De Kpekpeawo “Geɖe Wu”
1 Ƒuƒoƒo ɖekae nɔ vevie ŋutɔ na Yehowa ƒe amewo tso gbaɖegbe ke. Gbedoxɔ kple ƒuƒoƒe siwo nɔ Israel-viwo si nye tadedeagu vavãtɔ wɔƒe, mawumenusrɔ̃ƒe, kple afisi wodea ha si me dzidzɔ le. Nenema ke Kristotɔ gbãtɔwo hã megbe ƒuƒoƒo ɖekae o. Esi nyaƒoɖeamenuwo kple dodokpɔwo le dzidzim ɖe edzi le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me ta la, míawo hã míehiã gbɔgbɔmeŋusẽdodo si wonana le míaƒe hame ƒe kpekpewo me—eye míehiãe “geɖe wu.” (Heb. 10:25) Kpɔ susu etɔ̃ siwo ta míedea kpekpewo ɖa.
2 Le Hadedea Ta: Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be ‘míafa akɔ na mía nɔewo, eye míado ŋusẽ mía nɔewo.’ (Tes. I, 5:11) Mawumehadede naa susu nyuiwo yɔa míaƒe tame eye woʋãa mí míewɔa dɔ nyuiwo. Gake ne míeɖe mía ɖokui ɖe aga la, anɔ bɔbɔe be míabu bometsinuwo, ɖokuitɔdidinuwo, alo agbegbegblẽnɔnɔ gɔ̃ hã ŋu.—Lod. 18:1.
3 Le Nufiamexɔxɔ Ta: Míexɔa Biblia me nufiame si wonana ɖaa be wòana lɔlɔ̃ na Mawu nakpɔtɔ asẽ ŋu le míaƒe dzime le Kristotɔwo ƒe kpekpeawo me. Wonaa alesi míatsɔ “Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã” awɔ dɔe ŋuti mɔfiame nyuiwo le wo me. (Dɔw. 20:27) Wofiaa gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple efiafia ƒe aɖaŋu mí le kpekpeawo me, esiwo nye aɖaŋu siwo míehiã geɖe wu fifia bene míakpɔ dzidzɔ manyagblɔ si tsoa keke ɖe amesiwo axɔ Biblia ƒe nyateƒea ŋu kple kpekpe ɖe wo ŋu me.
4 Le Ametakpɔkpɔ Ta: Le xexe vɔ̃ɖi sia me la, hamea nye gbɔgbɔmebebeƒe vavã—dedienɔƒe si ŋutifafa kple lɔlɔ̃ le. Ne míeva hamea ƒe kpekpewo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi, eye wòna míetsea ku siwo nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.” (Gal. 5:22, 23) Kpekpewo doa ŋusẽ mí be míanɔ te sesĩe maʋãmaʋãe le xɔse me. Wonaa míenɔa dzadzraɖoɖi na dodokpɔ siwo le ŋgɔ.
5 Ne míedea kpekpewo ɣesiaɣi la, míakpɔ nusi hakpala la gblɔ ƒe nyateƒenyenye, esi woŋlɔ ɖe Psalmo 133:1, 3 be: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!” Afisiafi si Mawu ƒe amewo subɔna le eye wokpea ta le egbea ko la, ‘afimae Yehowa ɖo be yayra kple agbe tegbee nanɔ.’