AGBEMEŊUTINYA
Yehowa Yram Wu Ale Si Mesusui
ESIME menye ɖekakpui la, megblɔna na ɖokuinye be, ‘Ele be mawɔ mɔɖeɖedɔa.’ Gake megabiaa ɖokuinye be, ‘Ðe mase vivi na mɔɖeɖedɔa vavã?’ Melɔ̃ dɔ si wɔm menɔ le Germany la ŋutɔ. Dɔ si mewɔnae nye be, meɖoa nuɖuɖu ɖe Afrika du vovovowo abe Dar es Salaam, Elisabethville, kple Asmara ene me. Meva susu me nam kpɔ be, gbe ɖeka, mava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le du mawo kple du bubu vovovowo me le Afrika o!
Esime meva dze mɔɖeɖedɔa gɔme mlɔeba la, nuwo trɔ le nye agbe me le mɔ siwo nyemenɔ mɔ kpɔm na o nu. (Ef. 3:20) Gake ɖewohĩ àdi be yeanya ale si wòdzɔe. Na magblɔ ale si wòva dzɔe la na wò tso gɔmedzedzea.
Wodzim le Berlin, Germany, esime Xexemeʋa Evelia dze egɔme le ƒe 1939 me ɣleti ʋɛ aɖewo megbe. Esi wòsusɔ vie aʋaa nake le ƒe 1945 me la, asrafowo nɔa yameʋuwo me henɔa bɔmbwo dam ɖe Berlin dua me. Gbe ɖeka esi wogada bɔmbwo la, bɔmbawo wó le míaƒe nutoa me eye nye kple tɔnye, nɔnye kpakple nɔvinyenyɔnu míesi yi bebeƒe, afi si bɔmbwo mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le o. Emegbe la, míeʋu yi Erfurt, du si me wodzi nɔnye le, be míanɔ dedie.
Nye kple dzinyelawo kpakple nɔvinyenyɔnu le Germany, ƒe 1950 lɔƒo
Dada nɔ nyateƒea dim vevie. Eya ta, exlẽ agbalẽ vovovo siwo xexemenunyalawo ta, eye elé ŋku ɖe subɔsubɔha vovovowo hã ŋu, gake meke ɖe nyateƒea ŋu o. Ƒe 1948 lɔƒo la, Yehowa Ðasefo eve aɖewo va mía ƒe me. Nɔnye xɔ wo nyuie, eye wòbia nya geɖe wo. Mede gaƒoƒo ɖeka hafi wògblɔ na nye kple nɔvinyenyɔnua be, “Meke ɖe nyateƒea ŋu!” o. Eteƒe medidi o, nye kple nɔnye, kpakple nɔvinyenyɔnua míete kpekpeawo dede le Erfurt.
Le ƒe 1950 me la, míegbugbɔ yi Berlin, eye míeva nɔ Berlin-Kreuzberg Hamea ƒe kpekpewo dem. Emegbe la, míeʋu tso Berlin ƒe nuto si me míenɔ la me yi eƒe nuto bubu me, eye míeɖanɔ Berlin-Tempelhof Hamea ƒe kpekpewo dem. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Dada va xɔ nyɔnyrɔ, gake nye ya menɔ hehem ɖe megbe. Nu ka tae?
ALE SI MEWƆ ÐU ŊUKPE DZI
Esesẽ nam be mayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me, elabe mekpea ŋu ŋutɔ. Togbɔ be medea gbeadzi hã la, nye ŋutɔ nyemeɖi ɖase na ame aɖeke kpɔ o ƒe eve sɔŋ. Gake esime meva nɔ ha dem kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo tsɔ wo ɖokuiwo na Yehowa bliboe eye wodo dzi le nɔnɔme sesẽwo me la, esia wɔe be nuwo trɔ le nye agbe me. Wo dometɔ aɖewo do dzi le Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo me, eye ɖewo hã nɔ fuwɔamesaɖa siwo nɔ Ɣedzeƒe Germany la me. Bubuwo hã ɣla míaƒe agbalẽwo tsɔ yi Ɣedzeƒe Germany togbɔ be esia ate ŋu awɔe be woalé wo ade gaxɔ me gɔ̃ hã. Woƒe kpɔɖeŋua wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Mebu eŋu be, ne nɔvi siawo de woƒe agbe afɔku me hewɔ nu siwo ate ŋu ana woalé wo ade gaxɔ me, le Yehowa kple wo nɔviwo ta la, ke ele be nye hã madze agbagba vevie be maɖu nye ŋukpea dzi.
Meva nɔ nye ŋukpea dzi ɖum vivivi esime mekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe si míewɔ le ƒe 1955 me la me. Nɔviŋutsu Nathan Knorr gblɔ le lɛta aɖe si woŋlɔ ɖe Informanta me be, esiae nye gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ siwo habɔbɔa wɔ kpɔ la dometɔ ɖeka. Egblɔ be, ne gbeƒãɖelawo katã kpɔ gome le dɔ sia me la, “ɣleti siae anye ɣleti si me woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ kekeake le gbeƒãɖeɖedɔ siwo katã wowɔ kpɔ le xexe bliboa me la dome.” Nenema tututue wòdzɔe hã! Esia megbe kpuie la, meɖe adzɔgbe na Yehowa, eye nye kple tɔnye kpakple nɔvinyenyɔnu míexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1956 me. Ke hã, eteƒe medidi o, nyametsotso vevi bubu aɖe dze ŋgɔm.
Menyae be ele be mawɔ mɔɖeɖedɔa, gake menɔ susum be mava wɔe emegbe. Gbã la, mesrɔ̃ ale si matsa asii—ale si maƒle nu tso duta va Berlin ahadzra wo na amewo le duta. Le dɔa sɔsrɔ̃ megbe la, meɖoe be mawɔ dɔ vie ale be mabi ɖe eme nyuie hafi adze mɔɖeɖedɔa gɔme. Eya ta, le ƒe 1961 me la, medze dɔwɔwɔ gɔme le Hamburg, si nye Germany ƒe melidzeƒedu gãtɔ me. Zi ale si meƒo ɖokuinye ɖe nye dɔa me vĩi la, zi nenemae mehe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɖe megbe. Nu kae mawɔ?
Meda akpe na Yehowa be eto nɔviŋutsu lɔ̃amewo dzi kpe ɖe ŋunye mekpɔe be eyama subɔsubɔ ye nye nu vevitɔ. Xɔ̃nye geɖe nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm eye woɖo kpɔɖeŋu nyuiwo nam. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Nɔviŋutsu Erich Mundt, si hã do dzi le fuwɔamesaɖa aɖe me la de dzi ƒo nam be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Egblɔ be, le fuwɔamesaɖaa me la, nɔvi siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la va gbɔdzɔ. Gake nɔvi siwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa, eye wote ŋu wɔ geɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa me.
Esime medze mɔɖeɖedɔa gɔme, ƒe 1963
Azɔ hã, Nɔviŋutsu Martin Poetzinger, si va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe la, dea dzi ƒo na nɔviawo be, “Dzinɔameƒo ye nye nu xɔasitɔ kekeake si wòle be wòanɔ asiwò!” Mede ŋugble le nya siawo ŋu vevie, eye mlɔeba, meva ɖe asi le nye dɔa ŋu hedze mɔɖeɖedɔa gɔme le June 1963 me. Emae nye nyametsotso nyuitɔ kekeake si mewɔ! Ɣleti eve megbe, hafi madze dɔ bubu didi gɔme gɔ̃ hã la, wokpem be mava wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, Yehowa wɔ nu si nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o. Wokpem be made Gilead Suku ƒe klass 44 lia.
MESRƆ̃ NU VEVI AÐE LE GILEAD SUKUA
“Mègatsɔ dzitsitsi ana ta le wò dɔdeasia me o.” Esiae nye nufiame vevi siwo mesrɔ̃ le sukua, vevietɔ, tso Nɔviŋutsu Nathan Knorr kple Nɔviŋutsu Lyman Swingle gbɔ la dometɔ ɖeka. Wode dzi ƒo na mí be míayi edzi awɔ dɔ si wode mía si la ne esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. Nɔviŋutsu Knorr gblɔ be: “Nu ka ŋue nàtsɔ wò susu aɖo? Ðe wò susu anɔ ʋuʋudedia, gbagbladzaawo, alo ale si ganyawo mede amewo dzi le nutoa me o la ŋua? Alo ɖe nàtsɔ wò susu aɖo atiawo, seƒoƒoawo kple ameawo ƒe nukomowo ŋu? Dze agbagba nàlɔ̃ ameawo!” Gbe ɖeka esime Nɔviŋutsu Swingle nɔ nu ƒom tso nu si tae nɔvi aɖewo na ta kaba ŋu la, esesẽ nɛ be wòalé eɖokui, eye aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ. Eva hiã be wòatɔ sẽe hafi ayi nuƒoa dzi. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be meɖoe kplikpaa be nyemawɔ naneke si ate ɖe Kristo kple Kristo nɔvi wɔnuteƒeawo dzi o.—Mat. 25:40.
Esime nye, Claude, kple Heinrich míenɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le Lubumbashi, Congo, ƒe 1967
Esi míexɔ míaƒe dɔdeasiwo la, nɔvi aɖewo siwo le Betel la bia mía dometɔ ʋɛ aɖewo be afi kae woɖo mí ɖo hã. Woƒo nu nyui tso dukɔ siwo me nɔviawo aɖawɔ dɔ le la ŋu. Gake esi megblɔ be “Congo (Kinshasa)” ye woɖom ɖo la, wotɔ sẽe, eye nya si wogblɔ koe nye be: “O, Congo! Yehowa nenɔ kpli wò hee!” Ɣemaɣi la, woƒoa nu tso aʋawɔwɔ kple amewuwu siwo nɔ edzi yim le Congo (Kinshasa) la ŋu le nyadzɔdzɔwo me zi geɖe. Gake meyi edzi nɔ nu vevi siwo mesrɔ̃ le Gilead la ŋu bum. Le míaƒe dodo le sukua le September 1967 me megbe kpuie la, nye kple Heinrich Dehnbostel kpakple Claude Lindsay míedze mɔ ɖo ta Congo ƒe dugã si nye Kinshasa me.
ANYIGBAMAMA SI ME DUTANYANYUIGBLƆLAWO ASRƆ̃ NU GEÐE LE
Esi míeva ɖo Kinshasa la, míesrɔ̃ Fransegbe ɣleti etɔ̃. Emegbe míeɖo yameʋu yi Lubumbashi, si woyɔna tsã be Elisabethville, si te ɖe Zambia ƒe liƒo si le Congo ƒe anyiehe ɖaa ŋu. Míeyi ɖanɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe si nɔ dua titina lɔƒo la me.
Esi wònye be womeɖe gbeƒã le Lubumbashi ƒe akpa gãtɔ haɖe o ta la, edzɔ dzi na mí be míawoe nye ame gbãtɔ siwo gblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na dua me tɔ geɖewo. Eteƒe medidi o, ame siwo di be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo la va sɔ gbɔ ale gbegbe be míetea ŋu kpɔa ɣeyiɣi srɔ̃a nu kpli wo katã o. Míeɖi ɖase na amegã siwo nye dziɖuɖudɔwɔlawo alo poliswo hã. Ame geɖe dea bubu Mawu ƒe Nyaa kpakple míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu ŋutɔ. Swahili ye nye gbe si koŋ wodona le nutoa me, eya ta, nye kple Claude Lindsay míesrɔ̃ eya hã. Esia megbe kpuie la, woɖo mí ɖe Swahiligbedolawo ƒe hame aɖe me.
Togbɔ be nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖewo su mía si hã la, míedo go kuxiwo hã. Asrafo siwo noa aha muna, siwo léa tu ɖe asi alo polis akpasesẽnuwɔla siwo tsoa mía nu kple alakpanyawo la ɖea fu na mí enuenu. Gbe ɖeka, esime míenɔ kpekpe wɔm le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me la, polis aɖewo siwo lé tu ɖe asi eye wole ha me la va do ɖe mía dzi bibibi eye wokplɔ mí yi poliswo ƒe dɔwɔƒegãa, wona míebɔbɔ nɔ anyigba va se ɖe esime wòƒo fiẽ ga ewo hafi woɖe asi le mía ŋu.
Le ƒe 1969 me la, wobia tso asinye be mawɔ mɔzɔzɔdɔa. Esi menɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa wɔm la, mezɔ to avewo kple ba siwo bɔ ɖe Afrika la me ɣeaɖewoɣi yi teƒe didiwo. Le kɔƒe aɖe me la, koklonɔ aɖe kple viawo va mlɔa nye abati te le zã me. Nyemaŋlɔ ale si wòfɔna kaba hafi ŋu kena henɔa xɔxlɔ̃m, si wɔnɛ be menyɔna tso alɔ̃me eye dzo ɖoa menye ɖe ŋkekea me dɔwo ŋu, la be gbeɖe o. Meɖoa ŋku ale si nye kple nɔviawo míedoa dzo henɔa anyi ƒoa xlãe le fiẽ me henɔa dze ɖom tso Biblia me nyateƒeawo ŋu la dzi kple dzidzɔ.
Kuxi sesẽtɔ siwo míedo goe la dometɔ ɖekae nye ame siwo gblɔna be yewonye Yehowa Ðasefowo evɔ wonye Kitawala-ha me tɔwo.b Wo dometɔ aɖewo xɔ nyɔnyrɔ eye wova zu hamemetsitsiwo gɔ̃ hã. Ame siawo siwo le abe “agakpe siwo ɣla” ɖe hamea me ene la dometɔ geɖe mete ŋu flu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒewo o. (Yuda 12) Ʋɛʋɛʋɛ la, Yehowa ɖe aʋatsonɔvi mawo le hameawo me, eye esia wɔe be ame geɖe va xɔ nyateƒea.
Le ƒe 1971 me la, woɖom ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le Kinshasa, eye mewɔ dɔ vovovowo abe, agbalẽŋɔŋlɔ, agbalẽwo dɔdɔ, kple nya aɖewo siwo ku ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la gbɔ kpɔkpɔ ene, le afi ma. Le Betel la, mesrɔ̃ ale si míawɔ be míawɔ ɖoɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu le dukɔ si ƒe anyigbamama lolo evɔ dukɔa me dɔwɔƒe veviwo mewɔa dɔ le ɖoɖo nyui nu o la me. Ɣeaɖewoɣi la, exɔa ɣleti geɖe hafi míaƒe lɛtawo yina ɖakaa hameawo si. Ne yameʋu si tsɔ lɛtaawo yii la ɖaɖo vɔ la, woɖea lɛtaawo dea tɔdziʋuwo me, gake ne tɔdziʋuawo tsɔ lɛtaawo yina eye wova ɖo afi si gbe siwo miena ɖe tsi ta la nɔa tɔa dzi keŋ le la, ŋgɔyiyi zua dɔ na wo, eye esia wɔnɛ be wotea ŋu nɔa tɔa dzi kwasiɖa geɖe. Togbɔ be kuxi siawo kple bubuwo nɔ anyi hã, dɔa ɖe zɔ.
Esi mekpɔ ale si nɔviawo te ŋu wɔ takpekpe gãwo evɔ ga vi aɖe koe le wo si la, ewɔ nuku nam ŋutɔ. Wozã babakɔwo tsɔ tu nuƒolanɔƒea, wozã aɖa lɔbɔwo tsɔ tɔ kpɔe, eye wobla ɖewo abe suɖuiwo ene tsɔ da ɖe zikpuiawo dzi be woanɔ wo dzi. Wotu pamprowo ɖe to me hetsɔ aba siwo wotsɔ aƒla lɔ̃e la gbãe eye wotsɔ aƒlabaa wɔ kplɔ̃wo hã. Esi wònye gatagbadzɛwo menɔ wo si o ta la, wokpa atikpawo biɖoe hezã ɖe wo teƒe. Ne mekpɔ ale si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dzeaɖaŋu siawo dzea agbagba toa mɔ aɖe dzi kpɔa kuxiwo gbɔe la, ewɔa nuku nam ŋutɔ. Meva lɔ̃ wo vevie. Esi mexɔ dɔdeasi yeye hedzo le wo gbɔ la, mesusu wo kakaka!
SUBƆSUBƆDƆA WƆWƆ LE KENYA
Le ƒe 1974 me la, woɖom ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le Nairobi, Kenya. Dɔ geɖe li míawɔ elabena Kenya ƒe alɔdzedɔwɔƒea nɔ subɔsubɔdɔa dzi kpɔm le dukɔ ewo siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye woɖo asi míaƒe dɔa dzi le dukɔ mawo dometɔ aɖewo me. Wode dɔ asi nam enuenu be maɖasrã nɔviawo kpɔ le dukɔ mawo me, vevietɔ, le Ethiopia, afi si mía nɔviwo nɔ yometiti kple nɔnɔme sesẽwo me tom le. Wowɔ fu nɔviawo dometɔ geɖe alo de wo gaxɔ me; wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Gake wodo dzi hewɔ nuteƒe, elabe ƒomedodo nyui nɔ wo kple Yehowa kpakple wo nɔviwo dome.
Le ƒe 1980 me la, nu dodzidzɔname aɖe dzɔ le nye agbe me; meɖe Gail Matheson, si tso Canada. Nye kple Gail siaa ye de Gilead Suku. Míeŋlɔa lɛta na mía nɔewo. Gail nɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le Bolivia. Ƒe 12 megbe la, míegado go ake le New York. Esia megbe kpuie la, míeɖe mía nɔewo le Kenya. Medaa akpe na Gail vevie ɖe xɔse sẽŋu si le esi ta, elabe ebua nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene, eye nu siwo le esi la dzea eŋu ŋutɔ. Egakpɔtɔ nye nye kpeɖeŋutɔ si ŋu medea asixɔxɔ gã kple nye zɔhɛ lɔlɔ̃a.
Le ƒe 1986 me la, wode dɔ asi na nye kple Gail be míawɔ mɔzɔzɔdɔa, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, menye Alɔdzekɔmitia me tɔ. Dɔ sia na míeyi ɖasubɔ le dukɔ siwo nɔ Kenya ƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te la dometɔ geɖe me.
Esime menɔ nuƒo ƒom le takpekpe aɖe me le Asmara, ƒe 1992
Meɖoa ŋku esime míenɔ ɖoɖo wɔm ɖe takpekpe aɖe ŋu le Asmara (le Eritrea) le ƒe 1992 me, esime womeɖo asi míaƒe dɔa dzi le nuto ma me o la dzi kple dzidzɔ. Nublanuitɔe la, ava gã aɖe koe míete ŋu kpɔ na takpekpea; avaa godo menya kpɔ kura o, eye eme ya ganyra wu. Le takpekpe ŋkekea dzi la, nye nu ku esi mekpɔ ale si nɔviawo dzra avaa me ɖo keŋ wònya le kpɔkpɔm ale be míate ŋu asubɔ Yehowa le eme. Ƒome geɖewo tsɔ avɔ dzeaniwo vɛ, eye wotsɔ wo tsyɔ nu sia nu si menya kpɔ o la dzi. Míekpɔ dzidzɔ geɖe le takpekpea me, eye vavalawo ƒe xexlẽmee nye 1,279.
Mɔzɔzɔdɔa menɔ bɔbɔe na mí o, elabe míenɔa aƒe bubu me kwasiɖa sia kwasiɖa. Ɣeaɖeɣi la, míenɔ aƒe gã dzeani aɖe si le ƒuta la me; ɣebubuɣi hã, míenɔ xɔ aɖe si wotsɔ zingi tu ɖe kpɔ aɖe si nye dɔwɔlawo ƒe nɔƒe la me, eye nugododeƒea gbɔ didi wu meta 100 sɔŋ. Gake afi ka kee míeɖasubɔ le o, nu siwo dzi míeɖoa ŋkui kple dzidzɔ wue nye ɣeyiɣi siwo me mía kple mɔɖela dovevienuwo kpakple gbeƒãɖelawo míewɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ɖekae. Esi wode dɔ bubu asi na mí la, eva hiã be míagblẽ mía xɔlɔ̃ geɖe, siwo míelɔ̃ vevie, siwo míasusu ŋutɔ la ɖi.
MÍEKPƆ YAYRA GEÐE LE ETHIOPIA
Le ƒe 1980 ƒe nuwuwu lɔƒo kple ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze la, woɖe mɔ ɖe míaƒe dɔa ŋu le se nu le dukɔ vovovo siwo nɔ Kenya alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te la me. Esia wɔe be wova ɖo alɔdzedɔwɔƒewo kple míaƒe dɔwɔƒewo ɖe dukɔ mawo me. Le ƒe 1993 me la, habɔbɔa bia tso mía si be míaɖasubɔ le Addis Ababa, Ethiopia, afi si míewɔ míaƒe dɔwo le adzame ƒe geɖe tsã, eye fifia woɖe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le.
Esime míenɔ mɔzɔzɔdɔa wɔm le Ethiopia ƒe kɔƒenutowo me, ƒe 1996
Yehowa yra ɖe dɔa dzi le Ethiopia. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo zu mɔɖelawo. Tso ƒe 2012 me la, gbeƒãɖela 20 le alafa ɖe sia ɖe me ye wɔa gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe sia ƒe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wona hehe gbeƒãɖelawo le teokrasisuku vovovowo me, eye wotu Fiaɖuƒe Akpata siwo wu 120 sɔŋ. Le ƒe 2004 me la, Betel-ƒomea ʋu yi teƒe yeye, eye Takpexɔ si wotu ɖe Betel-kpɔa me la hã nye yayra gã aɖe.
Le ƒe siwo va yi me la, nye kple Gail míede asixɔxɔ xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli si va le mía kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Ethiopia dome la ŋu ale gbegbe. Míelɔ̃ wo vevie, elabe wonyoa dɔme eye wolɔ̃a ame hã. Fifia lãmesẽkuxiwo le fu ɖem na mí, eye esia wɔe be wova ɖo mí ɖe Central Europe ƒe alɔdzedɔwɔƒea. Le afi sia la, wole be lém na mí lɔlɔ̃tɔe, gake míesusua mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃awo siwo le Ethiopia la vevie.
YEHOWA NA WÒTSI
Míekpɔ ale si Yehowa na eƒe dɔa yi ŋgɔe. (1 Kor. 3:6, 9) Le kpɔɖeŋu me, zi gbãtɔ si meɖi ɖase na Rwandatɔ tomenukula siwo va akɔblidiƒe le Congo la, gbeƒãɖela aɖeke menɔ Rwanda o. Fifia, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 30,000 kple edzivɔwoe le dukɔ ma me. Le ƒe 1967 me la, gbeƒãɖela siwo ade 6,000 ye nɔ Congo (Kinshasa). Fifia, gbeƒãɖela siwo ade 230,000 ye le afi ma, eye ame siwo de Ŋkuɖodzia le ƒe 2018 me la ƒe xexlẽme wu miliɔn ɖeka. Gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu 100,000 sɔŋ le dukɔ siwo katã nɔ Kenya ƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te tsã la me.
Ƒe 50 aɖewoe nye esi va yi la, Yehowa to nɔviŋutsu geɖewo dzi kpe ɖe ŋunye mete ŋu dze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Togbɔ be megakpea ŋu kokoko hã la, mesrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe. Nuteƒekpɔkpɔ siwo su asinye le Afrika la kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ dzigbɔɖi kple ale si mana nu si le asinye la nadze ŋunye. Nye kple Gail míedea bubu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo ŋu le woƒe amedzrowɔwɔ ɖedzesia, woƒe dzidodo le kuxi sesẽwo me kple ale si woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui la ta. Medaa akpe gã na Yehowa ɖe eƒe amenuveve la ta. Vavãe, Yehowa yram wu ale si mesusui.—Ps. 37:4.
a Wova yɔe emegbe be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, eye fifia, Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ la va xɔ ɖe eteƒe.
b Swahiligbe me nya aɖe si gɔmee nye be “woakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi, woaxɔ ŋgɔ na amewo, alo woaɖu amewo dzi” la mee woɖe nya “Kitawala” tsoe. Dunyahehe ƒe taɖodzinue nɔ Kitawala-ha me tɔwo si—eyae nye be, yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ tso Belgium dukɔa si me. Kitawala ƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo xɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo, wosrɔ̃ wo, eye woma wo na amewo; azɔ hã, wotrɔ gbo Biblia ƒe nufiafiawo be woawɔ ɖeka kple yewo ƒe dunyahehe ƒe susuwo, alakpasubɔsubɔ ƒe kɔnuwo, kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe nuwɔnawo.