Kpekpewo Dea Dzi Ƒo be Míawɔ Dɔ Nyuiwo
1 Míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi evee nye be míade hame ƒe kpekpewo eye míayi gbeadzi. Evea zɔna ɖekae. Ðeka kpɔa ŋusẽ ɖe ɖeka dzi. Kristotɔwo ƒe kpekpewo dea dzi ƒo be míawɔ dɔ nyuiwo, eye wo dometɔ nyuitɔ kekeakee nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. (Heb. 10:24) Ne míedzudzɔ kpekpewo dede la, madidi o míadzudzɔ gbeadzidede elabena naneke maʋã mí be míayi o.
2 Míexɔa gbɔgbɔmenufiame siwo ŋu wotrɔ asi le be woaʋã mí be míaɖe gbeƒã le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpewo me. Woɖoa ŋku alesi nuwɔwɔ hiã kpata le míaƒe ɣeyiɣia me dzi na mí, eye eʋãa mí be míatsɔ Biblia me gbedasi si naa agbe la ayi na amewoe. Wodea dzi ƒo na mí hedoa ŋusẽ mí be míado dzi le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mat. 24:13, 14) Ne míezãa mɔnukpɔkpɔwo be míaɖo nya ŋu le kpekpewo me la, nuƒoƒo tso míaƒe xɔse ŋu le amewo ŋkume mãa mí. (Heb. 10:23) Ne míeŋlɔ ŋkɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, wohea mí be míanye subɔla bibiwo eye be míaƒe nufiafia ŋutetewo nanyo ɖe edzi.—Tim. II, 4:2.
3 Alesi Subɔsubɔ Kpekpewo Dea Dzi Ƒo na Mí be Míaɖe Gbeƒãe: Wodea dzi ƒo na mí katã be míato Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyatiawo me do ŋgɔ. Ne míegayi Subɔsubɔ Kpekpewo eye míekpɔe wowɔ dzeɖonyawo ƒe wɔwɔfia le nuƒolanɔƒea la, nyatiawo tsia susu me na mí. Ne míeɖo gbeadzi la, míabu tame le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyatia ŋu, míaɖo ŋku dzeɖonya siwo wowɔ fia dzi, ale be míate ŋu aɖi ɖase wòanyo wu. Gbeƒãɖela geɖe kpɔe nenema.
4 Nusi ame aɖewo wɔna le Subɔsubɔ Kpekpewo megbee nye be wowɔa ɖoɖo kple ame bubuwo be yewoawɔ dɔ ɖekae le gbeadzi. Nya siwo woazã le gbeadzi ganɔa yeye le gbeƒãɖelaawo ƒe susu me eye eʋãa wo be woate dzeɖonyaawo zazã akpɔ elabena kpekpe siawo de dzi ƒo na wo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa kwasiɖa ɖesiaɖe.
5 Naneke mate ŋu axɔ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo me míeƒoa ƒu kple hati tadeagulawo le eye wodea dzi ƒo na mí hena dɔ nyuiwo wɔwɔ la teƒe o. Hafi míaƒe subɔsubɔdɔa natse ku la, ele be míade hamea ƒe kpekpewo ɣesiaɣi. Mina ‘míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o’ ale be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe mɔnuɖoɖo wɔnuku sia si Yehowa na mí la ŋu.—Heb. 10:25.