Fiaɖuƒenya si Sɔ Ðe Ɣeyiɣi Dzi si Míamã le Xexeame Katã
1 Woaƒo dutoƒonuƒo tɔxɛ aɖe le Kwasiɖagbe, April 23 lia dzi, le tanya lédziname si nye “Alakpasubɔsubɔ ƒe Nuwuwu Ðo Vɔ” ŋu. Le kpekpea ƒe nuwuwu gbemagbe la, woaɖe axa ene ƒe agbalẽ, Fiaɖuƒenya, si ana woabu tame la ɖe go. Míamã eme gbedasi si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi la le xexeame katã le kwasiɖa etɔ̃ me tso April 24 vaseɖe May 14 dzi.
2 Amewo tɔtɔ le xexeame ƒe afisiafi. Afika ke woɖale o, kuxiwo ɖe kpe na wo. Fiaɖuƒenya la adzɔ dzi na amesiwo tsi dzi vevie ɖe nusiwo le dzɔdzɔm ŋu la ŋutɔ, elabena ahe woƒe susu ayi Mawu ƒe Nya dzi be eyae nye mɔfiametsoƒe si ŋu vodada mele o na amegbetɔwo. (Ps. 119:105) Mí katã míele mɔ kpɔm be míaxɔ Fiaɖuƒenya la ƒe ɖeka ne woɖee ɖe go le April 23 lia dzi. Do ŋgɔ la, dɔ geɖe li míawɔ atsɔ adzra ɖo ɖe kwasiɖa etɔ̃ ƒe dɔ vevi sia ŋu.
3 Mide Dzi Ƒo na Amesiame be Woakpɔ Gome le Eme Dzonɔamemetɔe: Amekawoe ate ŋu awɔ dɔ sia? Amesiame si nye gbeƒãɖela la adi vevie be yeawɔe godoo! Ke Biblia-nusrɔ̃vi siwo dea hame kpekpewo edziedzi ya ɖe? Wo dometɔ aɖewo le ha dem kpli mí ɣeyiɣi aɖe enye sia eye wole ŋgɔyiyi wɔm. Ne wole agbe nɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo nu la, ɖe wodze be woabu wo Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawoea? Gbeƒãɖela si le Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔm la ate ŋu alé nya sia kpɔ kple nusrɔ̃via, eye ne nusrɔ̃via di vevie be yeakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, hamemegã eve nadzro nya siwo le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe agbalẽa ƒe axa 98 kple 99 me kplii. Miwɔ esia kaba alesi miate ŋui bene amesiwo dze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo nate ŋu akpɔ gome le dɔ sia me bliboe. Miate ŋu ade dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃vi siwo medze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo haɖe o be woatsɔ Fiaɖuƒenya sia si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la ana ame nyanyɛwo alo ƒometɔwo.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ June 15, 1989 ƒe axa 17, memamã 8.
4 Dɔ sia mesesẽ o; amesiame ate ŋu awɔe. Dzilawo ate ŋu atsɔ Fiaɖuƒenya la nana ƒe wɔwɔfia akpe ɖe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu ale be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe asu te nyuie ɖe emamã tso aƒeme yi aƒeme ŋu. Enana mɔnu si le bɔbɔe nyona wu. Ne èɖe Fiaɖuƒenya la nu kpuie vɔ la, tsɔe na aƒemenɔla la eye nàde dzi ƒo nɛ be wòaxlẽe. Ne aƒemenɔlawo ɖe ɖetsɔleme fia la, ŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖi ale be nàte ŋu atrɔ ayi aɖatu woƒe ɖetsɔleme ɖo. (Kor. I, 3:6, 7) Nusi koŋ ana wòadze dzi enye be nàdzra ɖo nyuie ɖe enana mɔnu si le bɔbɔe ŋu.
5 ‘Dɔ geɖe’ anɔ anyi míawɔ le April kple May me. Míagagblɔ eŋu nya bubuwo ɖe ɣleti si gbɔna ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me si ƒe tanyae nye ‘Dɔ Geɖe Li Míawɔ le Aƒetɔ la ƒe Dɔwɔwɔ Me.’—Kor. I, 15:58.