Kafu Yehowa Gbesiagbe
1 Wɔla wɔnuku lɔ̃ame, si nye agbe ƒomevi ɖesiaɖe kple dzidzɔ ƒe Dzɔtsoƒee mía Mawu Yehowa nye. Le eƒe gãnyenye ta la, edze na eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kafukafu nyateƒe. Enye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe didi be míagblɔ abe hakpala la ene be: “Madzi wò kafukafu ɖe dzi. Nye nu axlẽ wo dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi.” (Ps. 71:14, 15) Bene míawɔ esia la, ele be míadi mɔ siwo nu míakafu Yehowa le gbesiagbe eye míase le mía ɖokui me be míaƒo nu nyui tso eyama, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe mɔnuɖoɖowo hena agbekpɔkpɔ ŋu.
2 Kristotɔ gbãtɔwo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le Yehowa kafukafu me. Míexlẽ le ame 3,000 siwo xɔ nyɔnyrɔ̃ le Pentekoste-ŋkekea dzi ŋu le Dɔwɔwɔwo 2:46, 47 be: “Gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, . . . hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.” Yehowa kple eƒe Mesia la ŋuti nyateƒe wɔnukuwo srɔ̃m wonɔ. Woƒe dzidzɔ la keke ɖe enu ɖo ame bubuwo gbɔ eye wòde dzi ƒo na wo be woaɖo to asrɔ̃ nu eye woakafu Yehowa.
3 Mɔnukpɔkpɔwo Nɔa Anyi Gbesiagbe: Ame geɖe kpɔe egbea be yewoate ŋu akafu Yehowa gbesiagbe le vomeɖaseɖiɖi me. Dzadzraɖo do ŋgɔ kpena ɖe wo ŋu wotsea ku nyuie wu. Nɔvinyɔnu aɖe si ɖoe be yeaɖi vomeɖase la kpɔ be ame aɖe gbã yeƒe ʋu ƒe fesrewo ge ɖe ʋua me. Eyɔ ʋudzraɖola aɖe eye wòdzra ɖo be yeaɖi ɖase nɛ. Eƒe dzadzraɖoa ƒe akpa aɖee nye be edo gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiafia. Edzɔ be eɖi ɖase na ʋudzraɖola la gaƒoƒo ɖeka eye wòna Agbe Tegbee gbalẽa lae.
4 Nɔvinyɔnu bubu doa go aƒelika aɖe ne wo kple woƒe avũ le tsa ɖim. Le woƒe gododoa ɖe me la, woɖo dze vevi aɖe le agbemekuxiwo ŋu, eye esia na wogayi dzeɖoɖo bubuwo dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Emegbe aƒelika la gblɔ be ne ye ƒemee Yehowa Ðasefowo va la, anye ne yemaxɔ wo o, elabena yemexɔ Mawu alo Biblia dzi se o.
5 Ame aɖewo te ŋu ɖia ɖase na nudzralawo alo ame bubu siwo va wo ƒeme. Ame aɖe si nɔ amewo dim be woage ɖe nugblẽfe si woxena na ƒometɔwo ne woku ƒe ɖoɖo me la va nɔvinyɔnu aɖe ƒeme le Ireland. Nɔvinyɔnua ɖe eme nɛ be yeƒe mɔkpɔkpɔe nye be yeanɔ agbe mavɔ. Enye nya yeye kura le to me na ŋutsu sia si wonyi Roma Katolikotɔe. Exɔ Agbe Tegbee gbalẽa, eva kpekpe aɖe le kwasiɖa si kplɔe ɖo me, eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple ye. Fifia nudzrala sia zu nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ̃.
6 Ele be mí katã míanɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo me míakafu Yehowa le gbesiagbe ŋu. Ade mía dzi be míada magazine alo trakt ʋee aɖewo ɖe ŋkukpɔƒe ale be míate ŋu atsɔ wo ana amesiwo va srãa mí kpɔ bɔbɔe. Le teƒe aɖewo la, ɣeyiɣi kpui aɖe si nànɔ dugbadzabɔ ƒe zikpui dzi alo ʋuɖoƒe la ana mɔnukpɔkpɔ geɖe wò be nàɖi ɖase na amesiwo tɔna ɖe afimawo aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo. Ðasefo siwo nye sɔhɛ sukuviwo dometɔ aɖewo daa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe woƒe kplɔ̃ dzi wònyea mɔ si dzi wotona dzea dzeɖoɖo gɔme kple amesi akpɔe abia nya le eŋu. Lé Ŋɔŋlɔawo me kpukpui ɖeka alo eve siwo nàzã la ɖe susu me. Bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Ayra wò ɖe esia wɔwɔ ta.—Yoh. I, 5:14.