INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w19 November axa 31
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzra Ðo Ðe Etsɔme Ŋu—Dze Aɖaŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ènye Aƒedzikpɔla Aɖe Si Dzi Woka Ðo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Aƒedzikpɔla Nuteƒewɔla, Nɔ Dzadzraɖoɖi!
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Tsɔ Nunya Ŋutɔŋutɔ Dzra Ðo ɖe Etsɔ Me Ŋu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
w19 November axa 31
Aƒedzikpɔla aɖe le dɔwɔlawo ƒe dɔwɔnawo dzi kpɔm le blema Egipte

Ènyaa?

Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, dɔ kae aƒedzikpɔla wɔna?

LE Biblia-ŋlɔɣiwo la, aƒedzikpɔla kpɔa ame bubu ƒe aƒemetɔwo alo nunɔamesiwo dzi. Hebrigbe kple Helagbe me nya si me woɖe nya “aƒedzikpɔla” tsoe la tea ŋu fiaa dzikpɔla.

Esime blemafofo Yakob viŋutsu Yosef nye kluvi le Egipte la, eva zu eƒe aƒetɔ ƒe aƒedzikpɔla. Le nyateƒe me la, eƒe aƒetɔ si nye Egiptetɔ la ‘tsɔ eƒe nuwo katã de Yosef si.’ (1 Mose 39:2-6) Emegbe, esi Yosef va zu dziɖula si si ŋusẽ geɖe nɔ le Egipte la, eɖo aƒedzikpɔla eya ŋutɔ ƒe aƒea nu.—1 Mose 44:4.

Le Yesu ƒe ŋkekea me la, zi geɖe la, anyigbatɔwo nɔa dugãwo me le adzɔge tso woƒe agblenyigbawo gbɔ. Eya ta, anyigbatɔawo ɖoa aƒedzikpɔlawo be woakpɔ woƒe dɔwɔla siwo dea woƒe agblewo la ƒe gbe sia gbe dɔwo dzi.

Ame ka ƒomevie dze anye aƒedzikpɔla ɣemaɣi? Romatɔ agbalẽŋlɔla Columella, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la, gblɔ be, ele be kluvi si woaɖo dzikpɔla, alo aƒedzikpɔla la, nanye “ame aɖe si nya dɔ nyuie, si si nuteƒekpɔkpɔ su.” Anye ame aɖe si “si nɔnɔme nyuiwo le ale gbegbe be mawɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ ɖewoɖewoe o eye masẽ ŋuta le amewo ŋu hã o.” Egblɔ kpee be: “Ƒo wo katã ta la, mele be wòanye ame si susuna be yenya nu sia nu o, eye ele be wòanye ame si dina vevie ɣesiaɣi be yeasrɔ̃ nu yeyewo.”

Mawu ƒe Nyaa zã aƒedzikpɔla kple eƒe dɔwo tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na dɔwɔna aɖewo siwo yia edzi le Kristo hamea me. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro de dzi ƒo na Kristotɔwo be woatsɔ ŋutete siwo Mawu na wo le ‘Eƒe amenuveve nu la, asubɔ wo nɔewo abe aƒedzikpɔla nyuiwo ene.’—1 Pet. 4:10.

Yesu ŋutɔ hã zã aƒedzikpɔla tsɔ wɔ kpɔɖeŋu le eƒe lododo si dze le Luka 16:1-8 la me. Gawu la, esime Yesu nɔ dzesi si ku ɖe eƒe anyinɔɣi, si nye ɣeyiɣi si me wòanye Fia le dziƒo ŋu la, ŋu nya gblɔm ɖi la, eka ɖe edzi na eyomedzelawo be yeaɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” alo “aƒedzikpɔla nuteƒewɔla” aɖe. Dɔ vevitɔ si aƒedzikpɔla ma awɔe nye be wòayi edzi anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam Kristo yomedzelawo le nuwuɣia me. (Mat. 24:45-47; Luka 12:42) Dzidzɔe wònye na mí be aƒedzikpɔla nuteƒewɔlaa ƒe agbalẽ siwo doa ŋusẽ ame ƒe xɔse, siwo wòtana hemana le xexea me katã, la ɖea vi na míawo hã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe