INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/98 axa 1
  • Ðe Nèxlẽa Magazineawoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèxlẽa Magazineawoa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽ Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzie Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! la Zazã Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 10/98 axa 1

Ðe Nèxlẽa Magazineawoa?

1 Atsu kple asi aɖe siwo nye dutanyanyuigblɔlawo le Afrika gblɔ tso míaƒe magazineawo ŋu be: “Gbetakpɔxɔ kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋudzɔ le gbɔgbɔ me le míaƒe anyigbamamã me. Míexɔa dzideƒo kple ŋusẽdodo tsoa tata ɖesiaɖe me.” Ðe nèkpɔa ŋudzedze deto ma tɔgbe ɖe míaƒe magazineawo ŋua? Eye ɖe nètsia dzi ɖe wo xexlẽ ŋu nenemaa?

2 Ɣeyiɣi gbogbo aɖee wotsɔ trɔa asi le magazine me nyati siwo woate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖe ko axlẽe ŋu. Esi nènyae alea ta la, ɖe nàto nyatiawo me dzradzradzra ko, akpɔ nɔnɔmetataawo, alo ɣeaɖewoɣi koe nàxlẽ nyati aɖe si kli ŋku na wòa? Nunya anɔ eme ne míewɔ nusi yi ŋgɔ wu ema. Ele be míagbɔ dzi ɖi axlẽ magazineawo me nyati ɖesiaɖe adzro wo me tsitotsito. Gbetakpɔxɔ nye míaƒe magazine vevitɔ si naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí ɖe ɣeyiɣi dzi. Nyati dodzidzɔnamewo kple nyatakaka tuameɖo siwo ku ɖe nu vovovowo ŋu ye nɔa Nyɔ! hã me. Menye ɖeko nusiwo míesrɔ̃na to magazine siawo xexlẽ me doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me ko o ke edzraa mí ɖo nyuie be míatse ku le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me hã. Ne mía ŋutɔwo míexlẽa wo godoo la, ade dzo mía me be míatsɔe ana amewo.

3 Alesi Míatu Míaƒe Nuxexlẽ Ðoe: Ðe nàgate ŋu adze agbagba le magazineawo xexlẽ edziedzi mea? Aɖaŋuɖoɖo eve siwo kpe ɖe ame geɖe ŋue nye si. (1) Wɔ ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ na nuxexlẽ edziedzi. Ne èɖo aɖabaƒoƒo 10 alo 15 ɖi gbesiagbe na nuxexlẽ la, nusi gbegbe nàxlẽ le kwasiɖa ɖeka me awɔ nuku na wò ŋutɔ. (2) Di mɔnu aɖe si ana nànya afisi nèxlẽ nua se ɖo. Àte ŋu ate fli kpui aɖe ɖe nyati ɖesiaɖe si nu nèwu ƒe gɔmedzedze. Ne mèwɔe nenema o la, àte ŋu agblẽ nyati aɖewo alo magazine blibo ɖi si màxlẽ o. Ele vevie be nàwɔ nuxexlẽ ɖoɖo si asɔ na wò eye nàdze agbagba azɔ ɖe edzi.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 3:16.

4 “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la trɔna ɖe nusi ɣeyiɣia bia ŋu nunyatɔe hetana nyati siwo sɔ ɖe amewo ƒe nuhiahiãwo nu pɛpɛpɛ. (Mat. 24:45) Nyateƒee, magazineawo kpena ɖe mía ŋu le agbe me. Alesi míele ŋgɔ yim le gbɔgbɔ mee ƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe alesi gbegbe míexlẽa teokrasi gbalẽwoe dzi. Gbɔgbɔmeyayra gbogbowo le amesiwo dia ɣeyiɣi xlẽa magazineawo katã la lalam.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe