Misrɔ̃ Woƒe Xɔse
1 Apostolo Paulo gblɔ be xɔse nye “dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be “ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.” (Heb. 11:1, 6) Paulo ƒoe ɖe mía nu be xɔse nanɔ mía si, míagba go le eme, eye míadii vevie.—Kor. II, 4:13; Kol. 2:7; Tim. II, 2:22.
2 Woƒo nu tso xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi geɖe ŋu le Biblia me. Le Hebritɔwo ta 11 me la, Paulo yɔ ɖasefo gbogbo aɖewo siwo ɖe xɔse sesẽ fia ƒe ŋkɔwo. Eyɔ Abel si nye ame gbãtɔ si wowu le eƒe xɔse ta hã ɖe esia me. Eyɔ Noa elabena eto eƒe xɔse me ɖe mawuvɔvɔ̃ si hiã ale be woaxɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe agbe la fia. Wokafu Abraham ɖe eƒe xɔse kple toɖoɖo ta. Wokafu Mose elabena le eƒe xɔse ta eyi dzi nɔ te sesĩe abe ɖe wòle Amesi womekpɔna o la kpɔm ene. Kpɔɖeŋuɖolawo ƒe ŋkɔwo sɔ gbɔ ale gbegbe be Paulo gblɔ be ɣeyiɣi maɖe mɔ yeayɔ wo katã o. Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be míate ŋu adzro woƒe “anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me” atsɔ atu míaƒe xɔse ɖoe!—Pet. II, 3:11.
3 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu bia nya sia be: “Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?” (Luka 18:8) Ekema ɖe amesiwo ɖoa kpɔɖeŋu le xɔse me le mía dome egbea? Ðe míekpɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, siwo ɖea xɔse sesẽ fiana ɖe Yehowa me abe alesi Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me wɔ enea?
4 Xɔse ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Li Egbea: Míate ŋu akpɔ xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi geɖe le mía dome! Edze be míasrɔ̃ dzikpɔla siwo xɔa ŋgɔ le mía dome la ƒe xɔse. (Heb. 13:7) Gake menye amesiawo koe ɖoa kpɔɖeŋu le xɔseɖeɖefia me o. Nuteƒewɔla siwo tsɔ ƒe geɖe subɔ Yehowa le anukwareɖiɖi me, zi geɖe le nɔnɔme sesẽ ŋutɔwo me, la le hame ɖesiaɖe me.
5 Ele be mía nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siwo do dzi ƒe geɖe le wo srɔ̃ siwo tsi tre ɖe wo ŋu ƒe tsitretsiɖeŋu me la ƒe nu nadze mía ŋu. Ele be dzila ɖekɛwo nakpe akɔ kple woawo ɖeɖe ƒe wo viwo nyinyi ƒe kuxi la. Ahosi tsitsiwo le mía dome siwo ŋu hamea me dɔwo metona gbeɖe o togbɔ be ɖewohĩ ƒometɔ aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o hã. (Tsɔe sɔ kple Luka 2:37.) Amesiwo doa dzi le lãmegbegblẽ siwo mevɔna o me ƒe xɔse wɔa nuku na mí. Ame geɖe yi edzi le subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be kuxi siwo xe mɔ na wo be womate ŋu ana subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe wu wo o le wo ŋu hã. Ðasefo sɔhɛwo li siwo ɖea xɔse fiana dzideƒotɔe togbɔ be wotsia tre ɖe wo ŋu le suku hã. Míaƒe mawusosroɖa sẽa ŋu ɖe edzi ne míele mɔɖela nuteƒewɔla siwo kua kutri ƒe sia ƒe le kuxi manyagblɔwo me la kpɔm. Abe Paulo ke ene la, ɣeyiɣi maɖe mɔ ne míete kpɔ be míagblɔ Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔ me nuteƒekpɔkpɔwo kple xɔsedɔ siwo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo wɔ la katã o!
6 Nuteƒewɔla siawo ƒe kpɔɖeŋuwo naa akɔfafa kple dzideƒo mí. (Tes. I, 3:7, 8) Ele be míasrɔ̃ woƒe xɔse elabena “amesiwo wɔa nuteƒe ƒe nu nyoa [Yehowa ŋu].”—Lod. 12:22.