INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/96 axa 1
  • Nɔnɔmeawo Trɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔnɔmeawo Trɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðe Wòhiã be Manɔ Tɔtrɔwo Wɔmaa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 4/96 axa 1

Nɔnɔmeawo Trɔ

1 Biblia gblɔ na mí be “nuwo ƒe nɔnɔme le xexe sia me le tɔtrɔm.” (Kor. I, 7:31, NW) Aleke gbegbe nya ma nye nyateƒe egbea enye si! Le míaƒe agbenɔɣi gɔ̃ hã la, míekpɔ tɔtrɔ gãwo le amewo ƒe tamebubu kple nuwɔna me le amegbetɔ ƒe habɔbɔ ƒe ɖoƒe ɖesiaɖe. Hafi míate ŋu atsɔ Fiaɖuƒe gbedasia ayi na wo dzidzedzetɔe la, ele be mɔnu si míazã nasɔ ɖe nɔnɔmeawo ƒe tɔtrɔ nu. Míedi be míagblɔ nyanyuia ale be wòanyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme eye wòaɖo woƒe dzi gbɔ.

2 Le ƒe siwo va yi me la, ɖaseɖiɖidɔa to vovo le dukɔ geɖe me elabena zi geɖe la, amewo nɔ tomefafa me eye wose le wo ɖokui me be yewole dedie. Mawusubɔsubɔ xɔ nɔƒe kɔkɔe aɖe le woƒe agbenɔnɔ me. Wode asixɔxɔ Biblia ŋu vevie. Le ŋkeke mawo me la, ɖaseɖiɖi nyea aʋatso si le nufiafiawo ŋuti nyaʋiʋliwo me ɖeɖe ɖe go zi geɖe. Egbea amewo ƒe agbenɔnɔ tɔtɔ. Woɖea alɔme le mawusubɔsubɔ ŋu. Ame ʋee aɖewo koe xɔ Biblia dzi se. Eye nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia na ame geɖe megaxɔ Mawu dzi se kura o.

3 Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Fifia edze abe kuxiwo kple xaxawo sɔ gbɔ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ me ale gbegbe be ele be míafia alesi woanɔ agbee la wo.” Nusiwo ŋu koŋ amewo tsia dzi ɖo fifia enye woa ŋutɔwo, woƒe ƒomewo, kple woƒe dzimaɖitsitsiwo. Nusiawo ŋue woƒoa nu tsoe wu ne wodo go. Ehiã be ema nanɔ susu me na mí ne míele ɖaseɖiɖidɔa wɔm.

4 Mawu Fiaɖuƒea Koe Nye Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Ðeka si ŋu Kakaɖedzi Le: Ame akpa gãtɔ megakana ɖe amegbetɔdziɖuɖu dzi boo o. Wotsɔe be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be xexeame ava nyo ɖe edzi le yewoƒe agbenɔɣi o. Alakpasubɔsubɔ mete ŋu wɔ naneke si ana mɔkpɔkpɔ wo o. Ema tae ameƒomea ƒe nuhiahiã vevitɔ kekeake enye be woase Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Ðe alesi wòava kpɔ kuxi siwo katã le ameƒomea dzi vam gbɔ mlɔeba la afia.

5 Biblia Koe Nye Mɔfiametsoƒe si ŋu Kakaɖedzi Le: Kplɔla siwo nɔ te ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexemenunya dzi la kplɔ ame gbogbo siwo li egbea trae. Amewo mekpɔe dzesi haɖe o be “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yer. 10:23) Nufiame vevitɔ kekeake si woate ŋu asrɔ̃ enye be ele be ‘woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke woagaɖo dzi ɖe woa ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu o.’ (Lod. 3:5) Togbɔ be nɔnɔmeawo trɔ hã la, Biblia ya metrɔ o. Eyata ele be míazã Mawu ƒe Nya la le míaƒe subɔsubɔdɔa me ɣesiaɣi, eye míafia ame bubuwo woakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe mɔfiame si tso gbɔgbɔ me ŋu. (Tim. II, 3:16, 17) Be míana tameɖoɖo ma nava eme la, ele be míana Biblia ƒe vevienyenye nadze na ameawo to eŋudɔwɔwɔ le míaƒe dzeɖonyawo me, ezazã atsɔ aɖo woƒe biabiawo ŋui, kple alesi wòhiã be woasrɔ̃e ahawɔ eme nunya ɖeviawo ŋudɔe la gbɔgblɔ me.

6 Togbɔ be nɔnɔmeawo le tɔtrɔm egbea hã la, taɖodzinu siwo le mía si le subɔsubɔdɔa me metrɔ o. Míaƒe dɔ enye be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, míatu kakaɖedzi ɖo ɖe Mawu ƒe Nya la me, eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ alesi wòhiã be woasrɔ̃ Biblia kple míi la adze sii. Ele be nya siwo míagblɔ la nasɔ ɖe amesiwo míeɖia ɖase na ƒe fifi nuhiahiãwo nu. Ne míewɔ esia la, míate ŋu agblɔ nyanyuia na ame bubuwo eye míaƒe asi asu ame geɖe dzi.—Kor. I, 9:19, 23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe