Kpɔ Viɖe Tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—akpa 1
1 Èxlẽ “Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖi” ŋuti mɔfiamewoa? Èkpɔ tɔtrɔ aɖewo le emea? Tso January vaseɖe April la, Dɔdasi 3 lia atso Reasoning-gbalẽa me, eye tso May vaseɖe December la, atso Sidzedze-gbalẽ si woɖe ɖe go yeyee la me. Dɔdasi 4 lia anye nuƒo le Biblia-meme aɖe ŋu kwasiɖa ɖesiaɖe.
2 Sukuvi ƒe Dɔdasiwo: Nɔvinyɔnue woatsɔ dɔdasi 3 lia na. Ne Reasoning-gbalẽa mee wòtso la, ele be wòaku ɖe aƒeme yi aƒeme alo vomeɖaseɖiɖi ŋu. Gake ne Sidzedze-gbalẽa mee wòtso la, ele be wòawɔe wòanye tɔtrɔyi alo aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃. Esia aɖe vi na mí ŋutɔ elabena míazã Sidzedze-gbalẽa vevie le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me.
3 Ne woawɔe wòanye aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ la, ke nɔvinyɔnu evea siaa ate ŋu anɔ anyi. Gblɔ ŋgɔdonya kpui aɖewo tsɔ dze nusɔsrɔ̃a gɔmee tẽ, emegbe bia nya siwo wota ɖe agbalẽa me. Aƒemenɔla la nawɔ eƒe akpa dzi abe alesi tututu wòanɔ ene. Woate ŋu aʋu mawunyakpukpui siwo woyɔ ɖe eme la axlẽ ne ɣeyiɣi li. Nɔvinyɔnua nazã nufiafia ƒe aɖaŋu to nya siwo ana aƒemenɔla la naƒo nu la biabia me eye wòadzro ŋɔŋlɔawo me kplii.
4 Nukae wòle be woawɔ ne mawunyakpukpui siwo woyɔ ɖe dɔdasia me sɔ gbɔ wu esiwo me woate ŋu adzro le aɖabaƒoƒo atɔ̃ me? Tia mawunyakpukpui vevi siwo te gbe ɖe nya veviawo dzi. Ne mawunyakpukpuiawo mesɔ gbɔ o la, ke woate ŋu adzro nusɔsrɔ̃a me nya veviwo me tsitotsito wu. Woate ŋu axlẽ memamã alo nyagbe ɖeka tso agbalẽa me ɣeaɖewoɣi ahadzro eme kple aƒemenɔla la.
5 Gbeƒãɖela si ƒe dɔdasi kpe ta ma ƒe memamã mamlea ɖo la ate ŋu adzro aɖaka si ƒe tanyae nye “Do Wò Sidzedze Kpɔ,” si le Sidzedze-gbalẽa ƒe ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu me kpuie. Woate ŋu adzro nyatakakaɖaka siwo le memamã siwo wode asi me hã ne ɣeyiɣi li. Ne nyatakakaɖaka aɖe le dɔdasi eve me la, ke nɔvinyɔnu si le dɔdasi gbãtɔ wɔm nadzro eme. Woate ŋu aƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le agbalẽa me ŋu ɣesiaɣi si woku ɖe nya si me dzrom wole ŋu.
6 Ele be dɔdasi 4 lia nanye nuƒo vivi nyui aɖe. Elabena adzro agbenɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖe me kwasiɖa ɖesiaɖe—anye Biblia-meme aɖe. Srɔ̃ nya si Insight ƒe Babla 1 gblɔ le Biblia-meme si ŋu dɔdasia ku ɖo ŋu nyuie. Dzra nuƒoa ɖo ɖe tanyaa ŋu eye nàtia mawunyakpukpui vevi siwo akpe ɖe nyaselawo ŋu woƒe susu nanɔ Biblia-memea kple eƒe amenyenye, kpakple nuwɔna, nɔnɔme, alo dzimedidi siwo míedi be míasrɔ̃ alo atsri la ŋu. Woate ŋu atsɔ mawunyakpukpui siwo meku ɖe Biblia-memea ŋu tẽ o hã akpee ne wote gbe ɖe alesi Yehowa bua nɔnɔme nyui alo nɔnɔme gbegblẽ aɖee dzi, alo ne wodo ƒome kple nuƒoa ƒe tanya.
7 Ne míewɔa hehe si wonaa mí le sukua me ŋudɔ bliboe la, míate ŋu ‘aɖe gbeƒã nya la’ nyuie wu le mɔ si ɖea ‘nufiafia ƒe aɖaŋu’ nyui fiana nu.—Tim. II, 4:2.