Zã Agbe Tegbee-Gbalẽa le Biblia-Nusɔsrɔ̃wo Wɔwɔ Me
1 Esi nyɔnu aɖe nɔ nu ƒom tso Agbe Tegbee-gbalẽa ŋu la, egblɔ sesĩe be: “Ne meɖe Biblia la ŋutɔ le eme la, agbalẽ siae nye agbalẽ si gblɔa nyaa pɛpɛpɛ, tua ame ɖo, eye wòʋãa ame wu agbalẽ ɖesiaɖe si mexlẽ kpɔ!” Mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be agbalẽ sia le agbalẽ nyuitɔ kekeake siwo wota kpɔ be woakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia gɔme eye vevietɔ woaʋã wo be woava zu Yehowa-kafulawo la dome.
2 Le ƒe 1982, si nye ƒe si me woɖe Agbe Tegbee-gbalẽa ɖe go me la, gbeƒãɖela 22,494 nɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 24,960 wɔm le Ghana. Fifia gbeƒãɖela 37,676 le Biblia-nusɔsrɔ̃ 58,590 wɔm. Wota Agbe Tegbee-gbalẽa ɖekaɖeka miliɔn 62 le gbegbɔgblɔ 115 me. Ŋusẽ ka gbegbee nye si agbalẽ sia le kpɔkpɔm ɖe míaƒe xexeame katã ƒe dɔa dzi ale!
3 Ðo Taɖodzinuwo: Dzidziɖedzi ɖedzesi sia tso Yehowa ƒe yayra kple eƒe amewo ƒe didi vevie be yewoatsɔ Biblia ƒe gbedasi si xɔa ame ɖe agbe la akpe ɖe dzimekɔkɔetɔwo ŋu gbɔ. (Rom. 10:13-15; Tim. I, 2:4) Míekpɔ alesi ɣeyiɣia bia be woawɔ nu kpata kple alesi wòhiã be woado vevie nu le gbeƒã ɖeɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu me la dze sii.
4 Esi habɔbɔa le ŋgɔ yim la, aleke nɔnɔmea le le mía ŋutɔwo gome? Ðe míeɖoe kplikpaa be míakpɔ gome le nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔ vevi la me bliboea? Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míaɖo taɖodzinuwo na mía ɖokui. Ðe míate ŋu ado vevie nu geɖe wu le tɔtrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ mea? Nukatae màɖoe wòanye wò taɖodzinu be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye gɔme le March ƒe ɣletia me o?
5 Amekae Ate Ŋu Awɔ Biblia-Nusɔsrɔ̃?: Enye dzidzɔ na gbeƒãɖela geɖe siwo tso nɔnɔme vovovowo me be wozã Agbe Tegbee-gbalẽa le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Alesi woŋlɔe wòle bɔbɔe la na nusɔsrɔ̃a wɔwɔ nɔa bɔbɔe wu, esi wɔe be gbeƒãɖela yeyewo te ŋu kpɔa gome le dɔ vevi sia wɔwɔ me. Hekpe ɖe eŋu la, mía dometɔ geɖe srɔ̃e, eyata míenya emenyawo nyuie. Gbeƒãɖela aɖe si menɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖeke wɔm do ŋgɔ na Agbe Tegbee-gbalẽa zazã o la tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ŋlɔe bena: “Mele nusɔsrɔ̃ etɔ̃ wɔm eye mele enelia gɔme dze ge kpuie. Mele akpe manyagblɔ dam na mi be miena Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ le bɔbɔe alea.”
6 Ðeviwo hã le gome kpɔm le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe dɔa me vevie to Agbe Tegbee-gbalẽa zazã me. Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe daa agbalẽa ɖe eƒe kplɔ̃ dzi le suku. Esia ʋu mɔ be wowɔ numedzodzro nyui aɖewo kple Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe. Sɔhɛ aɖewo toa mɔ si le tẽ dzi biaa mɔ dzila siwo ŋu wokena ɖo le aƒeme yi aƒeme dɔa me be yewoawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wo viwo. Míate ŋu agblɔ gbeɖe be mía viwo metsi be woaƒo nu le agbe nɔnɔ tegbee le paradisonyigba dzi ƒe ŋugbe si Yehowa do la ŋu o.
7 Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, nusiwo ate ŋu ado dzidzɔ na mí wu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la dometɔ ɖekae nye aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ. Eyata mina mía dometɔ ɖesiaɖe nado gbe ɖa abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu eye míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ aɖe gbeƒã míaƒe mɔkpɔkpɔa le gaglãgbe. Zã Agbe Tegbee-gbalẽa nàtsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ alesi woate ŋu akpɔ gome le mía Mawu, Yehowa kafukafu mee la adze sii.—Ps. 148:12, 13.