Dzra Biblia Nusrɔ̃viwo Ðo ɖe Subɔsubɔdɔa Ŋu
1 Taɖodzinu vevi si le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ ŋue nye be míawɔ nusrɔ̃la yeyewo woanye dɔwɔla siwo ava wɔ ɖeka kpli mí le nufiafia ame bubuwo me. (Mat. 28:19, 20) Eyata menye nusɔsrɔ̃ ƒe taɖodzinue nye be míana sidzedze nasu amewo si ko o; ele be wòatu xɔse si tso dzi me ɖo ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo me eye wòadzra wo ɖo be woagblɔ woƒe mɔkpɔkpɔ na ame bubuwo. (Kor. II, 4:13) Mɔ kawo nue míate ŋu akpe ɖe wo ŋu le be woadze afia nu ame bubuwo?—Tim. II, 2:2.
2 Na Subɔsubɔdɔa Nanye Eƒe Taɖodzinu: Na eme nakɔ le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze be subɔsubɔha vavãtɔ bia be ‘woaʋu eme hena agbexɔxɔ.’ (Rom. 10:10) Míaƒe ŋkɔ, Yehowa Ðasefowo, fia be ele be míaƒo nu na ame bubuwo. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔe be menye woa ŋutɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta koe míele nu fiam wo o. Ne woa ŋutɔwo va zu nufialawo la, ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔnu aʋu ɖi na amesiwo ɖoa to wo hã.—Tim. I, 4:16.
3 Dzro Nusiwo Miesrɔ̃ me Kplii: Nusiwo míesrɔ me dzodzro kplii le ɣeyiɣi aɖewo megbe nye nufiafiamɔnu nyui aɖe. Wokpena ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòatsi le gbɔgbɔ me ne nyateƒe yeye siwo wòsrɔ̃ la tsi eƒe susu kple dzi me. Mía ŋutɔwo míekpɔa esia teƒe ne míele biabia siwo wotsɔ kpe ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu la ŋu ɖom. Dzra ɖo ɖe nyabiabia siwo me kɔ hele tẽ siwo ŋu wò nusrɔ̃via ate ŋu aɖo le eya ŋutɔ ƒe nyawo me la ŋu.
4 Wò numedzodzroa ate ŋu anye abe gbeadzie miele ene. Bia nya alo ƒo nu tso nɔnɔme aɖe si míedoa goe zi geɖe ne míele ɖase ɖim na ame bubuwo ŋu. Nɔ aƒeme na wò nusrɔ̃via eye nàna wòawɔ alesi wòaɖo eŋui afia wò. Kafui ɖe akpa si wòwɔ nyuie la ta, eye ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe eŋu be wòawɔe nyuie wu ɣebubuɣi la nɛ. Hehe sia afia alesi wòawɔ nusi wòsrɔ̃ ŋudɔ lae eye wòatu Biblia zazã ƒe ŋutete ɖo.
5 Reasoning-gbalẽa: Kpɔ egbɔ be Reasoning-gbalẽa le wò nusrɔ̃via si, eye na hehee ɖe ezazã ŋu. Fia alesi wòɖo aɖaŋu le dzeɖoɖo gɔmedzedze, Biblia me nyabiabiawo ŋu ɖoɖo, alo tsitretsiɖeŋunya aɖe gbɔ kpɔkpɔ ŋu lae. Zã agbalẽa le nusɔsrɔ̃a me nàtsɔ afia mɔ siwo dzi wòato aƒo nu amewo nase egɔme lae. Agbalẽ sia ate ŋu atu eƒe kakaɖedzi ɖo, eye wòana eƒe didi be yeaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia nadzi ɖe edzi.
6 Te Gbe Ðe Kpekpewo ƒe Vevienyenye Dzi: Wotrɔ asi le hame ƒe kpekpewo, vevietɔ Subɔsubɔ Kpekpe kple Teokrasi Subɔsubɔ Sukua, ŋu be woadzra mí ɖo ɖe gbeadzisubusubɔdɔa ŋu. Amesiwo kpɔ nuteƒe eye wobi ɖe ɖaseɖiɖi me nyuie la dzroa mɔ vevi siwo dzi míato awɔe la me eye wowɔa eƒe wɔwɔfiawo. Te gbe ɖe kpekpeawo ƒe vevienyenye dzi eye nàwɔ wò ŋutete atsɔ akpe ɖe eŋu be wòayi. Kpekpewo dede ɣesiaɣi ate ŋu aʋã wò nusrɔ̃via alesi dze be wòava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la vavã.
7 Mele be nàŋe aɖaba aƒu kpɔɖeŋu si wò ŋutɔ nàɖo dzi o. Alesi nèlɔ̃na faa ɖea gbeƒã edziedzii la ɖea wò ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖe nyateƒea ŋu fiana. Esia wɔwɔ dea dzi ƒo na wò nusrɔ̃via be wòawɔ geɖe wu atsɔ aɖe eƒe xɔse afia. (Luka 6:40) Esiawo katã ate ŋu akpe ɖe ame yeyea ŋu wòabu subɔsubɔdɔa be enye mɔnukpɔkpɔ eye wòada akpe be yele gome kpɔm le eme.—Tim. I, 1:12.