Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi yeye si adze egɔme tso February me ƒe tanyae nye “Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu le Nunana Me.” (Dɔw. 20:35) Woɖe dzidzɔ gɔme be enye “nunyoname kple dziɖeɖi.” Egbea ame akpa gãtɔ dina be yewoase vivi le agbe me alesi yewoate ŋui, eye zi geɖe ne woƒe asi su edzi hã la, menɔa anyi didina o. Esia menye dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ o. Gake Yehowa fia nusi míawɔ wòaɖe vi na mí tegbee la mí. (Yes. 48:17; Yoh. I, 2:17) Nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi yeyea ate gbe ɖe alesi míana nu le gbɔgbɔ me be míakpɔ dzidzɔ geɖe wu la dzi.
2 Míasrɔ̃ mɔ nyui siwo dzi míate ŋu ato atsɔ mía ɖokui ana le subɔsubɔdɔa me. Nuƒo siwo dzikpɔla mɔzɔlawo aƒo la dometɔ aɖewo ƒe tanyae nye: “Kesinɔnu Madzɔmadzɔwo Tsɔtsɔ Dze Xɔlɔ̃woe,” “Mide Bubu Mawu ƒe ‘Nunana si nye Amewo’ la Ŋu,” kple “Kpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ le Go Geɖe Me.” Amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ le takpekpea me nagblɔe na zimenɔla ale be wòate ŋu awɔ ɖoɖo ne hamemegãwo nato nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe nyabiabiawo me kpli wo. Ƒomedodo dzadzɛ me nɔnɔ kple Yehowa le esubɔsubɔ me ana nyɔnyrɔxɔla yeyeawo nakpɔ dzidzɔ geɖe.
3 Bubu si dze dede Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu hã hea dzidzɔ kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ. Ele be amewo katã nanya esia. Eyata dutoƒonuƒo si woaƒo le nutome sue takpekpe sia me ƒe tanyae nye “Wɔ Ðeka Kple Mawu ƒe Ame Kpɔdzidzɔwo.” Dze agbagba nàkpe amesiwo katã tsɔ ɖe le nyateƒea me be woava se nuƒo sia. Womekpɔ dedienɔnɔ vavãtɔ kple dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa le amegbetɔ ƒe dziɖuɖu te le xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te la me o. (Nyagb. 8:9) Gake dzidzɔ ka gbegbe enye si woakpɔ le hadede kple Yehowa ƒe ame kpɔdzidzɔwo me!—Ps. 144:15b.
4 Togbɔ be nuwo le sesẽm ɖe edzi le nuɖoanyi sia me hã la, Mawu dzidzɔtɔ la mado ŋukpe amesiwo kpɔa dzidzɔ geɖe wu le nuwo nana le gbɔgbɔ me la gbeɖe o. (Tim. I, 1:11) Nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi yeyea aɖe esia ƒe nyateƒenyenye afia. Mègana wòato ŋuwò o!