Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
1 Ne ète tu nyadzɔdzɔgbalẽdzraƒe aɖe la, nukae nèkpɔna? Magazinewoe. Nukae nèkpɔna le fiase siwo le ablɔwo dzi me? Magazinewoe. Eyata nukawoe ame geɖe xlẽna? Magazinewoe. Numekuku ɖee fia be sɔhɛ siwo xɔ ƒe 10 vaseɖe 18 dometɔ 9 le 10 ɖesiaɖe me, kple ame tsitsiwo ƒe xexlẽme ma ke, xlẽa magazine ɖeka ya teti ɣleti sia ɣleti. Xexeame tsɔ ɖe le magazinewo me ŋutɔ.
2 Ðe míate ŋu ana dzi anukwaretɔwo natsɔ ɖe le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! mea? Míate ŋui ne MÍA ŋutɔwo míetsɔ ɖe le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Nukae akpe ɖe mía ŋu? Bu aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu kpɔ:
◼ Xlẽ Magazineawo: Dzikpɔla mɔzɔla aɖe ka nya ta be le mamã dedie nu la, gbeƒãɖela 1 le 3 ɖesiaɖe me koe xlẽa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ɖesiaɖe wua enu le yeƒe nutoa me. Èxlẽa ɖesiaɖe wua nua? Ne èle nyati ɖesiaɖe xlẽm la, bia ɖokuiwò be, ‘Amekae nya sia adzɔ dzi na—vidada, mawudzimaxɔsela, asitsala, alo sɔhɛ yea?’ De dzesi nya vevi ɖeka alo eve siwo nàtsɔ ana magazine lae ɖe wò ŋutɔ tɔwò me. Azɔ bu alesi nànyɔ ɖetsɔleme ɖe nyatia me le nyafɔkpe ɖeka alo eve ko me ŋu.
◼ Ðo Magazine Agbɔsɔsɔ si Nàxɔ Ði Koŋ: Gblɔ ɖesiaɖe ƒe xexlẽme si sɔ nànɔ xɔxɔm ɣesiaɣi la na magazine dzi kpɔla. Ne èwɔe alea la, mia kple wò ƒomea mianɔ magazineawo xɔm pɛpɛpɛ ɣesiaɣi.
◼ Wɔ Magazine Ŋkeke ƒe Ðoɖo Edziedzi: Hame geɖe ɖo ŋkeke aɖe ɖi koŋ na magazine ɖaseɖiɖi. Àte ŋu awɔ dɔ le hamea ƒe Magazine Ŋkekea dzia? Ne màte ŋui o la, dze agbagba nàzã gbeadziyiɣi aɖewo edziedzi awɔ ablɔdzi magazine nana kple wo nana le ɖokuiwò si tso aƒeme yi aƒeme kple magazine ƒe ademɔwo siaa dzi.
◼ Tsɔ Ðe Le “Gbetakpɔxɔ” Kple “Nyɔ!” me Vevie: Tsɔ magazine aɖewo ɖe asi ne èle mɔ zɔm alo nèyina asiƒleƒe. Tsɔ wo na wò dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, sukuhatiwo, alo nufialawo ne miele dze ɖom. Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo ɖoa yameʋu zɔa mɔ edziedzi la zã nyati aɖe le magazine yeyeawo dometɔ ɖeka me tsɔ dze dzeɖoɖo gɔme kple ʋuɖola si nɔ wo xa. Woɖo dze vivi geɖe. Sɔhɛ aɖewo tsɔa nyati siwo wokpɔ be ado dzidzɔ na woƒe nufialawo alo sukuhatiwo la ɖe asi yia suku ɣesiaɣi. Tsɔ ɖewo ɖe asi ne èyina go do ge asisiwo eye ne miegblɔ asitsanyawo vɔ la, nàtsɔe ana asitsalawo. Mía dometɔ geɖe dzea mɔ̃memi edziedzi; nukata màna magazineawo mɔ̃memidzrala la o? Nenɔ asitsɔƒe ne wò ƒometɔwo srã wò kpɔ, ne èɖo ʋu, alo nèle ame aɖe lalam. Àte ŋu abu ɣeyiɣi bubu siwo sɔ ŋua?
◼ Dzra Magazine Nana ƒe Dzeɖonya Kpui aɖe Ðo: Wɔ ɖoɖo nàgblɔ nya kpui aɖe ko, gake nàgblɔe nyuie. Dzo nenɔ mewò. Ƒo nu wòalé dzi nɛ. Ƒo nu tso nu ɖeka ŋu tẽ. Tia nya vevi aɖe tso nyati aɖe me, gblɔe kpuie eye nàtsɔ magazine la na. Enana ƒe mɔ nyuitɔe nye ne èbia nya tso nyati dodzidzɔname aɖe ŋu eye nèfia asi nyati si nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖo eŋu. De ŋugble le alesi woawɔe ƒe kpɔɖeŋu ʋee aɖewo ŋu kpɔ:
3 Ne èle nu ƒom tso nyati si ku ɖe nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi ŋu la, àte ŋu abia be:
◼ “Nukae hiã hafi míate ŋu adɔ alɔ̃ le zã me eye míavɔ̃ na nuvlowɔwɔ o?” Ðewohĩ aƒemenɔla la agblɔ be yemeka ɖe edzi be nuwo anyo o. Àte ŋu aɖo eŋu be nenemae ame geɖe bui, eye nàgagblɔ be gbedasi aɖe si yeka ɖe edzi be adzɔ dzi nɛ la le ye si. Ekema ƒo nu tso nya vevi aɖe ŋu le nyatia me.
4 Ne èle nyati si ƒo nu tso ƒomegbenɔnɔ ŋu nam la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ame geɖe kpɔe be ga kpɔkpɔ atsɔ kpɔ ƒome dzii mele bɔbɔe le ŋkeke siawo me o. Wota agbalẽ geɖe le nyati sia ŋu, gake eŋutinunyalawo gɔ̃ hã ƒe gbe mesɔ le míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔnuwo ŋuti o. Ðe afi aɖe li míayi axɔ mɔfiame si ŋu kakaɖedzi lea?” Ekema tɔ asi nya tɔxɛ aɖe si ɖe nunya si le Biblia me fia la dzi le magazine la me.
5 Àte ŋu awɔe ale ne èle nyati si ku ɖe hadomekuxiwo ŋu nam:
◼ “Nu te ɖe ame akpa gãtɔ dzi egbea. Mawu meɖoe be míanɔ agbe alea hafi o.” Azɔ tsɔ nyatia me nya si nɔ te ɖe Biblia dzi si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu fifia eye wòana mɔkpɔkpɔ mí be woaɖɔ nuwo ɖo keŋkeŋ le etsɔme la fiae.
6 Ke nudzɔdzɔwo ya ɖe? Ne amewo bia be nukatae míenaa magazineawo femaxee o hã la, àte ŋu agblɔ be: “Togbɔ be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe taa míaƒe magazineawo hã la, wotsɔa nudzɔdzɔ suesuewo kaa fe mee.”
7 Ablɔdziɖaseɖiɖi Wɔa Dɔ Nyuie: January 1940 ƒe Informant (Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ) mee wode dzi ƒo na gbeƒãɖelawo le zi gbãtɔ be woaɖo ŋkeke ɖi koŋ kwasiɖa sia kwasiɖa atsɔ magazineawo awɔ ablɔdziɖaseɖiɖii. Èɖia ablɔdziɖase enuenua? Ne èɖinɛ la, ɖe mɔ si dzi nètona la wɔa dɔ nyuiea? Wokpɔe be gbeƒãɖela aɖewo tɔna ɖe mɔ si dzi ame geɖe tona ƒe dzogoe dzi nɔa dze ɖom eye ame geɖe siwo va yina la mekpɔa wo o. Le esi teƒe be miatsɔ magazineawo ɖe asi atɔ ɖe mia nɔewo gbɔ la, anyo wu be miamã ɖe amewo ŋu. Ðewohĩ amedzrowo atɔ vie ase nyaa ne ame ɖeka koe te ɖe wo ŋu, gake ame ʋee aɖewo koe ate ŋu ate ɖe ameha siwo ƒo ƒu le dze ɖom ŋu. Esi ame geɖe ƒe ŋku nɔa mía ŋu vevie le ablɔwo dzi ta la, ehiã vevie be míawɔ leke nyuie ahado awu ɖe ɖoɖo nu abe alesi wòdze Mawu subɔlawoe ene.—Tim. I, 2:9, 10.
8 Magazine ƒe Ademɔwo: Amesiwo si magazine ƒe ademɔ le te ŋu naa magazine geɖe togbɔ be wokpea anyigbamamãa ɖo edziedzi gake. Magazine ƒe ademɔwo nye teƒe nyui aɖe si woakpɔ amesiwo alɔ̃ awɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ le.
9 Ne èwɔa tɔtrɔyi edziedzi ɖatsɔa magazineawo naa wo la, àkpɔ be vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ si le mia kple aƒemenɔla la dome asẽ ɖe edzi. Zi alesi nènya amea nyuie la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe be miaɖo dze le Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋui. Esia ate ŋu ana nàdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si atse ku la gɔme. Do nudɔdɔxɔxɔ ɖe egbɔ ɣesiaɣi si nètrɔ yi. Eye ɖo ŋku edzi be ɣesiaɣi si nèyi amea gbɔ la, àte ŋu abui tɔtrɔyi.
10 Nɔvinyɔnu aɖe tsɔa magazine yina na nyɔnu aɖe, eye exɔnɛ ɣesiaɣi gake egblɔ be: “Nyemeka ɖe nya si gblɔm nèle nam dzi o.” Esi nɔvinyɔnua gatrɔ yi la, eva tu srɔ̃a le aƒea me. Esi woɖo dze xɔlɔ̃wɔwɔtɔe megbe la, wowɔ ɖoɖo be woadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Nɔvinyɔnua dze xɔlɔ̃ ŋutsuvi etɔ̃ siwo hã vaa nua srɔ̃ƒe. Mlɔeba la, nyɔnua kple viaŋutsuawo tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye woxɔ nyɔnyrɔ̃. Vaseɖe egbea la, ƒomea me tɔ 35 ye xɔ nyateƒea. Nusiawo katã dzɔ le esi nɔvinyɔnua trɔna yia amesiwo wònaa magaziwoe gbɔ ta!
11 Mɔ geɖe li míato adze magazine ƒe ademɔwo gɔme. Àte ŋu aŋlɔ amesiwo katã nèna magazineawoe ƒe ŋkɔwo eye nàwɔ ɖoɖo be yeanɔ tata yeyewo tsɔm vɛ na wo kwasiɖa eve ɖesiaɖe. Mɔ ɖekae nye be nàzã nya siwo le tanya si nye “Le Tata si Gbɔna Me” te. Ne ètrɔ yi la, gblɔ na aƒemenɔla la be yetsɔ nyati siwo ŋu yeƒo nu tsoe va yi la ɖe asi. Alo ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ be: “Esi mexlẽ nyati sia la, mekpɔe be adzɔ dzi na wò hã . . . ” Emegbe ƒo nu tso nyatia ŋu kpuie eye nàtsɔe nɛ. Ne ewɔ tɔtrɔyia vɔ la, de dzesi nya vevi bɔbɔe atɔ̃ aɖewo ɖe wò aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽvia dzi: (1) aƒemenɔla ƒe ŋkɔ, (2) adrɛs, (3) gbesigbe nèyi, (4) tata si nètsɔ nɛ, kple (5) nyati si ŋu nèƒo nu tsoe. Gbeƒãɖela aɖewo kpɔ dzidzedze le magazine ƒe ademɔwo ɖoɖo me nyuie, eye woŋlɔa amesiwo wu 40 ƒe ŋkɔwo be woatrɔ ayi wo gbɔ!
12 Asitsaƒewo: Gbeƒãɖela siwo wɔa dɔ le asitsaƒewo naa magazine geɖe. Èwɔ dɔ tso fiase me yi fiase me kpɔa? Nyatakakawo fia be le hame aɖewo me la, womewɔa subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia tututu o. Gbã la, ame aɖewo vɔ̃na be yewoate ɖe asitsalawo ŋu, gake ne wotee kpɔ vie la, evivia wo nu eye wokpɔa viɖe geɖe. Nukata màbia gbeƒãɖela kpɔnuteƒe alo mɔɖela aɖe be wòakpe ɖe ŋuwò nàdze egɔme o?
13 Viɖe geɖe le dɔwɔwɔ tso fiase me yi fiase me la me. Ame ʋee aɖewo ko màkpɔ o, vevietɔ le woƒe dɔwɔɣiwo! Zi geɖe la, asitsalawo ɖea ameŋububu fiana nenye be wometsɔ ɖe le Biblia me o hã. Dze egɔme kaba le ŋkekea me; anɔ eme be woaxɔ wò nyuie wu. Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ be ƒã hafi yekena ɖe asitsalawo ŋu le aƒeme, eyatae yeva woƒe dɔwɔƒe kpuie be yeatsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeye siwo va la ana wo. Ðe eme be asitsala geɖe doa vivi ɖe míaƒe magazinewo ŋu elabena ehiã be woanya xexemenudzɔdzɔ siwo le edzi yim, gake womekpɔa vovo xlẽnɛ o. Magazineawo tsɔ nukpɔsusu nyui aɖe ƒo nu tso nya si naa wobua tame ŋu, mawusubɔsubɔ, dunyahehe, kple asitsatsa ƒe nazãbubu manɔmee. Àte ŋu adze magazine ƒe ademɔwo gɔme kple ɖetsɔlemetɔ siwo nàkpɔ le asiƒleƒewo.
14 Midzra Ðo abe Ƒome Ene: Miate ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le miaƒe ƒomenusrɔ̃ɣi atsɔ adzro magazine yeyewo me nyati siwo nyo miazã le miaƒe anyigbamamã me la me. Ƒomea me tɔwo—kple ɖeviwo hã—ate ŋu awɔ alesi woanɛ kple alesi woaɖu dzeɖoɖonutsinya siwo ame geɖe gblɔna abe: “Vovo mele ŋunye o,” “Míele ha aɖe me xoxo,” alo “Nyemedi be masee o” ene dzii la, afia wo nɔewo. Nuwɔwɔ aduadu nyuie ate ŋu ana ƒome bliboa nakpɔ gome le magazine mamã me edziedzi.
15 Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo Ate Ŋu ana Kpekpeɖeŋu: Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, miwɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le Magazine Ŋkeke dzi le agbalẽ me nusrɔ̃ƒewo tsɔ wu be hame bliboa katã nakpe ta ɖe Fiaɖuƒe Akpata me. Ele be amesiwo akpɔ gbeadziyikpekpewo dzi la nadzra aɖaŋu nyui tɔxɛ aɖewo ɖo agblɔ na ƒuƒoƒoa. Woate ŋu anye enanamɔnu ƒe kpɔɖeŋu aɖe kple magazine yeye siwo miazã atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme le mia gbɔ la me nya vevi ɖeka alo eve. Ele be gbeadziyikpekpewo—kple nɔviawo mamã hã—nanɔ kpuie, maxɔ wu aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 15 o. Nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be anyigbamamã li sɔ gbɔ ale be ƒuƒoƒoawo nawɔ dɔ le ɣeyiɣi si woanɔ gbeadzi katã me.
16 Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia Ðe Magazineawo Ŋu: Nyati si nye “Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! la Zazã Nyuie” si wota ɖe August 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la gblɔ nya vevi sia be: “Asixɔxɔ mevɔna le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyawo ŋu ne womena wo eye wotsi anyi ɣleti ɖeka alo eve gɔ̃ hã o. Ɣeyiɣiwo ƒe yiyi meɖea nya siwo le wo me ƒe vevienyenye dzi kpɔtɔ o . . . Ne míena magazineawo li kɔ ɖi eye míegbe wo zazã la, enye ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe dɔwɔnu xɔasi siawo ŋu. . . . Le esi teƒe be míagblẽ magazine xoxowo ɖi ahaɖe asi le wo ŋu kura la, ɖe manyo wu be míadze agbagba vevie atsɔ wo ana ɖetsɔlemetɔwo oa?”
17 Dzi anukwaretɔ geɖe siwo le nyateƒea dim la li egbea. Ðewohĩ magazine ɖeka me nya tututue wohiã bene wòafia nyateƒea wo! Yehowa tsɔ gbedasi dodzidzɔname aɖe na mí be míaɖe gbeƒãe eye míaƒe magazinewo wɔa akpa vevi aɖe le gbedasia gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Àtsi dzi ɖe magazine nana ŋu tso azɔ dzia? Àtsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo ƒe ɖewo ade dɔwɔna me kwasiɖa sia? Woayra wò geɖe ne èwɔe.
Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo:
◼ Xlẽ magazineawo do ŋgɔ eye nànya nyatiawo.
◼ Tia nyati si ƒo nu tso nusi me amewo tsɔ ɖe le le miaƒe nutoa me ŋu.
◼ Dzra dzeɖonya si asɔ na ame vovovowo, abe ŋutsuwo, nyɔnuwo, alo sɔhɛwo ene, ɖo. Gblɔ alesi magazine la ku ɖe aƒemenɔla la ŋu kple alesi wòadzɔ dzi na ƒome bliboae.
◼ Wɔ ɖoɖo ɖe wò gbeadziyiyi ŋu le ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ le aƒeme. Hame aɖewo wɔa ɖoɖo tsɔa magazinewo wɔa fiẽsiɖaseɖiɖidɔ lae.
◼ Wò dzeɖonya nenɔ kpuie eye wòayi nyaa gbɔ tẽ.
◼ Mègaƒo nu kabakaba akpa o. Ne ɖetsɔleme aɖeke mele nyasela la me o la, wò nuƒoƒo kabakaba made edzi o. Dze agbagba nàɖe dzi ɖi eye nàna mɔ aƒemenɔlaa be wòaƒo nu.
Magazinewo Nana tso Aƒeme Yi Aƒeme:
◼ Ðo nukomo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe eye nàƒo nu kple gbe ɖɔɖɔe.
◼ Do vivi ɖe magazineawo ŋu.
◼ Ƒo nu blewu eme nakɔ.
◼ Ƒo nu tso nyati ɖeka ko ŋu; nyɔ eƒe ɖetsɔleme kpuie, eye nàɖe asixɔxɔ si le eŋu afia aƒemenɔla la.
◼ Te gbe ɖe nyati ɖeka ko dzi.
◼ Ƒo nu tso magazine ɖeka ko ŋu eye nàtsɔ bubu akpe ɖe eŋu nɛ.
◼ Tsɔ magazine la na aƒemenɔlaa.
◼ Na aƒemenɔla la nanya be yeɖoe be yeagatrɔ va.
◼ Ƒo nya ta xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kple kakaɖedzi ne egbe magazineawo xɔxɔ hã.
◼ Ŋlɔ ɖetsɔlemetɔwo kple amesiwo xɔ magazineawo ƒe ŋkɔwo ɖe aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽvia dzi.
Magazine Nana ƒe Mɔnukpɔkpɔwo:
◼ Aƒeme yi aƒeme
◼ Ablɔdziɖaseɖiɖi
◼ Fiase me yi fiase me
◼ Tɔtrɔ yi magazine ƒe ademɔwo dzi
◼ Fiẽsiɖaseɖiɖi
◼ Ne èle tɔtrɔyiwo wɔm
◼ Ne èyi Biblia-nusrɔ̃vi xoxowo gbɔ
◼ Ne èle mɔ zɔm, alo nèyina asiƒleƒe
◼ Ne èle nu ƒom na ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, sukuhatiwo, kple nufialawo
◼ Ne èle ʋu me, alo teƒe siwo amewo le lalam le