INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 2 axa 8-9
  • Ne Srɔ̃wò Wɔ Ahasi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Srɔ̃wò Wɔ Ahasi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MAWUNYAKPUKPUI SIWO ATE ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ
  • Tenɔnɔ Ðe Kplamatsedonuwo Nu to Taɖodzinuwo Ðoɖo Me
    Nyɔ!—2001
  • Ale Si Nàkpɔ Akɔfafa Le Xaxaɣiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Anya Wɔ Be Miagawɔ Ðekaa?
    Nyɔ!—1999
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 2 axa 8-9
Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa

Ne Srɔ̃wò Wɔ Ahasi

“Ðeko medi be maku esi srɔ̃nye gblɔ nam be yele asi ɖem le ŋunye esi wòkpɔ ɖetugbui aɖe ta. Enye nu madzɔmadzɔ si wòwɔ ɖe ŋunye vevietɔ ne meɖo ŋku nu siwo gbegbe metsɔ sa vɔ ɖe eta dzi.”—Maria, Spain.

“Esi srɔ̃nye gbem le vome la, ɖeko wòwɔ abe nanee ku le menye ene. Nu siwo míenɔ mɔ kpɔm na kple nu siwo míeɖo be míawɔ la katã dome gblẽ. Ɣeaɖewoɣia nye nuxaxaa dzi kana ɖena vie, gake kasia ko vevesesea gatrɔ va.”—Bill, Spain.

AME ƒe dzi gbãna ne srɔ̃a wɔ ahasi. Le nyateƒe me la, srɔ̃tɔ aɖewo tea ŋu tsɔna kena wo srɔ̃ si dze agɔ si trɔ dzi me la, eye wo dome gavivina.a Ne srɔ̃tɔawo lɔ̃ be yewoanɔ yewo nɔewo gbɔ alo agbe yewo nɔewo o, ame si dzi wodze agɔa le la sea veve eteƒe didina. Aleke ame siawo awɔ anɔ te ɖe vevesesea nu?

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ATE ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ

Togbɔ be enyea dzigbãnya hã la, Biblia faa akɔ na srɔ̃tɔ si dzi wodze agɔa le. Wova kpɔnɛ be Mawu le yewoƒe nuxaxa kple aɖatsiwo kpɔm eye wòsea veve ɖe yewo nu.—Malaki 2:13-16.

“Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.”—Psalmo 94:19.

Bill gblɔ be: “Esi mexlẽ mawunyakpukpui ma la, mekpɔe le susu me ɖaa be Yehowa le akɔ fam nam abe ale si vifofo si sea veve ɖe via nu wɔnɛ ene.”

“Èwɔa nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe.”—Psalmo 18:25.

Carmen, ame si srɔ̃ mewɔ nuteƒe o ɣleti geɖe gblɔ be: “Srɔ̃nye mewɔ nuteƒe o. Gake meka ɖe edzi be Yehowa ya awɔ nuteƒe nam. Mado ŋukpem gbeɖe o.”

“Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo . . . dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo . . . ŋu.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Sasha gblɔ be: “Mexlẽ kpukpui sia zi geɖe. Esi medo gbe ɖa edziedzi ta la, Mawu na mekpɔ ŋutifafa.”

Ame siwo katã ƒe nya míegblɔ va yi la se le wo ɖokui me kpɔ be yewoana ta. Gake woɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu eye eƒe Nyaa do ŋusẽ wo. Bill gblɔe ale: “Xɔse si nɔ asinye la na taɖodzinu nɔ nye agbe ŋu togbɔ be edze abe nu sia nu dome gblẽ ene hã. Togbɔ be meto ‘bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã,’ Mawu nɔ kplim.”—Psalmo 23:4.

a Àte ŋu axlẽ nu tso ne àtsɔe ake loo màtsɔe ake o ŋu le nyati siwo le May 8, 1999 ƒe Nyɔ! me si ƒe tanyae nye “Ne Srɔ̃tɔ aɖe Mewɔ Nuteƒe O.”

Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàdo Dzi?

De ŋugble le Biblia me nya fakɔnamewo ŋu.

Bill gblɔ be: “Mexlẽ Hiob kple Psalmowo ƒe agbalẽawo. Eye mete fli ɖe akpa siwo sɔ ɖe nye nɔnɔmea nu la te. Meva kpɔe be Biblia ŋlɔla siawo hã to vevesese kple dzimaɖitsitsi siawo tɔgbi me abe nye ke ene.”

Ðo to hadzidzi siwo faa akɔ na ame.

Carmen gblɔ be: “Ne metsi zãdomadɔlɔ̃e la, meɖoa to hawo. Esia fa akɔ nam ŋutɔ.” Daniel gblɔ be: “Mesrɔ̃ dzita ƒoƒo eye esia kpe ɖe ŋunye megaɖo ɖokuinye me.”

Ƒo nu tso ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la ŋu.

Daniel gblɔ be: “Memam be maƒo nu tso nye seselelãmewo ŋu o. Gake xɔlɔ̃ nyui aɖewo le asinye siwo gbɔ meyina ɣesiaɣi míeɖoa dze. Meƒoa nu tso nye vevesesewo ŋu na wo alo ŋlɔa wo ɖe lɛta me na wo. Esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Sasha gblɔ be: “Kpekpeɖeŋu si nye ƒomea nam la ɖe vi nam ŋutɔ. Nɔnye nɔa ŋunye ɣesiaɣi. Ne nya aɖe le asinye magblɔ la nɔnye ɖoa tom. Tɔnye hã na mese le ɖokuinye me be mele dedie eye wòkpe ɖe ŋunye megaɖo eme vivivi.”

Nɔ gbe dom ɖa.

Carmen gblɔ be: “Medoa gbe ɖa edziedzi. Mese le ɖokuinye me be Mawu megblẽm ɖi o, eɖoa tom eye wòkpena ɖe ŋunye. Mete ɖe Mawu ŋu le ɣeyiɣi sesẽ ma me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe