Hamea Ƒe Kpekpewo Dede Le Anyigbamama Si Me Míele Me
1 Ele vevie be míawɔ nuwo le ɖoɖo nu kple le teokrasi ƒe mɔfiafia te. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Elabena Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ. . . . Mina nuwo katã nanɔ ɖoɖo nu ale si dze.”—1 Kor. 14:33, 40.
2 Togbɔ be ʋuɖonyawo ƒe sesẽ, dɔwɔɖui ƒe ɖoɖowo, alo hiahiã si nye be hamemetsitsi aɖewo nakpe asi ɖe hame aɖewo ŋu awɔe be nɔvi ʋɛ aɖewo anɔ kpekpewo dem le hame bubu ƒe anyigbamama me hã la, le ɖoɖoa nu la, enyo wu be míanɔ kpekpewo dem le hame si ƒe anyigbamama me míele me. Esia nana wònɔa bɔbɔe na mí wu be míakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye mahiã be míazɔ mɔ legbee hafi aɖakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me kple ƒuƒoƒo aɖe le anyigbamama bubu me o. Esia wɔnɛ be enɔa bɔbɔe na mí wu be míawɔ dɔ kple nɔvi siwo le míaƒe hamea me eye míakpe ɖetsɔlemetɔ yeyewo be woade kpekpewo le teƒe si ade wo dzi wu. Eye esia nana míetena ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ŋu kplikplikpli wu, eye woate ŋu ana kpekpeɖeŋu mí le xaxaɣiwo.
3 Ne míewɔ ɖe mɔfiame siwo wona mí dzi ɖokuibɔbɔtɔe la, míaɖee afia be míetsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Luka 16:10) Ne woɖo hame yeye aɖe alo gbugbɔ asi trɔ le gbeadziƒuƒoƒowo ŋu la, ɖewohĩ míadi be míanɔ hame alo ƒuƒoƒo si me mía xɔlɔ̃wo le la me. Gake ne míelɔ̃ wɔ ɖe ɖoɖo yeyea dzi la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si míadze xɔlɔ̃ yeyewo eye míakeke mía ɖokui le nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Gakpe ɖe eŋu la, ne gbeƒãɖelawo dea kpekpewo le hame si ƒe anyigbamama me wole me la, enɔa bɔbɔe na hamemetsitsiwo be woawɔ alẽwo sasrã kpɔ dɔa ahatu hamea ɖo le gbɔgbɔ me.
4 Gake míede dzesii be ame ɖekaɖekawo ƒe nɔnɔmewo toa vovo. Nuwo abe ame ƒe dɔwɔɖui ƒe ɖoɖowo, ame srɔ̃ si nye dzimaxɔsetɔ alo ʋuɖoɖo ƒe kuxiwo ate ŋu awɔe be ame aɖe natso nya me be ade ye dzi geɖe wu le gbɔgbɔmenyawo gome be yeade hame bubu aɖe ƒe kpekpewo.
5 Ƒome ƒe ta ɖe sia ɖe ƒe agbae wònye be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Le ŋugbledede tso nu siwo katã kpekpewo dede le hame si le anyigbamama si me wòle me lɔ ɖe eme ŋu vɔ la, akpɔ egbɔ be yewɔ nyametsotso nyuitɔ kekeake. Ðewohĩ adi be yeadzro nyaawo me kple hamemetsitsiwo ahade dzesi viɖe siwo le woƒe aɖaŋuɖoɖowo me hafi awɔ nyametsotso. Mlɔeba la, hamemetsitsiwo adi be yewoade dzi ƒo na ƒome ƒe taa be wòawɔ nyametsotso si ahe gbɔgbɔmeviɖe nyuitɔwo kekeake vae na eƒe ƒomea.
6 Le ɖoɖoa nu la, enyo sãsãsã wu be nàde kpekpewo le hame si ƒe anyigbamama me nèle la me. Esia wɔnɛ be míedoa teokrasiɖoɖowo kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu ɖe ŋgɔ, eye be “nuwo katã nanɔ ɖoɖo nu ale si dze.”—1 Kor. 14:33, 40.