Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Central African Republic: Subɔsubɔdɔa wɔwɔ le October me ɖe dzesi ŋutɔ, eye wokpɔ gbeƒãɖela 1,846 si nye agbɔsɔsɔ yeye. Wowɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo le du 19 me, ame 5,577 ye de eye ame 32 xɔ nyɔnyrɔ̃.
Mexico: Woka nya ta le November me be wokpɔ gbeƒãɖela 411,292. Esia nye agbɔsɔsɔ yeye bubu.
Sri Lanka: Gbeƒãɖela 1,873 ye bu akɔnta le November me, wònye dzidziɖedzi nyui si nye 9 le alafa me.
Taiwan: November ƒe akɔntabubua ɖee fia be wokpɔ tɔtrɔyi 44,514 kple Biblia-nusɔsrɔ̃ 4,234 ƒe agbɔsɔsɔ yeyewo tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 2,523 ŋu.
Virgin Islands (U.S.): Wokpɔ dzidzɔ geɖe esi wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 647 kple Biblia-nusɔsrɔ̃ 778 le November me.
[Aɖaka si le axa 2]
NYATEƑE SI KPLƆA AME YIA AGBE MAVƆ MEE
Womegale Nyateƒe-gbalẽa si wota zi gbãtɔ le ƒe 1968 me eye wota miliɔn 107 si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ ɖe gbegbɔgblɔ 117 me (vaseɖe ƒe 1992 me) la ta ge azɔ o. Míele ʋee aɖewo siwo gale alɔdzedɔwɔƒea mãm ale be nutome gã dzikpɔlawo natsɔ wo ayi nutome sue takpekpe ɖesiaɖe me. Míele dzi dem ƒo na hamewo kple ame ɖekaɖekawo be woaxɔ ɖewo ade woƒe agbalẽdzraɖoƒewo.