Ƒe 1997 “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe
1 Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na Timoteo be ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’ (Tim. II, 3:16) Esi Mawu ƒe Nya la tso gbɔgbɔ me ta la, esɔ le go sia go me be míaxɔ edzi ase. Ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpea ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse.” Eɖanye ƒe geɖee nye sia si míedze si nyateƒea loo alo nyitsɔ laa koe míeva dze si Yehowa ƒe habɔbɔa o, nuƒoawo ado ŋusẽ míaƒe Biblia dzixɔxɔse. Ele be mí katã míawɔ ɖoɖo anɔ anyi ase nuƒoawo katã. Aleke wòatu ame ɖoe nye si ne ɖetsɔlemetɔ yeyewo, vevietɔ amesiwo míele Biblia srɔ̃m kplii la yi kpli mí!
2 Ŋkeke Etɔ̃ Takpekpe: Wowɔ ŋkeke etɔ̃ nutome gã takpekpe ƒe ɖoɖo le ƒe sia me be wòaɖe vi na mí. Woŋlɔ takpekpe 30 siwo míawɔ le Ghana ɖe June 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Vaseɖe fifia la, miede dzesi takpekpe si woɖo be miaƒe hamea nayi, eye míexɔe se be miewɔ ɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le be miade ase ŋkeke etɔ̃ nuƒoawo katã. Èbia mɔ le wò dɔtɔ gbɔa? Ne ɖeviwo le asiwò siwo le suku dem eye miaƒe takpekpea dze sukudeɣi dzi la, ètsɔ ɖokuibɔbɔ gblɔe na woƒe nufialawo be ye viwo manɔ anyi le Fiɖagbe o bene woakpɔ gome le woƒe mawusubɔsubɔ ƒe hehexɔxɔ ƒe akpa vevi sia mea?—Mose V, 31:12.
3 Woawɔ takpekpeawo le Dangme, Eŋlisi, Eʋe, Fanti, Frafra, Gɛ, Nzema, kple Twi gbewo me.
4 Takpekpea adze egɔme ŋdi ga 9:30 gbesiagbe. Va takpekpea wɔƒe kaba do ŋgɔ gbesiagbe, ale be nàte ŋu anɔ wò nɔƒe hafi kpekpea nadze egɔme. Eye kpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ adze gbesiagbe ƒe kpekpea gɔmee la me.
5 Dze Agbagba Nàɖo To: Apostolo Petro ɖo ŋku edzi na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be woawɔe nyuie ne woɖo to nyagblɔɖinya la abe alesi woakpɔ akaɖi si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ta ene. (Pet. II, 1:19) Nenemae wòle le míawo hã gome. Xexe xoxo sia si le Satana ƒe ŋusẽ te la le ko abe tsyɔtsyɔƒe aɖee míele ene. Míeda akpe be woyɔ mí tso gbɔgbɔmeviviti me. (Kol. 1:13; Pet. I, 2:9; Yoh. I, 5:19) Bene míakpɔtɔ anɔ kekelia me la, ele be míato toɖoɖo Yehowa ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me ana ŋusẽ nanɔ míaƒe xɔse ŋu. Míaƒe ƒe sia me nutome gã takpekpea ade dzi ƒo na mí be míawɔ nu ma tututu.
6 Abia agbagbadzedze hafi míaƒe susu nanɔ nuƒoawo ŋu, gake woayra mí godoo ne míewɔe nenema. Ele be míadze agbagba aɖi ɖe eme nyuie hafi ava takpekpea wɔƒe ale be míanɔ ŋute ne wɔnaawo le edzi yim. Ame tsitsiwo naɖo eƒe kpɔɖeŋu eye dzilawo hã nahe wo viwo.—Ef. 6:4.
7 Ne míeto nuƒo siwo woaƒo ƒe tanyawo me hafi ŋkekea ƒe ɖoɖowo dze egɔme la, míate ŋu adze agbagba akpɔ mɔ na nya vevi siwo woagblɔ le akpa ma me. Nusia awɔe be míatsɔ ɖe le nuƒoa me ne wova le eƒom. Ðewohĩ míaɖo to ase nya vevi siwo akpe ɖe mía ŋu be míagblɔ nusita míexɔ Mawu kple ŋugbe matrɔmatrɔ si wòdo be yeaɖo eteƒe na amesiwo dinɛ vevie dzi se la na ame bubuwo. (Heb. 11:1, 6) Wokafui be míawɔ nuŋlɔɖi kpui siwo akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku ɖoɖowɔɖia ƒe nya veviwo dzi. Ne míele nu gbogbo aɖewo ŋlɔm la, nya vevi aɖewo ate ŋu ato mía ŋu le esi míaƒe ŋku biã ɖe nuŋɔŋlɔ ŋu ta.
8 Wogade dzesii le ƒe si va yi me be ame tsitsi kple sɔhɛ geɖe nɔ tsatsam dzodzro le agbaliwo nu alo toƒewo, woƒoa ƒu ɖe agbadɔawo godo, eye wova nɔ gbe dom na wo nɔewo esime nuƒoawo nɔ edzi yim, le esi teƒe be woaɖo to nusi “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la” tsɔ na mí be wòaɖe vi na mí la boŋ. Yesu do ŋugbe be yeana gbɔgbɔmenuɖuɖu mí ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Mat. 24:45-47) Eyata ele be míanɔ anyi aɖu nuɖuɖu ma eye míagaɖe ŋudzedzemakpɔmakpɔ afia o. (Kor. II, 6:1) Edze hã be ne ɖevi aɖewo dze nugbenugbewɔwɔ gɔme la, zi geɖe wogblɔna be woakplɔ yewo ayi ɖe afɔdzi alo aɖuɖɔɖɔƒe kple susu be woatso aɖi tsa. Zi geɖe ne wohe wo nyuie le aƒeme la, mahiã be woanɔ afɔdzi alo aɖuɖɔɖɔƒe yim kabakaba dzodzro nenema o. Ame menɔa ɖevi aɖewo ŋu o eye zi geɖe wova nɔa fefem le nyɔnyrɔxɔtawo to. Ɣeaɖewoɣi la, ɖevi siwo tsi wu la ɖea wo ɖokui ɖe aga ɖanɔa teƒe ɖeka, wonɔa nu ƒom, nɔa dalĩ dom, eye wonɔa nuŋlɔɖiwo tsɔm na wo nɔewo. Ele be míaƒe sɔhɛ siwo dzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenu geɖe egbea la ƒe susu nanɔ nya siwo gblɔm wole ŋu, menye be woanɔ nu bubuwo wɔm ne nuƒoawo le edzi yim o. Ele be woatsri sɔhɛ me nudzodzro siwo mewɔ ɖeka kple Biblia la o. (Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 2:22.) Amesiame, ame tsitsiwo kple sɔhɛwo siaa, ƒe toɖoɖo nyuie ade bubu Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ nɛ.
9 Ne wòva hiã be anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe naɖo aɖaŋu na ame aɖe le nya siawo ŋu la, ele be woaxɔe be enye amelɔ̃nya si tso Yehowa gbɔ. (Gal. 6:1) Ele be amesiame naɖo ŋku edzi be nusita míedze agbagba va takpekpea enye be ‘míase nya eye míasrɔ̃ nu.’ (Mose V, 31:12) Azɔ hã, ‘nunyala ase nya, eye wòadzi eƒe nunya ɖe edzi.’ (Lod. 1:5) Le ɣeyiɣi si susɔ hafi miayi takpekpea me la, miaƒe ƒomea neƒo ƒu ne miadzro alesi wòhiã be mianɔ anyi ɖekae ɖe nyaselawo dome, anɔ anyinɔƒe le nuƒoawo ƒoɣi, eye be miake to ɖi nyuie, ale be miakpɔ viɖe bliboe tso ɖoɖowɔɖia me la me.
10 Dzadzraɖo si Nyoa Yehowa Ŋu: Yehowa ƒe amewo zu nukpɔkpɔ na xexeame katã. (Kor. I, 4:9) Amewo nya alesi míedoa awu hedzrana ɖo nyuie. Ame geɖe siwo tsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo le Timoteo I, 2:9, 10 kple Petro I, 3:3, 4 wɔ dɔe la ƒe dzedzeme trɔ ne wotsɔ wo sɔ kple alesi wonɔ esime wodze hadede kple Kristo-hamea gɔme. Esia to vovo sasasã na alesi awudodo kple dzadzraɖo ƒe dzidzenuwo le gbegblẽm ɖe edzi ɖaa míekpɔna le xexeamee. Míedi be míanɔ ŋudzɔ be míaƒe dzedzeme magaɖi xexeame tɔ o—ado awu tramaa, awɔ ɖa ɖe xexemetɔwo tɔ dzi, alo ado awu wòatɔ ŋku o. Míaƒe awudodo kple dzadzraɖo si anye kpɔɖeŋu la nakpe ɖe ame yeye siwo ade takpekpea ŋu be woakpɔ alesi wòle be Kristotɔwo nawɔ leke na wo ɖokuii.
11 Togbɔ be kpɔɖeŋu si mía dometɔ akpa gãtɔ míeɖo le ƒe si va yi ƒe takpekpea me nyo ŋutɔ hã la, xexemetɔwo ƒe awudodo kple dzadzraɖo ganye kuxi na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo kokoko, vevietɔ ne míekpã le takpekpea me. Ne míele ɖoɖo wɔm ɖe takpekpea yiyi ŋu la, ele be míalé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu le awudodo kple dzadzraɖo gome. Dzilawo, nunya le eme be mialé ŋku ɖe nusiwo mia vi suewo kple ƒewuiviwo ado la ŋu. Mikpɔ egbɔ be míagana xexemetɔwo ƒe atsyãwo kple nuwɔnawo nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe dzedzeme dzi o.
12 Nɔ Agbe Nyui: Agbenyuinɔnɔ nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi. (Pet. I, 2:12) Afika kee míeɖale o—le takpekpea me, le nuɖuɖudzraƒewo, kple míaƒe dzeƒewo, kpakple ne míele mɔ zɔm—míaƒe nuwɔna ate ŋu aɖi ɖase nyui eye wòakpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ nusi Mawu kple eƒe Nya la dzixɔxɔse ate ŋu awɔ na amewo. Nusia ate ŋu aʋã wo dometɔ aɖewo be woava dze si Yehowa. (Tsɔe sɔ kple Petro I, 3:1, 2.) Mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míatsɔ míaƒe agbenɔnɔ akɔ Mawu ŋui. Amedzrodzeƒe aɖe ƒe dɔwɔlawo gblɔ be míaƒe kpekpevalawoe nye “ƒuƒoƒo nyuitɔ kekeake kple amesiwo léa wo ɖokui nyuie wu siwo va dzea yewo gbɔ.” Wogblɔ kpee be: “Mɔnukpɔkpɔe wòanye be miagava gbeɖeka.” Takpekpewo kple tsaɖilawo ƒe dɔwɔƒe aɖe si le United States ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome ŋlɔ be: “Ƒe sia ƒe la, míaƒe nutometɔwo katã kpɔa mɔ vevie na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe kpekpewo. Miaƒe hametɔwo nya kpɔ vavã; wowɔa nu le amesisiɖa kple bubu blibo me. Míaƒe dɔwɔƒewo kpɔ esia dze sii eye míedea asixɔxɔ woƒe hametɔ siwo va dzea mía gbɔ ƒe sia ƒe la ƒe tɔtrɔgbɔ ŋu.” Nyatakaka siawo xexlẽ dzɔa dzi na ame, alo? Gake ehiã be míanɔ ŋudzɔ bene míakpɔ ŋkɔ nyui si le Yehowa ƒe amewo ŋu la ta.
13 Wogblɔ ŋkuɖodzinya geɖe na mí le beléle na mía viwo, be míagaɖe mɔ na wo woanɔ du ƒum le dzeƒeawo esi ame aɖeke mele wo ŋu eye woanɔ fu ɖem na amedzro bubuwo o la ŋu. Ƒe sia ƒe Habɔbɔa xɔa nyatakakawo be wokpɔa mía vi aɖewo wonɔa du ƒum le xɔ mɔnuwo eye wonɔa ɣli dom bobobo. Togbɔ be takpekpeawo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖi tsa eye míade ha kple mía nɔviwo ƒe habɔbɔa hã la, ele be dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woƒe ŋku nanɔ wo viwo ŋu ɣesiaɣi la nanɔ susu me na wo kokoko. Esia nye agbanɔamedzi si Yehowa da ɖe dzila ɖesiaɖe dzi. (Lod. 1:8; Ef. 6:4) Ðevi siwo ŋu ame aɖeke mele o ƒe nuwɔnawo ate ŋu agblẽ ŋkɔ nyui si Yehowa ƒe Ðasefo bubuwo dze agbagba vevie xɔ la dome.—Lod. 29:15.
14 Togbɔ be nyatakaka siwo míexɔ fia be mí katã míekpɔa egbɔ nyuie be míagagblẽ naneke le míaƒe dzeƒewo o hã la, edze ƒã be ele na ame aɖewo be woagade bubu ame bubuwo ƒe nuwo ŋu vie. Le ƒe si va yi me la, eva hiã be takpekpedzikpɔkɔmiti aɖewo nadzra ʋɔtrudoga siwo gblẽ ɖo elabena takpekpedela aɖewo gbã ʋɔtrudogaawo esi wobu safuiawo. Nusia na suku aɖe ƒe nyɔnu sukuƒedzikpɔlagã gblɔ be esi gbɔgbɔ ha aɖe me tɔwo va dze sukua la, naneke medzɔ o, gake esi míawo ya míeva la ɖeko míegblẽ nuwo fũ. Anye ne vlododo sia madzɔ o ne ɖe nɔvi siwo wɔ nua gblɔe na takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒe bene woakpɔ nya mawo gbɔ alesi dze hafi! Le teƒe aɖe la, womenya afisi nuɖanu aɖe kple sukuviwo ƒe beli aɖe hã to o. Ðewohĩ nusiawo tsaka kple takpekpedela aɖewo ƒe nuwo wotsɔ dzoe. Míedi be míakpɔ nyuie ale be woagabu susu vɔ̃ ɖe mía ŋu o. Ne míekpɔ be mía nɔvi Ðasefo aɖewo mele nu wɔm alesi dze o la, anye dɔmenyonyo be míaɖo ŋku alesi wòle be woawɔ nui dzi na wo. Azɔ hã miɖo ŋku edzi be mele be míaɖa nu le amedzrodzeƒexɔwo alo sukuxɔwo me o negbe ɖe dzodoƒe li na nuɖaɖa. Ne ètsɔ nufafɛgo yi wò xɔ mee la, taflatse kpɔ egbɔ be megaɖuɖu alo atsyɔ tsi ne wòagblẽ anyigbakuntru, xɔmenuwo, alo xɔa ƒe gliwo ŋu o.
15 Nenɔ susu me na wò be nunana ame sɔ ne wowɔ dɔ aɖe na wò, vevietɔ esi wònye nunanawo dzie amesiwo wɔa dɔ na amewo abe kplɔ̃ɖolawo, dɔlanyɔnuwo, kple amedzroxɔlawo ene, nɔa agbe ɖo zi geɖe ta. Mí Yehowa Ðasefowo míedi be míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia le go sia hã me.—Kpɔ June 22, 1986, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 24-7.
16 Le ƒe si va yi me la, woka nya ta be takpekpedela aɖewo ɖe nɔnɔme aɖewo siwo medze Kristotɔwo o fia esime wonɔ agbalẽ yeyewo ƒlem le Agbalẽdzraƒea. Lɔlɔ̃, dzigbɔgbɔ blewu, tufafa, kple ɖokuidziɖuɖu le Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo dome. Eyata mina míatsri xexeame ƒe ɖokuitɔdidi, ameŋumabumabu, kple amemalɔ̃malɔ̃ ƒe gbɔgbɔ le nusianu si míewɔna me, eye míaƒe nuwɔna le Agbalẽdzraƒea hã le eme.—Gal. 5:22, 23; tsɔe sɔ kple Yakobo 3:16, 17.
17 Takpekpe Gazazãwo Gbɔkpɔkpɔ: Mí katã míazã ga le takpekpea yiyi me. Gazazã bubu aɖe gali si ŋu wòle be míade ŋugble le. Teƒe kple nusiwo míezãna na takpekpewo wɔwɔ la xɔ asi. Gazazã bubu aɖewo hã li siwo gbɔ wòle be míakpɔ. Wokpɔ ŋudzedze gã aɖe ɖe míaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo míewɔna le takpekpeawo me la ŋu.—Dɔw. 20:35; Kor. II, 9:7, 11, 13.
18 Anyinɔnɔ: Míagawɔ ɖe mɔfiame siwo wonana ƒe geɖe enye sia dzi, esi nye be, WÒ ƑOMEA ME TƆWO KPLE AMESIWO MIA KPLE WO MIELE ƲU ÐEKA ME KOE NÀTE ŊU ALÉ NƆƑE ÐI NA. Enya kpɔ ŋutɔ be amesiwo le wɔwɔm ɖe mɔfiame siawo dzi la le dzidzim ɖe edzi le ƒe siawo me, eye esia na lɔlɔ̃ si míeɖena fiana le takpekpewo me la de dzi. Zikpui aɖewo gbɔ ɖoɖo nɔa bɔbɔe wu ɖewo le teƒe akpa gãtɔ. Taflatse ɖe ameŋububu fia, eye nàgblẽ zikpui siwo dzi nya nɔna ɖi na amesiwo ƒe nɔnɔme dze na wo.
19 Fotoɖemɔ̃wo, Videoɖemɔ̃wo, Kple Nyalémɔ̃wo: Woate ŋu azã foteɖemɔ̃wo kple nyalémɔ̃wo le takpekpewo me. Gake mele be míatsɔ wo ahe ame bubu siwo va ƒe susu ne míele wo zãm o. Mele be míanɔ tsatsam ne takpekpea le edzi yim anɔ foto ɖem o, elabena aɖe fu na amesiwo di be yewoase nya la. Mele be woatsiã nyalémɔ̃ aɖeke ƒomevi ƒe ka ɖe elɛktrik alo nuƒomɔ̃wo ƒe ka ŋu o, eye mele be mɔ̃ siawo naxe zikpuidomemɔ, afɔtoƒewo, alo axe ŋkume na amewo hã o.
20 Atikewɔwɔ: Dɔdzeamedzi kpatawo koe wowɔna le Atikewɔƒea. Womate ŋu ada dɔ na amesiwo ŋu dɔ tsi ɖo le afisia o. Susu ma tae wòle be nàbu mia kple wò ƒometɔwo ƒe lãmesẽ nuhiahiãwo ŋu do ŋgɔ. Taflatse tsɔ wò ŋutɔ wò aspirin, atike siwo gbãa nuɖuɖu ɖe ame ŋu, abiblavɔwo, nulébuiwo, kple nusiawo tɔgbe ɖe asi, elabena ɖewohĩ nu mawo manɔ takpekpea me o. Amesiwo dzi glãkpedɔ, gbafaƒoame, dzidɔ, kple dɔ bubuwo te ŋu dzena la nabu nusiwo ahiã wo la ŋu nyuie. Atike siwo hiã la nanɔ wo ŋu, eye ƒometɔ alo hamea me tɔ si nya nu tso woƒe nɔnɔmea ŋu la nanɔ wo ŋu ɣesiaɣi ana kpekpeɖeŋu si ahiã la wo. Kuxi aɖewo do mo ɖa le takpekpe aɖewo me esi wogblẽ amesiwo ŋu dɔmavɔleameŋu le la ɖeɖe ɖi ale be woƒe lãme va gblẽ ɖe edzi. Eva hiã be takpekpea dzikpɔlawo nakɔ wo ayi kɔdzii. Ne ƒometɔwo mele amesiwo hiã beléle tɔxɛwo le lãmesẽ gome dometɔ aɖewo si be woakpe ɖe wo ŋu o la, ahiã be woagblɔe na woƒe hamemegãwo bene woawɔ ɖoɖo siwo hiã la akpe ɖe wo ŋu. Míawɔ ɖoɖo ɖe xɔ tɔxɛwo ŋu le takpekpea me be amesiwo nanewo menyo na o la nanɔ wo me o.
21 Takpekpea me Nuɖuɖunyawo: Nuɖuɖudɔwɔƒe si woɖaa nu geɖe le megale takpekpewo me o la wɔe be ame geɖe wu vo le takpekpea wɔɣi katã ale be woƒe susu nɔ gbɔgbɔmenuɖuɖua ŋu. Tso esime míedze ɖoɖo sia gɔme la, míexɔ ŋudzedzekpɔnya geɖe ɖe nuwo wɔwɔ wòanɔ bɔbɔe sia ta. Amesiame nawɔ ɖoɖo atsɔ eƒe nuɖuɖu si me nunyiame le si sɔ vɛ hena ŋdɔnuɖuɣia, abe esiwo ƒe aɖaŋu woɖo ɖe November 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi ƒe memamã 26 me ene. Mele be míatsɔ nugo siwo ate ŋu agbã alo aha sesẽ aɖeke ava takpekpea me o. Nusiwo me míade nuɖuɖui la nanɔ sue ale gbegbe be woate ŋu ayi wò zikpui gɔme. Wokpɔe be ame aɖewo nɔa nu ɖum nɔa nu nom esime nuƒowo le edzi yim. Nusia wɔwɔ mefia bubu o. Le afisiwo nudzralawo le takpekpewɔƒea godo la, wokpɔe be nɔvi aɖewo va ƒlea nusiawo esime nuƒoawo le edzi yim. Nuwɔna ma mesɔ o.
22 Míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoɖoa kple alesi míedea ha kple mía nɔewo le dziɖeɖi kple ŋutifafa me le míaƒe ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi kpuiawo me ŋu vavã. Be míawɔ nu wòasɔ ɖe ɖoɖo sia nu la, taflatse tsɔ wò ŋutɔ wò nuɖuɖu ɖe asi vɛ le esi teƒe be nàdzo le takpekpea wɔƒe le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia ayi dua me be yeava ƒle nuɖuɖu. Ne èwɔe nenema la, ɣeyiɣi geɖe wu anɔ asiwò be nàde ha kple nɔviwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo.
23 Dzi le mía dzɔm ale gbegbe be “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpewo adze egɔme kpuie! Mí katã míedi be míakpɔ egbɔ be míewɔ ɖoɖo be míayi ase nuƒoawo katã, ale be míase vivi bliboe le gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ si Yehowa ɖo na mí to eƒe habɔbɔa dzi me. Ne míewɔe nenema la, míanɔ “dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ” le ŋkeke siwo le ŋgɔ gbɔna me.—Tim. II, 3:17.
[Aɖaka si le axa 6]
Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Nyɔnyrɔxɔxɔ: Ele be amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nanɔ teƒe si woɖo ɖi na wo hafi takpekpea nadze egɔme le Memleɖagbe ŋdi. Ele be amesiame si le ɖoɖo wɔm be yeaxɔ nyɔnyrɔ la natsɔ tsimeyiwu ɖɔʋu kple tsiletse ɖe asi. Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, ame aɖewo do awu siwo mesɔ o eye esia klo bubu le wɔna la ŋu. Hamemegã siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa me dzrom kple amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nakpɔ egbɔ be wo dometɔ ɖesiaɖe se nya vevi siawo gɔme. Le nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa ƒoƒo kple nuƒola la ƒe gbedodoɖa vɔ megbe la, wɔnaawo ƒe zimenɔla ana woadzi ha. Ne wodzi kpukpui mamlɛa vɔ la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo afia mɔ amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ayi ɖe nyɔnyrɔxɔƒea. Nyɔnyrɔxɔxɔ tsɔtsɔ wɔ adzɔgbe si woɖe ƒe dzesii nye ame ŋutɔ kple Yehowa dome nya. Eyata mesɔ be amesiwo axɔ nyɔnyrɔ la nakpla asi kɔ na wo nɔewo alo woalé wo nɔewo ƒe alɔnu esime wole nyɔnyrɔ xɔm o. Hamemegãwo, vevietɔ dzikpɔla zimenɔlawo, nakpɔ egbɔ be yewotsɔ yewoƒe hamea ƒe nyɔnyrɔxɔlawo ŋuti nyatakakawo na Nyɔnyrɔxɔxɔdzikpɔƒea hafi takpekpewɔɣia ƒe Memleɖagbe ŋdi naɖo.
Akɔtagbalẽviwo: Taflatse de ƒe 1997 ƒe akɔtagbalẽvia ɣesiaɣi si nèle takpekpedua me kple ne èyina takpekpea wɔƒe kpakple ne ètrɔ gbɔna aƒeme. Zi geɖe la, esia wɔnɛ be míete ŋu ɖia ɖase nyuie. Ele be nàxɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋe si me wodea woe la to miaƒe hamea dzi elabena womanɔ takpekpea me o. Mègalala ŋkeke ʋee aɖewo nasusɔ na takpekpea yiyi hafi nàbia akɔtagbalẽviwo na mia kple wò ƒomea o. Ðo ŋku edzi nàtsɔ wò “Advance Medical Directive/Release” (Atikewɔgbalẽvi) yeyetɔ ɖe asi. Betel-ƒomea me tɔwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple mɔɖelawo nakpɔ egbɔ be yewotsɔ yewoƒe dzesidegbalẽviwo ɖe asi.
Xɔbiabia: Míele biabiam tso amesiame si Xɔdidɔwɔƒea di xɔ na si be wòawɔ nu aduadu kple mí. Taflatse minɔ afisi wona mi be miadze. Ewɔnɛ be amewo meva tegena eye wòva zua fuɖename le dzeƒe siwo wobu be wosɔe na ame wu o. Midze agbagba miava ɖo kaba ale be woafia miaƒe dzeƒe mi ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Mikpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe xɔtɔ ƒe dɔmenyonyo ŋu eye miɖo ŋku edzi miana miaƒe agbenɔnɔ nanye ɖaseɖiɖi. (Pet. II, 2:12; Kor. I, 4:9b; Kol. 3:15) Mina miaƒe dzeƒe nanɔ dzadzɛ ahanɔ ɖoɖo nu. Abe alesi míegblɔe kpɔ ene la, Habɔbɔa kpɔa ŋudzedze ɖe takpekpedela siwo dzɔa ga na takpekpea ɖe woƒe dzeƒe ta togbɔ be wogblɔ be dzeƒea nye femaxee hã ƒe nuŋububu ŋu. Ne eva hiã be màgadi be yeanɔ xɔ si wona wò to hiahiã tɔxɛ ƒe ɖoɖoa dzi me o la, na wò xɔtɔ kple takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒea nanya enumake bene woatsɔ xɔa ana ame bubu.
Ŋutilãmekpekpeɖeŋu Nana Mɔɖela Siwo Nu Hiã: Míele dzi dem ƒo na ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple hamewo be woana ŋutilãmekpekpeɖeŋu mɔɖela siwo nu hiã la le ʋuɖoɖo kple nuɖunyawo gome. Ðe nàte ŋu ana mɔɖela ɖeka aɖe nanɔ susu me na wò ale be nàtsɔ ŋdɔnuɖuɖu si mekpena o abe atikutsetse aɖewo alo yevubolo si me wode nui akpe wò ŋdɔnuɖuɖua? Ðe nàte ŋu ana mɔɖela aɖe naɖo wò ʋu esi madzi wò gazazãwo ɖe edzi kokoko oa? Ðe nu suesue bubu aɖewo va susu me na wò siwo nàte ŋu awɔ atsɔ ana “tsi fafa kplu” mɔɖela siwo hiã ŋutilãmekpekpeɖeŋu kpakple ame bubuwoa?—Mat. 10:42.
Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Àte ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le takpekpea me atsɔ ana kpekpeɖeŋu le dɔwɔƒeawo dometɔ ɖekaa? Mía nɔviwo subɔsubɔ, ne eganye gaƒoƒo ʋee aɖewo koe hã, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ eye wòanye dzidzeme gã aɖe na mía ŋutɔwo hã. Ne àte ŋu ana kpekpeɖeŋu la, ke taflatse yi ɖe takpekpea ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu nyui aɖe ne wowɔ dɔ le wo dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te.
Nuxlɔ̃amenyawo: Nɔ ŋudzɔ ɖe nusiwo ate ŋu ahe kuxiwo vɛ ŋu ale be nàƒo asa na fuɖename dzodzrowo. Zi geɖe la, amedzrowoe fiafiwo kple ame vlo bubuwo te ŋu fina wu. Kpɔ egbɔ be nèdo wò ʋu ƒe ʋɔ kple safui ɣesiaɣi, eye mègagblẽ naneke ɖe eme wòanɔ dzedzem si ahe ame aɖe ƒe susu be wòadi be yeagbã ʋɔa atsɔe le eme o. Ƒuƒoƒo gãwo mee fiafiwo kple gaɖeleameŋulawo te ŋu fia nu le wu. Nunya manɔ eme be nàgblẽ nu xɔasi aɖeke ɖe wò zikpui dzi o. Màte ŋu anya ne Kristotɔe amesiame si le gbɔwò la nye o. Nukatae nàda nane ɖe anyi si woafi? Woka nya ta na mí be xexemetɔ aɖewo di be yewoable ɖeviwo nu afi wo. NA VIWÒWO NANƆ AFISI NÀTE ŊU ANƆ WO KPƆM LE ƔESIAƔI.
Zi geɖe la, woɖea amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋuwo le television kple video siwo le amedzrodzeƒe geɖe dzi. Minɔ ŋudzɔ ɖe mɔ̃tetre sia ŋu, eye migagblẽ ɖeviwo ɖeɖe ɖi woanɔ television kpɔm le xɔa me o.