“Ðe Amewo Katã Ava Lɔ̃ Wo Nɔewo Gbaɖegbea?”
1 Míaɖe gbeƒã gbedasi vivi ʋãme lédziname aɖe le xexeame katã le gbegbɔgblɔ 169 me. Gbedasi kae? Eye aleke míagblɔe?
2 Gbedasia ku ɖe havilɔlɔ̃ ŋu. Anɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia, si ƒe tanyae nye “Ðe Amewo Katã Ava Lɔ̃ Wo Nɔewo Gbaɖegbea?” me. Fiaɖuƒe Ŋuti Nya sia ƒo nu tso alesi nuwo le edzi yimee fifia le xexeame katã ŋu kpuie, eye wòɖee fia be amewo ƒe wo nɔewo malɔ̃malɔ̃ gbɔ koŋ ye dzigbagbã kple vevesese gbogbo siwo li la tso. Eɖe nusita havilɔlɔ̃ megali o vevietɔ le míaƒe ŋkekea me koŋ kple nusi wòfia le etsɔme ŋu la me.
3 Le ɣeyiɣi ma ke me la, Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia fia be havilɔlɔ̃ vavãtɔ le ame miliɔn geɖe siwo le xexeame egbea la dome. Eyɔ amesiwo le agbe gbɔm blema Kristotɔnyenye—ƒe alafa gbãtɔ me subɔsubɔ, si me tɔwo nɔ agbe ɖe havilɔlɔ̃ si Yesu Kristo fia la nu wòɖe dzesi.—Luka 10:25-37.
4 Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia ɖe alesi eteƒe madidi o ameƒomea ƒe xexeame katã alɔ̃ wo havi le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo si me ƒe dziɖuɖu te la me tsɔ ƒo etae. Wode dzi ƒo na gbedasi sia xlẽlawo be woaxɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ale be woasrɔ̃ alesi woawɔ anɔ lɔlɔ̃ ƒe mɔnuɖoɖo sia si ŋu Mawu ƒe Nya la ƒo nu tsoe tsitotsito la me.
5 Amekawoe Agblɔ Gbedasi Sia? Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã agblɔ havilɔlɔ̃ gbedasi sia na woƒe ame nyanyɛwo, aƒelikawo, kple ƒometɔwo le October kple November ɣletiawo me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã dze be woakpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia sia mamã le dutoƒo me.
6 Dɔ tɔxɛ sia ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be míade dzi ƒo na amewo bene woatsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me loo alo Sidzedze-gbalẽa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa subɔla ɖesiaɖe ƒe agbagbadzedze si tso dzi blibo me anye ɖaseɖiɖi gã aɖe le lɔlɔ̃ Mawu, Yehowa, kple Via, Yesu Kristo, ŋu.