Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Tafea ŋu Ðeɖe Fia
1 Enye nusi du ɖesiaɖe me tɔwo wɔna be wodina be yewoaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe yewo xɔlɔ̃ alo ƒometɔ si ku ŋu afia. Didi sia ate ŋu anye esi nu sẽ, vevietɔ ne ame bubuwo ƒe agbe ɖemee woƒe lɔlɔ̃tɔa le hafi ku. Susu vevitɔwo le amesiwo katã si agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa le la si siwo ta woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu afia to Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia wɔƒe yiyi me le April 6 lia dzi.—Kor. II, 5:14; Yoh. I, 2:2.
2 Kpɔ Ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe Lɔlɔ̃ Ŋu: Aleke wòsɔe nye si be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gãtɔ afia míaƒe Nunala Gãtɔ, Yehowa Mawu, amesi tsɔ tafea na la! (Yoh. I, 4:9, 10) Alesi Yehowa ƒe lɔlɔ̃ de toe la dze le nunana tɔxɛ si wòtsɔ na abe míaƒe tafe ene la me, esi menye mawudɔla dzɔdzɔe miliɔn geɖe la dometɔ ɖeka ko o, ke boŋ eƒe Tenuvi si wòlɔ̃ wu la. (Lod. 8:22, 30) Via, Yesu Kristo sia, si nya Yehowa nyuie wu amesiame la ɖo ŋku edzi na mí be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yoh. 3:16.
3 Kpɔ Ŋudzedze ɖe Yesu Kristo ƒe Lɔlɔ̃ Ŋu: Nenema kee wòsɔ be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe Yesu Kristo, amesi tsɔ eƒe luʋɔ na ɖe ame geɖe ta la ŋu. (Mat. 20:28) Eƒe lɔlɔ̃ dze le eƒe lɔlɔ̃ faa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le tafea gome la me. De ŋugble le alesi wògblẽ nɔnɔme nyuiwo me nɔnɔ le Fofoa kple mawudɔla dzɔdzɔe gbogboawo gbɔ la ɖi be yeazu tafe ɖe mía ta la ŋu kpɔ. Gbetɔame si wònye be wòanɔ amegbetɔ nuvɔ̃mewo dome ahabɔbɔ ɖe wo te kpakple nyanya be tafea xexe abia be yeaku la mena wòhe ɖe megbe o. Ke boŋ “[etsɔ] dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, . . . Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.”—Fil. 2:5-8.
4 Aleke Míaɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Tafea Ŋu Afiae?: Ele be ŋudzedze si míekpɔ ɖe tafea ŋu nayi ŋgɔ wu akpe dzro ko dada. Ehiã be míasrɔ̃ nu le Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ na ɖeɖe to Yesu Kristo dzi la ŋu. (Yoh. 17:3) Azɔ ele be míaɖe tafea dzi xɔxɔ se afia. (Dɔw. 3:19) Ele be ema hã naʋã mí be míatsɔ mía ɖokui na Yehowa Mawu to adzɔgbeɖeɖe me eye míaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Mat. 16:24) Esime míele agbe nɔm ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu la, ele be míazã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe atsɔ aƒo nu na ame bubuwo tso tafe ƒe ɖoɖo wɔnuku si wowɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋu.—Rom. 10:10.
5 Nudidi siawo gbɔ ɖoɖo menye nusi sesẽ wu mía dometɔ aɖeke o. Mixa 6:8 ka ɖe edzi na mí be: “Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋkume.” Nenema kee Dawid gblɔ na Yehowa bena: “Nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò.”—Kron. I, 29:14.
6 Be ŋudzedze si míekpɔ ɖe Yehowa ƒe nunana wɔnuku la ŋu nade to ɖe edzi la, nukatae ƒomea maxlẽ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 112 vaseɖe 126 la ɖekae ahadzro eme hafi Ŋkuɖodzi ƒe ŋkekea naɖo o? Mí katã míate ŋu ato mɔ sia dzi adzra ɖo le susu me be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe tafea ŋu le Ŋkuɖodzia si woawɔ le April 6, 1993 la wɔɣi me.