INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/08 axa 5-6
  • Miwɔ Mia Viwo Woanye Nusrɔ̃lawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miwɔ Mia Viwo Woanye Nusrɔ̃lawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Mifia Mia Viwo Ale Si Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Mía Viwo—Domenyinu Xɔasi Ŋutɔ Aɖee Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 12/08 axa 5-6

Miwɔ Mia Viwo Woanye Nusrɔ̃lawo

1. Agbanɔamedzi kae le dzilawo dzi?

1 Yesu de se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la.” (Mat. 28:19, 20) Dɔ aɖeke megale vevie wu esia o. Eku ɖe nufiafia amewo be woanya Yehowa eye woalɔ̃e ahasubɔe tso dzi me ŋu. Agbanɔamedzi bubu gale dzilawo dzi be woawɔ wo viwo hã woanye nusrɔ̃lawo.—Ef. 6:4.

2. Aleke dzilawo awɔ anya wo viwo ƒe tamesusuwo kple nɔnɔmewo? Mixlẽ Lododowo 20:5.

2 Ðeviwo wɔwɔ woanye nusrɔ̃lawo lɔ nu geɖe ɖe eme. Nu siawo ƒe vevitɔwo kekeake dometɔ ɖekae nye ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Ne míele nu srɔ̃m kple ɖetsɔlemetɔ aɖe la, míebua eƒe amenyenye kple nɔnɔme siwo ate ŋu axe mɔ na eƒe tsitsi le gbɔgbɔ me la ŋu. Míebiana nyae heɖoa to sea eƒe ŋuɖoɖowo nyuie be míanya gbɔgbɔmedzideƒo si ahiã nɛ. Dzila siwo tsɔa ɖe le eme na wo viwo la ade ŋugble tso ɖeviawo ƒe tamesusu kple nɔnɔme siwo woɖena fiana la ŋu geɖe wu.—Lod. 20:5.

3. Aleke woate ŋu ato ƒomenusɔsrɔ̃ dzi akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi?

3 Ele be dzilawo nanɔ ŋudzɔ vevie ale be ne wo le tatram vivivi yina xexea me la, woakpɔe adze sii. Ne ehiã be mí Kristotɔ tsitsiwo míanɔ ŋudzɔ ɖe afɔku sia ŋu la, aleke wòhiã vevie wue nye esi be míakpɔ egbɔ be mía viwo le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm! Ne ɖeviwo meɖoa nya ŋu le kpekpewo me o, alo ŋuɖoɖo kpui aɖe koe woxlẽna le memamaa me ɣesiaɣi la, ekema wohiã na dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu. Le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me la, mina woatia memama siwo me woaɖo nya ŋu le, eye miakpe ɖe wo ŋu be woadzra ɖo ɖe ŋuɖoɖoa ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe nyawo me. Ne miebia nya siwo ahe gɔmesesea ɖe go la, akpe ɖe wo ŋu be woade ŋugble le nu siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo ku ɖo la ŋu. Mite gbe ɖe Yehowa ƒe dɔmenyo kple lɔlɔ̃ kpakple ale si wòabia akɔnta tso wo si le nu sia nu me la dzi na wo.—Lod. 1:7.

4. Nɔnɔme madeamedzi kawoe Kristotɔwo ƒe viwo doa goe, eye aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woanɔ te ɖe wo nu?

4 Ðeviwo dzea ŋgɔ nukpɔsusu yeyewo gbe sia gbe le sukuxɔ me kple hadede kple woƒe sukuhatiwo siaa me. Menye esiawo katãe nyo o. Esi nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si o ta la, woalɔ̃ ɖe aɖaŋuɖoɖo tatrawo dzi, eye ʋɛʋɛʋɛ la, xexea me ƒe gbɔgbɔ ate keɖeɖe le gbɔgbɔmegɔmeɖokpe si ɖom dzila le la te. Gbe sia gbe la, ekpɔa dzilawo ŋkume be woanya nu siwo amewo ƒã ɖe wo viwo ƒe susu me bene woaho gbegblẽa ɖa ahatsɔ nyateƒe ɖɔʋu siwo le Mawu ƒe Nya la me aɖo eteƒe. Esia bia tso dzilawo si be woabu tame vevie ahalé ŋku ɖe wo viwo ŋu hafi ate ŋu awɔ wo woanye nusrɔ̃lawo. Ðe esia meɖe nunya si le nuxlɔ̃ame siwo wona ku ɖe afɔku siwo le mía viwo ɖoɖo ɖe sukukpodzi me la fia oa?—2 Kor. 10:4; Ef. 6:10-18; 1 Pet. 5:8.

5. Nu kawo mee nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu le esime wogale suku dem?

5 Ne viwòwo gale suku dem la, ɖe nètsɔa gbɔgbɔmeʋawɔnu siwo woahiã be woatsɔ “atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo nu” la bla akpae na woa? (Ef. 6:16) Ðe wose nya vevi siwo woadze ŋgɔe abe esiwo ku ɖe Kristotɔ ƒe akpa aɖeke dzi mademade, gbedodo na aflaga, ŋkekenyuiwo kple kɔnu siwo mesɔ na Kristotɔwo o ene ŋu gɔme nyuie be woate ŋu aɖe eme na ame bubuwo eme nakɔ nyuiea? Esi wole tsitsim la, ɖe nèle wo dzram ɖo be woate ŋu awɔ nyametsotso nyuitɔwo le hadede vɔ̃wo, gbeɖoɖoɖi, atike muamewo zazã kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋua? Manɔ bɔbɔe ya o, gake ne èku kutri la, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me le woƒe sukudeɣiwo me.—Fp. 4:13.

6. Teokrasitaɖodzinu kawoe dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖo na wo ɖokuiwo, eye yayra kawoe ate ŋu ado tso eme?

6 Esime viwòwo le ɖevime la, tsɔ teokrasitaɖodzinu siwo dometɔ aɖewoe nye nyɔnyrɔxɔxɔ, gbesiagbe mɔɖeɖedɔ, Betel subɔsubɔdɔ alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu aɖe wɔwɔ ɖo wo ŋkume. De dzi ƒo na wo be ne woke mɔ la, woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Aleke Hana kpɔ dzidzɔe nye esi le yayra siwo Yehowa dudu ɖe edzi esi wòtsɔ via ŋgɔgbea na be wòawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa. (1 Sam. 2:18-21) Egbea la, dzila siwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la dometɔ geɖe le dzidzɔ kpɔm le esi wo vi ɖeka alo esi wu nenema le gome kpɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe akpa aɖe me nuteƒewɔwɔtɔe ta. Dzidzɔ sia de ŋgɔ sãsãsã wu esi dzila akpɔ ne via kpɔ dzidzedze le xexea me ƒe suku ɖe sia ɖe ƒomevi dede me. Ŋutsu kple nyɔnu gbɔgbɔmemewo nyae be esiawo nyea takpɔkpɔ na yewo viawo eye wòganye Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ hã. Yehowa yraa ame siwo subɔnɛ kple dzi blibo la geɖe. (Lod. 10:22) Dzila siwo katã dea dzi ƒo na wo viwo be woawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo be woatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ dzi la nye nunyalawo vavã.—Mat. 6:33.

7. Nu kae nyatakaka siwo tso dzikpɔla mɔzɔlawo gbɔ ɖe fia ku ɖe sɔhɛ geɖe siwo le hameawo me ŋu?

7 Le kpɔɖeŋu me, ne dzilae nènye la, ɖe nèle kpekpem ɖe viwò siwo ɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ la ŋu be woadze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme abe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo enea? Le míaƒe Ghana afi sia la, nyatakaka siwo tso dzikpɔla mɔzɔlawo gbɔ ɖee fia be ɖevi kple sɔhɛ siwo axɔ tso ƒe 5 va se ɖe ƒe 20 la le hame geɖewo me, siwo dea kpekpeawo edziedzi kple wo dzilawo, gake womekpɔ zu “nya nyui” gbeƒãɖelawo haɖe o. (Mar. 13:10) Sɔhɛ siawo siwo ate ŋu anye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo la dometɔ ɖeka dzilae nènyea?

8. Nu ka tae mele be dzilawo nabu ŋutete si le wo viwo si nu tsɛ o?

8 Mègabu ŋutete si le viwòwo si be woawɔ ŋgɔyiyi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la nu tsɛ o. Ðevi geɖe tea ŋu naa agbalẽwo, dzea Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme heyia wo wɔwɔ dzi le mɔ si wɔa dɔ ɖe ame dzi nu. Wɔ dɔ kple viwòwo kplikplikpli le subɔsubɔdɔa me. Na woadze egɔme bla. Kpe ɖe wo ŋu woatsi le woƒe ŋutete nu. Nɔ wo kafum ɖe woƒe agbagbadzedzewo kple ŋgɔyiyi ta.

9. Ðe wòanya wɔ be ɖevi suewo hã nanye gbeƒãɖelawoa? Ðe eme.

9 Nyɔnuvi dzaa aɖe bia be hamemetsitsiwo nakpe ɖe ye ŋu yeadze anye Fiaɖuƒegbeƒãɖela. Togbɔ be ƒe atɔ̃ koe wòxɔ ɣemaɣi, eye menya nuxexlẽ o hã la, etea ŋu gblɔa Fiaɖuƒegbedeasia dzidzedzetɔe le ʋɔtruwo nu. Eléa afi si mawunyakpukpuiawo le la ɖe susu me, ekenɛ henaa aƒemenɔlaa xlẽnɛ, eye wòɖea eme nɛ.

10. Ɣekaɣie ɖevi aɖe adze asubɔ abe gbeƒãɖela ene, eye nu kae dzilaa awɔ atsɔ akpe ɖe ɖevia ŋu be wòaɖo taɖodzinu ma gbɔ?

10 Ne ède dzesii be viwòwo dze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo, eye woɖee fia be enye yewoƒe didi la, ekema na hamemetsitsiwo nanya enumake. Ne wozu gbeƒãɖela la, aʋã wo woakpɔe adze sii be agba le yewo dzi be yewoakafu Yehowa. Ðo ŋku edzi be mehiã be ɖevi nanya nu si gbegbe wòle be ame tsitsi xɔnyɔnyrɔwo nanya la hafi adze o. Ðe viwòa se Biblia ƒe nufiafia veviwo gɔmea? Enɔa agbe ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo nua? Ðe wònye eƒe didi be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye woanya ye be yenye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka? Ne nenemae la, ke ɖewohĩ hamemetsitsiwo atso nya me be edze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.—Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ ƒe axa 79-82.

11. Ŋusẽ kae dzilawo ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpɔ ɖe wo viwo dzi?

11 Mɔ nyuitɔ siwo dzi woato ana hehe ɖevi dometɔ ɖekae nye kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ɖi nɛ. Nyawo gbɔgblɔ ko agbemanɔmanɔ ɖe wo nu mawɔ dɔ boo aɖeke ɖe ɖevia dzi o. Ame siwo koŋ ƒe kpɔɖeŋu ɖeviwo srɔ̃nae nye wo dzilawo. Ne ède dzi ƒo na viwò be wòatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ la, hafi esia naʋãe ŋutɔŋutɔ la, ele be wòadze le wò hã ŋuwò be èwɔnɛ nenema. Ne dzila le dzi dem ƒo na via be wòawɔ mɔɖeɖedɔa la, ke ele be eya ŋutɔ hã nado vevie nu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, wòanɔ geɖe wɔm ale si wòate ŋui ahanɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi ne anya wɔ. Womate ŋu anɔ agbe ɖe agbenɔnɔ kple nuƒoƒo ƒe dzidzenu vovovo eve nu o, ɖeka nanye Fiaɖuƒe Akpata me tɔ, eye bubu nanye aƒe me tɔ o.

12. Nu kae wòle be dzilawo nanɔ wɔwɔm edziedzi be woana wo viwo nazu nusrɔ̃lawo?

12 Le nyateƒe me la, be dzilawo nawɔ wo viwo woanye nusrɔ̃lawo la, ele be woawɔ ɖoɖo be woanɔ Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple wo dometɔ ɖe sia ɖe edziedzi tso Biblia srɔ̃gbalẽ aɖe abe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ene me. (5 Mose 6:6, 7) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be woatsɔ ƒomenusɔsrɔ̃a nu vevii, mele be woanɔ nusɔsrɔ̃a dam ɖe eme o, si fia be ne nu bubu aɖeke medo mo ɖa o ko hafi woanɔ ewɔm o. Dzila siwo kua kutri le kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ɖi me hedzea agbagba wɔa wo viwo wonyea nusrɔ̃lawo la akpɔ dzidzɔ ne wokpɔ ale si wo viwo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ƒe habɔbɔa le tsitsimee.

13. (a) Nu ka tae wòbia agbagbadzedze blibo hafi dzilawo nate ŋu awɔ wo viwo woanye nusrɔ̃lawo? (b) Nu ka tae wòhiã be dzilawo naku kutri le esia wɔwɔ me?

13 Agbagbadzedze bliboe wònyena na dzilawo be woahe wo viwo le nyateƒea me le ŋkeke mamlɛ siawo me. Nyateƒee, “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” mee míele. (2 Tim. 3:1-5) Míekpɔe dze sii be xexea le agbagba dzem be yeazi eƒe nɔnɔmewo ɖe mía viwo dzi. Míenyae be Yehowa aɖe ame siwo nɔa agbe ɖe xexea ƒe nɔnɔme nu la ɖa. (Rom. 1:28-32) Eya ta, esi míele agbagba dzem be míakpe ɖe mía haviwo ŋu bene woƒe asi nasu “agbe si li fifia kple esi le vava ge” dzi la, ele vevie ŋutɔ be míaʋli be míawɔ mía viwo hã woanye nusrɔ̃lawo!—1 Tim. 4:8b.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe