INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 2 axa 10-11
  • Ne Dɔléle Sesẽ Aɖe Dze Dziwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Dɔléle Sesẽ Aɖe Dze Dziwò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI AME AÐEWO WƆ TE ŊU NƆ TE ÐE ENU
  • Dɔmavɔleameŋu—Ƒomea ƒe Agbae
    Nyɔ!—2000
  • Tenɔnɔ Ðe Wò Dɔlélea Nu Dzidzedzetɔe—Le Mɔ Ka Nu?
    Nyɔ!—2001
  • Alesi Ƒomewo Wɔna Nɔa Te Ðe Dɔmavɔleameŋu Nu
    Nyɔ!—2000
  • Nukatae Manɔ Dɔ Lém Alea Gbegbe?
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 2 axa 10-11

Ne Dɔléle Sesẽ Aɖe Dze Dziwò

“Esi mese be wokpɔ kansa le nye dzitodzito kple dɔgbo me la, mebu be wòtso kufia nam. Gake esi megbɔ tso kɔadzi la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Enyo, menye nu mae menɔ mɔ kpɔm na o, gake ele be mato mɔ aɖe dzi anɔ te ɖe enu.’”—Linda, si xɔ ƒe 71.

“Dɔléle sesẽ aɖe na mesea veve le nye mo ƒe miakpa dzi eye gbegblẽm ɖe edzi koe wòle. Ɣeaɖewoɣi la, vevesesea nana meléa blanui vevie. Zi geɖe la, metsia akogo eye medina be mawu ɖokuinye gɔ̃ hã.”—Elise, si xɔ ƒe 49.

Dɔnɔ aɖe si le bunɔkeke me la ƒe ame vevi siwo lɔ̃e la le eŋu

NE WOKPƆ dɔléle si ate ŋu awu ame le wò ŋutɔ alo wò ame vevi aɖe ŋu kpɔ la, ke ànya ale si wògbãa dzi na amee. Tsɔ kpe ɖe dɔlélea ŋutɔ ŋu la, ele be nànɔ te ɖe wò ŋutɔ loo alo dɔnɔa ƒe nuwɔnawo hã nu. Ne mɔ si dzi woto le dɔa dam na wò nana nèsea veve, mèkpɔ ga aƒle atikeawo o, alo atikeawo ava ɖe fu na wò emegbe a, ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo wò eye nàtsi dzi. Ne ame aɖe ƒe lãme gblẽ vevie la, ale si wònana ame tsia dzii la gagblẽa nyaa ɖe edzi.

Afi kae míakpɔ kpekpeɖeŋu le? Ame geɖe kpɔe be ne yewoziɔ ɖe Mawu ŋu do gbe ɖa nɛ, eye yewoxlẽ akɔfanamenyawo le Biblia me la, enana yewokpɔa gbɔdzɔe ŋutɔ. Lɔlɔ̃ si ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖena fiana kple woƒe kpekpeɖeŋu hã kpena ɖe ame ŋu.

NU SI AME AÐEWO WƆ TE ŊU NƆ TE ÐE ENU

Robert si xɔ ƒe 58 ɖo aɖaŋu be: “Na ale si nèxɔ Mawu dzi se nakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi. Do gbe ɖa na Yehowa. Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me nɛ. Bia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Biae be wòado ŋusẽ wò nànɔ te sesĩe eye nàde dzi ƒo na wò ƒomea eye nàɖe dzi ɖi esime nèle dzi dom.

“Eɖea vi ŋutɔ ne wò ƒomea sea veve ɖe nuwò, eye woli na wò. Gbe sia gbe la, wo dometɔ ɖeka alo eve ƒoa ka nam biana be, ‘Èfɔ nyuiea?’ Xɔ̃nye siwo le teƒe vovovowo hã dea dzi ƒo nam. Esia kpena ɖe ŋunye ŋutɔ be magana ta o.”

Ne èyi xɔ̃wò aɖe si dze dɔ srã ge kpɔ la, na Linda ƒe nya sia nanɔ susu me na wò. Egblɔ be: “Dɔnɔa adi be yeaɖe susu ɖa le dɔlélea ŋu ne yeƒe susu nanɔ nu bubuwo ŋu, si ta madi be yeanɔ nu ƒom tso eŋu ɣesiaɣi o. Eya ta miɖo dze tso nu bubu siwo ŋu mieɖoa dze tsonae ŋu ne miedo go.”

Le Mawu ƒe ŋusẽdoame kple akɔfanya siwo le Biblia me kple kpekpeɖeŋu si ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nana mí ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be susu nyuiwo li siwo tae wòle be míayi edzi anɔ agbe, ne míele dɔ lém vevie gɔ̃ hã.

Mawunyakpukpui Siwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Ðo ŋu ɖe Mawu ŋu.

“Medi Yehowa yome mɔ, etɔ nam. Eɖem tso nu siwo katã vɔ̃m mele la me. Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa see.”—Psalmo 34:4, 6.

Linda, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Nyemedoa gbe ɖa be ‘Na mahaya o.’ Ke boŋ medoa gbe ɖa ɣesiaɣi be: ‘Kpe ɖe ŋunye ŋusẽ nanɔ ŋunye manɔ te ɖe nye dɔlélea nu.’”

Xlẽ Mawu ƒe Nyaa be wòado ŋusẽ wò.

“Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.”—Yesaya 33:24.

Nɔ ŋugble dem le ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu la ŋu, esia ana mɔkpɔkpɔ si ado ŋusẽ wò be nàdo dzi la wò.

Na wò ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo nakpe ɖe ŋuwò.

“Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

Elise, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Mèganɔ ɖokuiwò ɖem ɖe aga o. Na xɔ̃wòwo nakpe ɖe ŋuwò. Ɣeaɖewoɣi àse le ɖokuiwò me be yetsi akogo eye wòawɔ na wò be Mawu gɔ̃ hã meɖoa to ye o, gake mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe