do ŋugbe be: “Tsãnuwo magava susu me na ame, alo ava ame ƒe dzi me o.”—Yesaya 65:17.

Bu eŋu kpɔ ko: Wɔlaa wɔ ɖoɖo be ‘yeana mɔkpɔkpɔ wò eye etsɔme nanyo na wò’ si fia be ànɔ agbe le tomefafa me le Mawu Fiaɖuƒea me. (Yeremiya 29:11) Ðe nyateƒenya sia nyanya na nèdi be yeayi edzi anɔ agbea? Sally si ƒe nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me gblɔ be: “Ne èɖoa ŋku nu nyui siwo katã Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ na mí le etsɔme dzi na ɖokuiwò la, akpe ɖe ŋuwò nàŋlɔ nu siwo dzɔ va yi la be eye nàkpɔ ŋgɔ.”

Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu si Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ na amegbetɔwo kpuie la ŋu oa? Ne èwɔe alea la, ana nàka ɖe edzi be togbɔ be afɔku dzɔ ɖe ye dzi hã la, susu nyuiwo li siwo ta wòle be yeayi edzi anɔ agbe fifia eye yeanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si afɔku aɖeke magadzɔ o. Hafi ɣeyiɣi ma naɖo gɔ̃ hã la, Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi le afɔku si dzɔ ɖe dziwò la me. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

Mawunyakpukpui Siwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Ði ɖe eme nyuie.

“Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.”—Nyagblɔla 4:6.

Numekulawo gblɔ be ne afɔku aɖe dzɔ ɖe ame dzi, eye emegbe “amea meɖi ɖe eme nyuie o la, dzikatsoƒonamenuawo anyra ɖe edzi, eye wòana amea natɔtɔ ɖe edzi.” Eya ta anyo be ame nadɔ alɔ aɖi ɖe eme nyuie.

Ðo dze tso eŋu na ame aɖe.

“Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi [alo, “ɖe wònana ame léa blanui,” etenuŋɔŋlɔ], ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.”—Lododowo 12:25.

Gblɔ wò dzimenyawo na wò ƒometɔ alo xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo. Menye ɖeko ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo aɖo to wò ko o, ke boŋ woate ŋu ade dzi ƒo na wò eye woakpe ɖe ŋuwò hã.a

Wò susu nenɔ ɣeyiɣi si me nuwo aɖɔ ɖo ŋu.

“Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.”—2 Petro 3:13.

a Anyo be ame siwo dzi nu te ɖo alo tsi dzodzodzoe eteƒe didi la nayi kɔdzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe