INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 3 axa 14-15
  • Àte Ŋu Ase Vivi Na Agbea Fifia Gɔ̃ Hã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Ase Vivi Na Agbea Fifia Gɔ̃ Hã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI NÀWƆ AKPƆ DZIDZEME
  • ALE SI MÍANƆ TE ÐE DƆLÉNYAWO NU
  • NA WÒ SRƆ̃ÐEÐEA NALI KE
  • Na Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke Eye Dzidzɔ Nanɔ Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nu Vevi Eve Siwo Naa Srɔ̃ɖeɖe Nɔa Anyi Didina
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ko Alɔgbɔnu—Eɖea Vi na Wò!
    Nyɔ!—2000
  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 3 axa 14-15
Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la dometɔ ɖeka kple srɔ̃a wole nu ɖam ɖekae

Àte Ŋu Ase Vivi Na Agbea Fifia Gɔ̃ Hã

BU ALE SI nàse vivi na agbea ne èva le agbe le xexe si me dɔléle, tsitsi kple ku maganɔ o me ŋu kpɔ! Gake egbea, nɔnɔme sesẽwo kple kuxiwo gaɖekpe na mí kokoko. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàse vivi na agbea fifia gɔ̃ hã? Biblia na mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ eye nàse vivi na agbea. Na míade ŋugble tso kuxi aɖewo ŋu kpɔ ne míakpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe.

ALE SI NÀWƆ AKPƆ DZIDZEME

Aɖaŋu si Biblia ɖo: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.”—Hebritɔwo 13:5.

Egbea amewo ƒoa nu tso nu gbogbo aɖewo siwo wosusu be ele be woasu ame si la ŋu. Ke hã, Biblia ya gblɔ be mina “nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.” Le mɔ ka nu?

Tsri “galɔlɔ̃.” Amewo tsɔa woƒe lãmesẽ, ƒome, xɔlɔ̃wo, nɔnɔme nyuiwo kple bubu si le wo ŋu gɔ̃ hã sa vɔe ɖe “galɔlɔ̃” dzaa ko ta. (1 Timoteo 6:10) Ewɔ nublanui ŋutɔ lo! Le esiawo katã me gɔ̃ hã, ga ‘meɖia ƒo’ na ame si lɔ̃ kesinɔnuwo o.—Nyagblɔla 5:10.

Ame wu ga. Nyateƒee wònye be nunɔamesiwo ƒe wɔƒe li. Gake nu mawo mate ŋu alɔ̃ mí alo akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o; amewo koe ate ŋu awɔ esiawo na mí. Ne “xɔlɔ̃ vavã” le ame si la, ana ame nakpɔ dzidzeme le agbe me.—Lododowo 17:17.

MÍATE ŊU ASE VIVI NA AGBEA FIFIA GƆ̃ HÃ NE MÍEWƆNA ÐE BIBLIA ƑE MƆFIAMEWO DZI

ALE SI MÍANƆ TE ÐE DƆLÉNYAWO NU

Aɖaŋu si Biblia ɖo: “Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui.”—Lododowo 17:22.

Dzidzɔ le abe “atike nyui” si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe dɔléle nu ene. Gake aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ ne míeƒe lãme gblẽ?

Nye akpedala. Ne míaƒe kuxiwo ŋu koe míebuna ɣesiaɣi la, míaƒe “ŋkekewo katã” anye vɔ̃. (Lododowo 15:15) Ðe ema teƒe la, Biblia gblɔ boŋ be: “Minye akpedalawo.” (Kolosetɔwo 3:15) Srɔ̃ ale si nàda akpe ɖe nu suewo gɔ̃ hã ta. Nuwo abe ɣe ƒe amigogbagba, ya fafɛ aɖe kple ame vevi aɖe ƒe alɔgbɔnukoko lɔlɔ̃tɔe ene, ate ŋu ana nàɖe dzi ɖi le agbe me.

Kpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne lãmesẽ mede míadzi o gɔ̃ hã, “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne amewo kpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu la, dzi ɖoa mía ƒo, eye esia nana míeɖea susu ɖa le míaƒe kuxiwo dzi. Ne míekpe ɖe amewo ŋu be woase vivi na agbea la, ana míawo ŋutɔwo hã míase vivi na agbea.

NA WÒ SRƆ̃ÐEÐEA NALI KE

Aɖaŋu si Biblia ɖo: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’—Filipitɔwo 1:10.

Srɔ̃tɔ siwo mekpɔa vovo ɖe wo nɔewo ŋu o la, le woƒe srɔ̃ɖeɖea dem afɔku me. Nu siwo le vevie wu la dometɔ ɖekae nye srɔ̃ɖeɖe, eya ta anyo be srɔ̃tɔwo nabu woƒe srɔ̃ɖeɖea nu vevii.

Miwɔ nuwo ɖekae. Le esi nànɔ ɖokuiwò tɔ ko dim teƒe la, ɖe manyo be miawɔ ɖoɖo awɔ nuwo ɖekae oa? Biblia gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” (Nyagblɔla 4:9) Miate ŋu aɖa nu ɖekae, ade kame ɖekae, ano aha vivi aɖe ɖekae, alo aɖe modzaka ɖekae.

Ðe lɔlɔ̃ fia. Biblia de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo be woalɔ̃ wo nɔewo eye woade bubu wo nɔewo ŋu. (Efesotɔwo 5:28, 33) Alɔgbɔnukoko vividoɖeameŋutɔe, asikplakɔname, alo nunana suesuesue aɖewo ate ŋu ado ŋusẽ srɔ̃ɖekadodoa. Gake nyateƒeae nye be, ele be srɔ̃tɔwo naɖe atsu kple asi dome lɔlɔ̃a afia wo nɔewo ɖeɖe ko.—Hebritɔwo 13:4.

“TAÐODZINU VA LE NYE AGBE ŊU MLƆEBA!”

—Abe ale si Ryoko Miyamoto, si tso Japan gblɔe ene.

Agbea sesẽ na mí. Srɔ̃nye nye ahanoxe eye dɔ aɖeke melina ɖe esi me o. Eɖe ta le eƒe agbanɔamedzi te hegbe mía vi eneawo dzi kpɔkpɔ. Mekua kutri wɔa dɔ vevie kple susu be nuwo naka ɖe eme vie gake gbeɖegbeɖea koe. Meva nɔ ɖokuinye biam be, ‘Fiƒodee loo alo to hem wole nam ɖe nu vɔ̃ siwo mewɔ va yi la taa?’

Gbe ɖekaa, Yehowa Ðasefo aɖe va ƒo ʋɔ nam. Eko alɔgbɔnu vividoɖeameŋutɔe eye wòƒo nu kple kakaɖedzi tso Mawu Fiaɖuƒea kple agbe tegbee nɔnɔ ŋu. Edoe ɖa be yeasrɔ̃ Biblia kplim. Eteƒe medidi o, meva srɔ̃e be Mawu li, eye wònye nunyala, dzɔdzɔetɔ kple ame si lɔ̃a ame. Meva nya nɔnɔme si me ame kukuwo le eye be menye fiƒodee nye fukpekpewo hã nye o.

Ƒo wo katã ta la, meva nyae nyuie be mɔ si ko dzi ame ato be nu nadze edzi nɛ le agbe mee nye be wòana eya kple Mawu dome nanɔ nyuie. Biblia me nyateƒe siwo meva nya la, na dzi ɖo ƒonye, ena mevo eye nye susu me dze akɔ anyi. Magblɔ be, taɖodzinu va le nye agbe ŋu azɔ!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe