Wɔ Dɔ Kple Luʋɔ Blibo!
1 Susu geɖe li siwo ta míada akpe na Yehowa. Ðewoe nye nusiwo wòwɔ va yi, nusiwo wɔm wòle fifia, kple esiwo wòava wɔ na mí le etsɔme. Nukae wòle be míaƒe akpedada naʋã mí míawɔ? Dawid ƒe ha aɖe ɖo eŋu be: “Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu anɔ nunye me ɖaa.”—Ps. 34:2.
2 Biblia na eme kɔ be wode se na mí be míaɖe gbeƒã. Esia nye dɔ si míetsɔa ‘luʋɔ blibo wɔna na Yehowa.’ (Kol. 3:23) Dɔ nenie míawɔ le subɔsubɔdɔa me ne míewɔa dɔ kple luʋɔ blibo nyateƒe? Ne míebu alesi Yehowa lɔ̃ míi ŋu la, ɖikeke mele eme o be míaƒe dzi ʋãa mí be míatsɔ mía ɖokui ana agblɔ eya kple eƒe tameɖoɖo xɔasiawo ŋu nya na ame bubuwo! Eʋãa mí be míawɔ nusi míate ŋui.
3 Asɔ be míakpɔ mɔ be amesi wɔa dɔ kple luʋɔ blibo la dina be yeƒe susu nanɔ nu kɔkɔewo ŋu. Hakpala si edze ƒã be ese le eɖokui me nenema la gblɔ be: “Mekafua wò zi adre le ŋkeke me.” (Ps. 119:164) Amesiwo sena le wo ɖokui me abe hakpala ene la wɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔ kafua Yehowae. Ne nɔnɔme si me wole ɖe mɔ na wo la, wosubɔna dzonɔamemetɔe alesi woate ŋui.
4 Mɔnukpɔkpɔ Geɖe Li be Míakafu Yehowa: Mehiã be míalala ne míele dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme hafi míaɖe gbeƒã nyanyui la o. Ehiã be míaƒe dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, ƒometɔwo, kple ame nyanyɛwo katã nase Fiaɖuƒegbedasia. Ne míele mɔ zɔm la, míate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme si ana míate ŋu aɖi ɖase na, mɔzɔhatiwo, amedzrodzeƒe dɔwɔlawo, nuɖuɖudzraƒe dɔwɔlawo, mɔ̃memidzralawo, alo taksikulawo. Ne míele aƒeme la, míate ŋu aɖi ɖase na aƒelikawo alo nudzrala siwo tsana le aƒewo me. Ne woxɔ mí ɖe kɔdzi la, dɔnɔdzikpɔlawo, ɖɔktawo, kple dɔnɔ bubuwo li míate ŋu aɖe gbeƒã na le vome.
5 Vomeɖaseɖiɖi Tsea Ku: Ðasefo eve aɖewo nɔ tsa ɖim le modzakaɖebɔ aɖe me gbeɖeka eye wodze dzeɖoɖo gɔme kple ɖekakpui aɖe si nɔ tsa ɖim kple via. Mlɔeba la, eya kple srɔ̃a va xɔ nyateƒea. Ðekakpuia gblɔ emegbe be ɣeyiɣi kpui aɖe ko do ŋgɔ hafi yeado go Ðasefo eveawo zi gbãtɔ la, yedo gbe ɖa na Mawu bia be, ‘Ne èli la, ke taflatse na madze si wò.’ Ebua woƒe gododo le abɔa me be yeƒe gbedodoɖa ŋue Yehowa ɖo.
6 Amesiwo tsoa luʋɔ blibo me dina be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu le gbɔgbɔ me la kpɔa dzidzɔ geɖe. Wonyae be “dzi blibo” ƒe subɔsubɔ sia dzea Yehowa ŋu.—Kron. I, 28:9.